1 Yohanes 1:6 |
Ne míegblɔ bena, míedo ƒome kpakplim eye gake miegale viviti me zɔm la, ekema aʋatso kam míele, eye menye nyateƒe dzi wɔm míele o; |
|
1 Yohanes 2:9-17 |
[9] Amesi ke gblɔ bena, yele kekelia me, eye wòléa fu nɔvia la, egale viviti me kpakple egbe.[10] Amesi ke lɔ̃a nɔvia la, eya naa kekeli la me, eye nuɖianua ɖeke mele eme o.[11] Ke amesi ke léa fu nɔvia la, eya le viviti me, eye wòzɔa viviti me, eye menya afisi yim wòle o; elabena viviti la gbã eƒe ŋkuwo.[12] Viwo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi; elabena wotsɔ nuvɔ̃wo ke mi le eƒe ŋkɔ ta.[13] Fofowo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi; elabena mienya amesi li tso gɔmedzedzea me. Ɖeka kpuiwo, mele eŋlɔm ɖo ɖe mi elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi. Ɖeviwo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena mienya Fofo la.[14] Fofowo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena mienya amesi li tso gɔmedzedzea me, Ɖekakpuiwo, meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena míesesẽ, eye Mawu ƒe nya la naa mia me, eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.[15] Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne amea ɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o.[16] Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.[17] Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, noa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me. |
|
Efesotɔwo 4:31 |
Mina woaɖe veve helĩhelĩ kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome. |
|
Lododowo 8:13-25 |
[13] Yehowa-yɔvɔ̃ enye fuléle vɔ̃; melé tu dada, ɖokuidodoɖedzi, mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanu.[14] Tɔnyee nye aɖaŋudede kple edzisusu; nyee nye gɔmesese, eye tɔnyee nye ŋusẽ.[15] Dzinyee fiawo tonu ɖua fia eye amegãwo ɖea se dzɔdzɔe.[16] Dzinyee tatɔwo tona ɖua amegã, eye anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo katã nyea ame ŋkutawo.[17] Melɔ̃a amesiwo lɔ̃m, eye amesiwo diam la, kpɔam.[18] Kesinɔnu kple bubu, nu xoxowo kple dzɔdzɔenyenye le asinye.[19] Nye kutsetse xɔ asi wu sika kple sika nyuitɔ, eye nye nukpɔkpɔ nyo wu klosalo nyuitɔ.[20] Dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi zɔm mele kple nu dzɔdzɔe ƒe toƒe,[21] ne mana kesinɔnu amesiwo lɔ̃am, eye made nu nudzraɖoƒe na wo fũ.[22] Yehowa wɔm menye eƒe mɔ ƒe gɔmetoto, eƒe nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ tso blema ke.[23] Tso tititi woɖom, tso gɔmedzedzea me ke, esime anyigba dzo kelekele.[24] Wodzim, hafi to goglowo navaɖo anyi, hafi ne tsidzɔƒe, siwo me tsi le taŋtaŋ la, neva do anyi.[25] Wodzim, hafi ne woava ɖi towo ɖe agu me; meɖo ŋgɔ na togbɛwo, |
|
Lododowo 10:12-18 |
[12] Fuléle dea dzre aƒe, ke lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi.[13] Nugɔmeselawo ƒe nuyiwo dzi wokpɔa nunya lena, ke ame manyanuwo ƒe mẽdome tɔ enye ali.[14] Nunyalawo dzraa sidzedze ɖo; ke bometsila ƒe nu te ɖe gbegblẽ ŋu.[15] Hotɔ ƒe kesinɔnuwo nye du sesẽ nɛ, ke hiãtɔ ƒe gbegblẽ enye eƒe ahedada.[16] Ame dzɔdzɔe wɔa eƒe dɔwɔfetu ŋu dɔ hena agbenɔnɔ, tame vɔ̃ɖi la wɔa eƒe viɖe ŋu dɔ hena nuvɔ̃wɔwɔ.[17] Amesi dzraa amehehe ɖo le ele agbemɔ dzi; ke amesi mebua mokaname o la, etra mɔ.[18] Amesi léa fu ame le adzame la, alakpanue; eye amesi ha ame gɔme la, bometsilae. |
|
Psalmowo 5:5 |
Elabena Mawu, si nu tovo wɔwɔ medzea eŋu o la, nènye, nu vɔ̃ɖi wɔla menɔa gbɔwò o. |
|
Psalmowo 31:6 |
Metsɔ nye gbɔgbɔ le asiwò me dem; Yehowa, eɖem, wò Mawu nuteƒetɔ. |
|
Psalmowo 36:2 |
Ame vɔ̃ɖi ƒe dzidada ƒe gbe le nye dzi me be: Mawu ƒe vɔ vɔ̃a ɖeke metso ga ɖe ŋku me na o. |
|
Psalmowo 45:7 |
Mawu, wò fiazikpui li ɖaa tegbee; wò fiaɖuƒe ƒe fiatikplɔ enye fiatikplɔ dzɔdzɔe. |
|
Psalmowo 97:10 |
Mi amesiwo lɔ̃a Yehowa la, milè fu vɔ̃! Ekpɔa eƒe mawumemewo ƒe luʋɔ ta, eye wòɖea wo tsoa ame vɔ̃ɖiwo si me. |
|
Psalmowo 119:163 |
Mekafua wò zi adre le ŋkeke me, le wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo ta. |
|
Romatɔwo 12:9 |
Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! Mitsri nuvɔ̃, milé ɖe nu nyui la ŋuti! |
|
3 Mose 19:17-18 |
[17] Megalé nɔviwò ɖe do me o, ke boŋ gbe nya nɛ, ne magana nahe nuvɔ̃ ava ɖokuiwò dzi o.[18] Megawɔ wɔɖenui o, eye megalé dɔmedzoe, si wò dukɔ me viwo do na wò la, ɖi o; ke boŋ nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Nyee nye Yehowa! |
|
Luka 6:27-28 |
[27] Ke mi, amesiwo le to ɖom la, mele egblɔm na mi bena; Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, miwo nyuie na amesiwo lé fu mi;[28] miyra amesiwo ƒo fi ɖe mi, miɖo gbe ɖa ɖe amesiwo ƒo ɖi mi la ta. |
|
Mateo 5:23-24 |
[23] Eyaŋuti ne etsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nyaa ɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la,[24] gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome do gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae. |
|
1 Yohanes 3:14-15 |
[14] Míawo la míenyae be, mieto ku me heyi ɖe agbe lãme; elabena míelɔ̃a nɔviwo. Amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, etsia ku me.[15] Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye, eye mienya bena, amewula sia amewula mekpɔa agbe mavɔ wònɔa eme o. |
|
1 Yohanes 4:19-20 |
[19] Minɛ míalɔ̃e, elabena etre mí lɔlɔ̃![20] Ne amea ɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye; elabena amesi melɔ̃ nɔvia, si kpɔm wòle o la, aleke wòate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o mahã? |
|
Nyagblɔla Salomo 3:1-8 |
[1] Ɣeyiɣi li na nusianu, eye azã li na lameɖoɖowo katã le dzi ƒoa te.[2] Amedziɣi li, eye kuɣi li; nuɖoɣi li, eye nu dodoawo hoɣi li;[3] amewuɣi li, eye gbeɖaɣi li; xɔgbãɣi li, eye etuɣi li;[4] avifaɣi li, eye nukoɣi li; konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li;[5] kpekakaɣi li, eyekpeƒoƒoƒuɣi li; asikplakɔɣi li, eye adzɔgenɔnɔ na asikplakɔɣi li;[6] nuɖiɣi li, eye nubuɣi li; nudzraɖoɣi li, eye nuƒugbeɣi li;[7] nuvuvuɣi li, nye nutɔɣi li; ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li;[8] lɔlɔ̃ɣi li, eye fuléɣi li; aʋawɔɣi li, eye ŋutifafaɣi li. |
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |