A A A A A

Sins: [Divorce]


Mateo 19:9
Ke mele egblɔm na mi bena: Amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubua ɖe la, eyae wɔ ahasi.

Mateo ۵:۳۲
ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eva menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o la, eyae na wòwɔ ahasi; eye amesi ke aɖe nyɔnu, si ŋu wòɖe asi le la, ewɔ ahasi.

Luka 16:18
Amesiame, si aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi; eye amesi aɖe esi ŋu ŋutsua ɖe ɖe asi le la, ewo ahasi.

1 Korintotɔwo 7:10-11
[10] Ke mede se na srɔ̃tɔwo — hafi menye nyee o, ke Aƒetɔ lae boŋ — be, nyɔnu nagagbe srɔ̃a o.[11] Ke ne egbee la, nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee, alo negawo ɖeka kpakple srɔ̃ŋutsu la; eye ŋutsu hã nagagbe srɔ̃a o.

Mateo 5:31-32
[31] Wogblɔ hã bena: Amesi aɖe asi le srɔ̃a ŋu la, nena kaklãgbalẽe;[32] ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si ke aɖe asi le srɔ̃a ŋu, eva menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o la, eyae na wòwɔ ahasi; eye amesi ke aɖe nyɔnu, si ŋu wòɖe asi le la, ewɔ ahasi.

Mateo 19:3-9
[3] Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wotee kpɔ gblɔ bena: Alo woɖe mɔ na ame bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu le nya sia nya ŋuti mahã?[4] Ke eɖo ŋu gblɔ bena: Alo miexlẽe kpɔ bena, amesi wɔ ame le gɔmedzedzea me ke la, atsu kple asi wòwɔ wòe o mahã?[5] Eye wòbe. Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la woanye ŋutilã ɖeka,[6] nenem bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.[7] Wogblɔ ne bena: Azɔ nukaŋuti Mose de se bena, woana gbegbegbalẽe, eye woaɖe asi le eŋuti mahã?[8] Egblɔ na wo bena: Le miaƒe dzimesesẽ ŋutie Mose na mɔ mi bena, miaɖe asi le mia srɔ̃wo ŋuti ɖo; gake tso gɔmedzedzea me ke la mele nenema o.[9] Ke mele egblɔm na mi bena: Amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubua ɖe la, eyae wɔ ahasi.

Marko 10:2-12
[2] Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wobiae hele etem kpɔ bena: Alo woɖe ma na ŋutsu bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu mahã?[3] Eye wòɖo ŋu na wo bena: Aleke Mose de see na mi mahã?[4] Ke wogblɔ bena: Mose ɖe mɔ bena, woaŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ, eye woaɖe asi le eŋu.[5] Eye Yesu gblɔ na wo bena: Le miaƒe dzimesesẽ ŋuti woŋlɔ se sia ɖi na mi ɖo.[6] Tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedzea me ke la atsu kple asi wòwɔ wòe.[7] Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃nyɔnua ŋuti,[8] eye wo kpakple eve woanye ŋutilã ɖeka, ale bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko.[9] Azɔ nusi ke Mawu bla ɖekae la, ame nagamã me o.[10] Eye le aƒea me la nusrɔ̃lawo gabia le nya sia ŋuti.[11] Eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke aɖe asi le srɔ̃a ŋuti, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi ɖe eyama ŋuti;[12] eye ne nyanu agbe srɔ̃a, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi.

1 Korintotɔwo 7:10-16
[10] Ke mede se na srɔ̃tɔwo — hafi menye nyee o, ke Aƒetɔ lae boŋ — be, nyɔnu nagagbe srɔ̃a o.[11] Ke ne egbee la, nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee, alo negawo ɖeka kpakple srɔ̃ŋutsu la; eye ŋutsu hã nagagbe srɔ̃a o.[12] Ke ame mamlewo la, nyee le egblɔm na wo — menye Aƒetɔ lae o — bena, ne nyɔnu, si mexɔ se o la, le nɔvia ɖe si, eye wòdze nyɔnua ŋu bena, yeana egbɔ la, negagbee o.[13] Eye ne ŋutsu, si mexɔ se o la, le nyɔnua ɖe si, eye wòdze ŋutsua ŋu be, yeanɔ egbɔ la, negagbe ŋutsu la o.[14] Elabena ŋutsu, si mexɔ se o la, ŋuti kɔ le srɔ̃a me, eye nyɔnu, si mexɔ se o la, hã ŋuti kɔ le ŋutsua me; ɖe menye nenem o la, ne mia viwo anye ame makɔmakɔwo, ke azɔ la wole kɔkɔe.[15] Ke ne amesi mexɔ se o la, gbe srɔ̃a la, negbee faa! Nɔviŋutsu alo nɔvi nyɔnu la menye kluvi le nya siawo ƒomevi me o. Ke Mawu yɔ mí le ŋutifafa me.[16] Elabena wò nyɔnu, aleke nènyae bena, ale ŋu axɔ srɔ̃wò ɖe agbe mahã? Alo wò ŋutsu, aleke nènyae bena, ate ŋu axɔ srɔ̃wo ɖe agbe mahã?

Mateo 19:3-12
[3] Eye farisitɔwo va egbɔ, eye wotee kpɔ gblɔ bena: Alo woɖe mɔ na ame bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu le nya sia nya ŋuti mahã?[4] Ke eɖo ŋu gblɔ bena: Alo miexlẽe kpɔ bena, amesi wɔ ame le gɔmedzedzea me ke la, atsu kple asi wòwɔ wòe o mahã?[5] Eye wòbe. Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la woanye ŋutilã ɖeka,[6] nenem bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.[7] Wogblɔ ne bena: Azɔ nukaŋuti Mose de se bena, woana gbegbegbalẽe, eye woaɖe asi le eŋuti mahã?[8] Egblɔ na wo bena: Le miaƒe dzimesesẽ ŋutie Mose na mɔ mi bena, miaɖe asi le mia srɔ̃wo ŋuti ɖo; gake tso gɔmedzedzea me ke la mele nenema o.[9] Ke mele egblɔm na mi bena: Amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubua ɖe la, eyae wɔ ahasi.[10] Eye nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Ne ŋutsu kple srɔ̃a dome nya le ale la, ekema menyo bena, woaɖe srɔ̃ o.[11] Eye wògblɔ na wo bena: Menye amewo katãe ase nya sia me o, negbe amesiwo wona la ko.[12] Elabena ame tataa ɖewo li, siwo wodzi wo nenema tso keke wo dada ƒe dɔ me ke; eye ame tataa ɖewo li, siwo amewo la wo; eye ame tataa ɖewo li, siwo ta wo ɖokui le dziƒofiaɖuƒe la ŋuti. Amesi ke ate ŋu ase eme la, nesee.

Marko 10:12
eye ne nyanu agbe srɔ̃a, eye wòaɖe bubu la, ewo ahasi.

5 Mose 24:1-4
[1] Ne amea ɖe ɖe nyɔnu wòzu srɔ̃, emegbe eƒe nu meganyo eŋu o, le esi wòwɔ ŋukpenanu ta, eye woŋlɔ kaklãgbalẽ de esi henyãe tso eƒe me;[2] eye wòʋu le eƒe me ɖade ŋutsu bubu,[3] eye ŋutsu sia hã lé fui, eye woŋlɔ kaklãgbalẽ de esi henyãe tso eƒe me, alo ŋutsu sia, amesi xɔe ɖe, ku la,[4] ekema ŋutsu gbãtɔ, si nyae la, mekpɔ mɔ agaɖee woazu srɔ̃ o, elabena wodo ŋunyɔe. Ŋunyɔnu wònye le Yehowa ŋku me, eyata megahe vɔ̃ va anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu la dzi o.

Maleaxi 2:16
Elabena mele fu srɔ̃gbegbe, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe, kple amesi tsɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ tsyɔ eƒe avɔ dzi la, Yehowa Zebaot ye gblɔe; eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye migawɔ nu tovo o!

1 Korintotɔwo 7:39
Se la bla nyɔnu, ŋkeke alesi srɔ̃a le agbe la, gake nenye be, ŋutsua ku la, ekema evo bena, wòaɖe amesi ke wòlɔ; negbe ɖeko woawɔe le Aƒetɔ la me.

Romatɔwo 7:2-5
[2] Elabena nyɔnu srɔ̃tɔ la, ŋkeke alesi srɔ̃ŋutsua le agbe la, se blae ɖe eŋuti; ke ne srɔ̃ŋutsua ku la, wotui tso se, si biae ɖe srɔ̃ŋutsua ŋuti la me.[3] Eyata azɔ, ne ezu ame bubu srɔ̃, esime srɔ̃ŋutsua gale agbe la, woayɔe be ahasiwɔla; gake ne srɔ̃ŋutsua ku la, evo tso se la me, eye ne ezu ame bubu srɔ̃ la, meganye ahasiwɔla o.[4] Nɔvinyewo, nenema ke miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, bene míazu ame bubu, si wofa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la to, bene míatse ku na Mawu.[5] Elabena esime míele ŋutilã me la, nuvɔ̃wo ƒe nudzodzro wuamenu, siwo dzo tso sea me la, sẽ ŋu ŋutɔ le míaƒe ŋutinuwo me, bene míatse ku na ku;

Hebritɔwo ൧൩:൪
Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo.

5 Mose 24:1
Ne amea ɖe ɖe nyɔnu wòzu srɔ̃, emegbe eƒe nu meganyo eŋu o, le esi wòwɔ ŋukpenanu ta, eye woŋlɔ kaklãgbalẽ de esi henyãe tso eƒe me;

Mateo ൧൯:൪-൬
[൪] Ke eɖo ŋu gblɔ bena: Alo miexlẽe kpɔ bena, amesi wɔ ame le gɔmedzedzea me ke la, atsu kple asi wòwɔ wòe o mahã?[൫] Eye wòbe. Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la woanye ŋutilã ɖeka,[൬] nenem bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.

Mateo 18:15-17
[15] Ke ne nɔviwò wo nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò la, yi ɖaɖee fiae le mia kple eya ɖeka ko dome; ne eɖo to wò la, ekema eɖe nɔviwò.[16] Ke ne meɖo to wò o la, yi ɖatsɔ ame ɖeka alo eve kpe ɖe ɖokuiwò ŋu, bena le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu la woaɖo kpe nya sia nya dzi.[17] Ke ne meɖo to woawo hã o la, yi ɖagblɔe na hame la, eye ne meɖo to hame la hã o la, na ne wòano na wò abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.

Maleaxi 2:14-16
[14] Eye ne miegblɔ be, nuka me hã la, le esi Yehowa nye ɖasefo na mia kple wò ɖekakpuimesrɔ̃, si ŋu nèto vo ɖo la tae, evɔ wònye wò zɔhɛ kple nyɔnu, si nẽhla nu kplii la, wònye hafi.[15] Ɖe menye ame ɖekae wɔ mi, eye wole míaƒe agbe ɖe le oa? Nuka dim ame ɖeka la le? Mawu ƒe ƒome dim wole. Eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye megawɔ nu tovo ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu o.[16] Elabena mele fu srɔ̃gbegbe, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe, kple amesi tsɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ tsyɔ eƒe avɔ dzi la, Yehowa Zebaot ye gblɔe; eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye migawɔ nu tovo o!

Efesotɔwo 5:22-23
[22] Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene;[23] elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã la ƒe xɔla.

1 Timoteo 5:8
Ke ne amea ɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.

1 Korintotɔwo 7:17-24
[17] Negbe alesi Aƒetɔ la ma na amesiame la alesi Mawu yɔ amesiamee la, nenema ke woazɔ, eye nenema ke meɖo le hawo katã me.[18] Ne woyɔ amea ɖe, si nye aʋatsotsotɔ la, negahe aʋayi tsyɔ edzi o, ne woyɔ amea ɖe le aʋamatsomatso me la, nagatso aʋa o.[19] Aʋatsotso la menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o, ke Mawu ƒe sedziwɔwɔ enye nu la.[20] Amesiame nanɔ yɔyɔ, si wotsɔ yɔe la me tututu.[21] Ne enye kluvi woyɔ la, negave wò o; ke ne ate ŋu azu ablɔɖevi la, wɔ eŋuti do boŋ.[22] Elabena amesi woyɔ wònye kluvi le Aƒetɔ la me la, enye Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, nenema ke amesi woyɔ wònye ablɔɖevi la, enye Kristo ƒe kluvi.[23] Asi sesẽe miexɔ, migazu amewo ƒe kluviwo o.[24] Nɔviwo, nusi me woyɔ amesiame le la, nenɔ eya me le Mawu ƒe ŋku me!

Mateo 23:23
Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miena ahame, sikɔni kple tsyo ƒe memamã ewolia, eye miegblẽ nusiwo le kpekpem wu le sedede la me: ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse la ɖi; ke esiawo le bena, miawɔ, eye miagagblẽ ekemeawo ɖi mawɔmawɔ o.

Romatɔwo 7:1-3
[1] Alo nɔviwò, elabena mele nu ƒom na amesiwo nya se la, ɖe mienyae bena, se la ɖua fia ɖe ame dzi le eƒe agbenɔɣi blibo la katã o mahã?[2] Elabena nyɔnu srɔ̃tɔ la, ŋkeke alesi srɔ̃ŋutsua le agbe la, se blae ɖe eŋuti; ke ne srɔ̃ŋutsua ku la, wotui tso se, si biae ɖe srɔ̃ŋutsua ŋuti la me.[3] Eyata azɔ, ne ezu ame bubu srɔ̃, esime srɔ̃ŋutsua gale agbe la, woayɔe be ahasiwɔla; gake ne srɔ̃ŋutsua ku la, evo tso se la me, eye ne ezu ame bubu srɔ̃ la, meganye ahasiwɔla o.

Luka 6:30
Na nu amesiame, si le biawòm, eye amesi tso wò nu la, megabia ta se o.

Mateo 19:6-12
[6] nenem bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko. Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.[7] Wogblɔ ne bena: Azɔ nukaŋuti Mose de se bena, woana gbegbegbalẽe, eye woaɖe asi le eŋuti mahã?[8] Egblɔ na wo bena: Le miaƒe dzimesesẽ ŋutie Mose na mɔ mi bena, miaɖe asi le mia srɔ̃wo ŋuti ɖo; gake tso gɔmedzedzea me ke la mele nenema o.[9] Ke mele egblɔm na mi bena: Amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubua ɖe la, eyae wɔ ahasi.[10] Eye nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena: Ne ŋutsu kple srɔ̃a dome nya le ale la, ekema menyo bena, woaɖe srɔ̃ o.[11] Eye wògblɔ na wo bena: Menye amewo katãe ase nya sia me o, negbe amesiwo wona la ko.[12] Elabena ame tataa ɖewo li, siwo wodzi wo nenema tso keke wo dada ƒe dɔ me ke; eye ame tataa ɖewo li, siwo amewo la wo; eye ame tataa ɖewo li, siwo ta wo ɖokui le dziƒofiaɖuƒe la ŋuti. Amesi ke ate ŋu ase eme la, nesee.

Efesotɔwo 5:31
„Eyata ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la katã woanye ŋutilã ɖeka.

Yeremia 3:8
Eye esi wòkpɔ be, megbe Israel dzeaglã la le eƒe ahasiwɔwɔ ta, eye mena srɔgbegbalẽe hã la, nɔvianyɔnu Yuda dzego la mevɔ̃ o, ke boŋ eya hã yi ɖawɔ ahasi.

Dɔwɔwɔwo 2:38
Eye Petro gblɔ na wo bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame nana woade mawutsi ta nɛ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke, eye miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe wòanye nunana.

Romatɔwo 4:15
Elabena se la hea dziku vɛ; gake afisi se mele o la, dzidada hã meli o.

1 Korintotɔwo 7:14-15
[14] Elabena ŋutsu, si mexɔ se o la, ŋuti kɔ le srɔ̃a me, eye nyɔnu, si mexɔ se o la, hã ŋuti kɔ le ŋutsua me; ɖe menye nenem o la, ne mia viwo anye ame makɔmakɔwo, ke azɔ la wole kɔkɔe.[15] Ke ne amesi mexɔ se o la, gbe srɔ̃a la, negbee faa! Nɔviŋutsu alo nɔvi nyɔnu la menye kluvi le nya siawo ƒomevi me o. Ke Mawu yɔ mí le ŋutifafa me.

Mateo 19:1
Eye wòva me, esime Yesu wu nenem nya siawo nu la, edzo le Galilea, eye wòva Yudea-nutowo me le Yordan godo.

1 Korintotɔwo ൭:൮-൯
[൮] Ke megblɔ na trewo kple ahosiwo bena, ne woano abe alesi nye hã mele ene la, ekema anyo na wo.[൯] Ke ne womate ŋu aɖu wo ɖokui dzi o la, woaɖe srɔ̃, elabena srɔ̃ɖeɖe nyo wu fieŋufieŋu.

Maleaxi 2:13-16
[13] Eye nusi miagawɔ evevea la, enye si: Miatsɔ aɖatsi, avifafa kple hũɖeɖe anyẽ atsyɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la, elabena megatrɔna ɖe mia ŋu o, eye mexɔa nusi dzea eŋu la, tso mia si me o.[14] Eye ne miegblɔ be, nuka me hã la, le esi Yehowa nye ɖasefo na mia kple wò ɖekakpuimesrɔ̃, si ŋu nèto vo ɖo la tae, evɔ wònye wò zɔhɛ kple nyɔnu, si nẽhla nu kplii la, wònye hafi.[15] Ɖe menye ame ɖekae wɔ mi, eye wole míaƒe agbe ɖe le oa? Nuka dim ame ɖeka la le? Mawu ƒe ƒome dim wole. Eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye megawɔ nu tovo ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu o.[16] Elabena mele fu srɔ̃gbegbe, Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe, kple amesi tsɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ tsyɔ eƒe avɔ dzi la, Yehowa Zebaot ye gblɔe; eyata mikpɔ miaƒe gbɔgbɔ dzi, eye migawɔ nu tovo o!

Romatɔwo ൭:൨
Elabena nyɔnu srɔ̃tɔ la, ŋkeke alesi srɔ̃ŋutsua le agbe la, se blae ɖe eŋuti; ke ne srɔ̃ŋutsua ku la, wotui tso se, si biae ɖe srɔ̃ŋutsua ŋuti la me.

Mateo 9:13
Ke miyi ɖasrɔ̃ nusia gɔme. „Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye numeme o.“ Elabena nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko.

Romatɔwo 7:3
Eyata azɔ, ne ezu ame bubu srɔ̃, esime srɔ̃ŋutsua gale agbe la, woayɔe be ahasiwɔla; gake ne srɔ̃ŋutsua ku la, evo tso se la me, eye ne ezu ame bubu srɔ̃ la, meganye ahasiwɔla o.

1 Korintotɔwo 7:27-28
[27] Nenye ɖe wòbia wò ɖe nyɔnu ŋuti la, megadi etutu o; ke ne wotu wò le nyɔnu ŋuti la, megadi srɔ̃ o.[28] Ke ne eɖe srɔ̃ hã la, mèwɔ nuvɔ̃ o; eye ne ɖetugbi ɖe srɔ̃ la, mewɔ nuvɔ̃ o; ke nenem me siawo akpɔ xaxa le ŋutilã me. Ke nye la ɖe mekpɔ mia nublanui.

1 Mose 2:18-24
[18] Eye Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.[19] Tete Yehowa Mawu tsɔ anyi mè gbemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã, eye wòkplɔ wo va amea gbɔe, be yeakpɔ alesi wòayɔ woe; eye alesi ame la yɔ nu gbagbeawoe la, nenema anye woƒe ŋkɔ.[20] Eye ame la tsɔ ŋkɔ na aƒemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo kpakple gbemelãwo katã; ke amea ya mekpɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ nɛ o.[21] Eye Yehowa Mawu na ame dɔ alɔ̃ yi me ʋĩ, eye wòɖe eƒe agbaƒutiwo dometɔ ɖeka, eye wotsɔ lã ɖo eteƒe.[22] Tete Yehowa Mawu tsɔ agbaƒuti, si wòɖe le amea me la, wɔ nyɔnui, eye wòkplɔe va ame la gbɔe.[23] Eye ame la gblɔ be: Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me; woayɔ ame sia bena nyɔnu, elabena ŋutsu mee woɖee tsoe.[24] Eya ŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.

Ewe Bible 1913
Public Domain