Hebritɔwo 13:4 |
Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo. |
|
Lododowo 18:22 |
Amesi si nyɔnu su la, eƒe asi tu nu nyui, eye eƒe nu anyo Yehowa ŋu. |
|
1 Mose 2:24 |
Eya ŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka. |
|
1 Korintotɔwo 13:4-7 |
[4] Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona; lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o, lolo fa meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o,[5] mewɔa nusi medze o, media ye ŋuta tɔ o, mebia dzi o, mebua naneke vɔ̃ o;[6] medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke eya kple nyateƒee dzɔa dzi.[7] Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me. |
|
Yohanes 14:27 |
Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o! |
|
Lododowo 21:9 |
Enyo, ne woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu nyɔnu nyawɔla nana aƒe me kple ame. |
|
Lododowo 19:14 |
Aƒe kple kesinɔnuwo nye ɖomenyinu tso eme fofowo gbɔ; ke nyɔnu nyanu la, Yehowa gbɔ wòtsona. |
|
1 Petro 3:7 |
Nenema ke, mi ŋutsuwo la, minɔ anyi kple nyɔnuwo le nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, eye mitsɔ bubu na wo; elabena woawo hã wonye agbe ƒe amenuveve hadomenyilawo, bene míagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o. |
|
2 Korintotɔwo 6:14 |
Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome? |
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |