1 Samuel 1:27 |
Ɖevi sia tae medo gbe ɖa le, eye Yehowa na nusi mebiae la, va me nam. |
|
2 Korintotɔwo ๖:๑๘ |
eye manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo, Aƒetɔ, ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.“ |
|
5 Mose 10:18 |
amesi tsoa afia na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, eye wolɔa amedzro hena abolo kple avɔtatae. |
|
Hosea ๑๔:๓ |
Mihe nya ɖe asi, eye mitrɔ ɖe Yehowa ŋu! Migblɔ nɛ he; „Tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo ŋugbe míedo, kple míaƒe nuyiwo la! |
|
Yesaya 40:31 |
ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖoa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua ɖu metia wo o, wòzɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o. |
|
Yakobo ๑:๒๗ |
Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒoa ɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame. |
|
Yeremia 29:11 |
Yehowa be: Elabena menya tame, si meɖo ɖe mia ŋu la, ŋutifafa ƒe tamee, eye menye dzɔgbevɔ̃e ƒe tame o, ne mana nuwuwu, si miele mo kpɔm na la mi. |
|
Mateo ๒๕:๔๐ |
Eye fia la aɖo eŋu agblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nusianu, si miewɔ na nenem nɔvinye sue siawo dometɔ ɖeka la, nyee miewɔe na. |
|
Lododowo 13:12 |
Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi; ke didi, si va me la, agbeti wonye. |
|
Psalmowo ๘๒:๓ |
Midrɔ̃ ʋɔnu ame tsɛwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe eteƒe, eye mitso na hiãtɔwo kple ame dahewo! |
|
Psalmowo 146:9 |
Yehowa kpɔa amedzrowo ta, eléa tsyɔeviwo kple ahosiwo ɖe asi, eya wòglɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ. |
|
Psalmowo 68:5-6 |
[5] Midzi ha na Mawu, midzi kafukafuha na eƒe ŋkɔ! Mita mɔ na amesi tso gbedzi gbɔna; Yehowae nye eŋkɔ, eye mitso aseye le eŋku me![6] Tsyuẽviwo fofo kple ʋɔnudrɔ̃la na ahosiwo nye Mawu le eƒe nɔƒe kɔkɔe la. |
|
Lododowo 31:8-9 |
[8] Ke wò nu de aɖetututɔwo nu kple ɖe dzɔgbevɔ̃etɔwo katã ƒe nye nu![9] Ke wò nu natso efia ɖe eteƒe, eye nadrɔ̃ ʋɔnu na hiãtɔwo kple ame dahewo! |
|
Yohanes ๑:๑๒-๑๓ |
[๑๒] Ke ame geɖe alesinu xɔe la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena,[๑๓] amesiwo womedzi tso ʋu alo tso ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo tso ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o ke boŋ Mawu me wodzi wo tso. |
|
Galatiatɔwo ๔:๔-๕ |
[๔] Ke esi azãgbe la ɖo vo la, Mawu dɔ ye ŋuta Via ɖo ɖa, eye nyɔnua ɖe dzii, eye wodzii ɖe se la te,[๕] bene wòaxe fe ɖe amesiwo le sea te la ta, bene vinyenye la nasu mía si. |
|
Romatɔwo 8:14-17 |
[14] Elabena ame alesi nu Mawu ƒe Gbɔgbɔ kplɔna la, woawo la mawuviwo wonye.[15] Elabena miexa kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenyegbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me miedo ɣli le be: Aba, Fofo![16] Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu bena, mawuviwo míenye.[17] Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, miekpe fu kplii, bene mia ŋuti naka hã kplii. |
|
Psalmowo ๑๐:๑๔-๑๘ |
[๑๔] Ekpɔe, elabena wò ŋku le hiã kple nuxaxa ŋu, esiwò me wole; hiãtɔwo tsɔe de esi na wò; xɔnametɔ nènye ne tsyɔ̃eviwo.[๑๕] Ŋe abɔ na eme vɔ̃ɖi kple nuvɔ̃wɔla; ɖe àdi eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, eye mãkpɔe oa?[๑๖] Yehowa enye fia tegbetegbe, dukɔwo tsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi.[๑๗] Wò Yehowa, èɖo to hiãtɔwo ƒe didi, èli ke woƒe dzi, eye nèƒu wò to anyi,[๑๘] ne natso afia na tsyɔ̃eviwo kple hiãtɔwo, be amegbetɔ magaɖa ɖadzra le anyigba dzi azɔ o. |
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |