Lododowo 7:6-21 |
[6] Mele nye xa ƒe fesre nu kpa nu to adzrala nu.[7] Tete meɖe ŋku ɖe ame bebewuwo dome, eye mekpɔ ɖekakpuivi bometsilaa ɖe le ŋutsuviwo dome.[8] Eya le tsatsam le kpɔdomee le eƒe dzogoe kasa, eye wòle zɔzɔm ɖo ta eƒe aƒe gbɔ[9] le fiẽ, esime anyigba le tsyɔtsyɔm, le zã kple blukɔ me.[10] Eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe le gbolovɔ me va do goe, eye ayedzedze le tame nɛ.[11] Eƒe mo nyrã, eye wòɖe ku eɖokui, eye eƒe afɔwo gbe be, yewomatɔ ɖe eƒe me o.[12] Eyae le kpɔdomee fifi, kasiaa eye nye ekem nyo ɖe ablɔ me, eye wòde xa ɖe dzogoe ɖesiaɖe dzi.[13] Elée hegbugbɔ nu nɛ, eye wòɖo ŋku me kplalaa gblɔ nɛ be:[14] Egbea metso akpedavɔsa xe nye adzɔgbedete ɖe ɖokuinye nu.[15] Eyata medo be, mado go wò, eye madi wò, eye azɔ la mekpɔ wò.[16] Meɖo kuntruwo ɖe nye aba dzi, avɔ ŋɔŋɔe, siwo wotsɔ Egipte-ka lɔ̃e.[17] Mewu sikɔni, anowɔtre kple adrike ɖe nye aba dzi.[18] Eyata na mieno lɔlɔ̃ amu vaseɖe ŋɖi, eye míaƒe dzeme nakɔ ɖe dzidzɔkpɔkpɔ me.[19] Elabena srɔ̃nye mele aƒe o, eyi nugbe didia ɖe;[20] etsɔ gakotoku la ɖo asi yii, gbesigbe dzinu sɔ tegblẽ la ko wòagbɔ va aƒe.[21] Etsɔ eƒe nuƒoƒo geɖegeɖeawo blee, eye wòtsɔ eƒe nuyi zɔzrɔ̃e la lẽe. |
|
Amos 3:3 |
Ne ame eve be, yewoazɔ ma la, ɖe womeɖoa gbe ɖi hafi oa? |
|
2 Korintotɔwo 6:14-18 |
[14] Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome?[15] Alo aleke Kristo kple Belial asɔa? Alo gome kae li na xɔsetɔ kple dzimaxɔsetɔa?[16] Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.[17] Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi,[18] eye manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo, Aƒetɔ, ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.“ |
|
Efesotɔwo 5:19 |
eye mitso Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo ƒo nu kple mia nɔewo: Midzi ha, eye miƒo ha na Aƒetɔ la le miaƒe dzi me, |
|
Filipitɔwo 4:13 |
Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me. |
|
Yakobo 4:4 |
Mi ahasiwɔlawo, mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etso eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ. |
|
2 Samuel 12:1 |
Tete Yehowa dɔ Natan ɖo ɖe Dawid, eye wòva egbɔ gblɔ nɛ bena: Ŋutsu eve wole du ɖeka me, ɖeka kpɔ ho, ke ɖeka ɖo ko. |
|
1 Fiawo 9:1 |
Eye wòva me, esime Salomo wui Yehowa ƒe xa kple fia ƒe xɔ tutu kpakple nusiwo katã Salomo ɖo ɖe ta me, be yeawo nu la, |
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |