Mateo 21:22 |
Eye nusianu, si ke míabia le gbedodoɖa me kple xɔse la, miaxɔe. |
|
Romatɔwo 10:17 |
Ekema xɔse la tso nyagbɔgblɔ me, hafi nyagbɔgblɔ la tsoa Mawu ƒe nya me vana. |
|
Hebritɔwo 11:1-6 |
[1] Ke xɔse enye dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.[2] Elabena eya me blematɔwo kpɔ ɖaseɖiɖi nyui le.[3] Le xɔse me míedze sii be, wotsɔ Mawu ƒe nya dzra xexeame ɖo, bena nusiwo wokpɔna la, metso nusiwo dzena le ŋku me la me o.[4] Le xɔse me Abel tsɔ numeme, si nyo wu Kain tɔ la, na Mawu, nusi me woto ɖi ɖase nɛ be, ame dzɔdzɔe wònye; elabena Mawu ɖi ɖase le eƒe nunanawo ŋuti, eye le eya me, esi wòku hã la, egale nu ƒom.[5] Le xɔse me wotsɔ Henox yii, bene magakpɔ ku o, eye womegakpɔe o; elabena Mawu tsɔe yii, elabena hafi woatsɔe ayii la, wodi ɖase nɛ bena, edze Mawu ŋu nyuie.[6] Ke ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke fena va Mawu gbɔ ta, naxɔ ase be, Mawu li, eye wonye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie. |
|
Marko 11:22-24 |
[22] Eye Yesu xa dzi gblɔ na wo bena: Mawu dzi xɔse nenɔ mia si![23] Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke lagblɔ na to sia bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me, eye mekea ɖi le eƒe dzi me o, hafi boŋ wòxɔnɛ sena bena, nusi gblɔm yele, le eme va ge la, ava ve me ne.[24] Eyaŋuti mele egblɔm na mí bena: Nusianu, si ke ta míado gbe ɖa le, eye míabia la, mixɔe se bena, asu mia si, eye ava ve me na mi. |
|
Yakobo 2:19 |
Wò la èxɔnɛ sena bena, Mawu ɖekae li; èwɔe nyuie; gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔnɛ sena, eye wodzona nyanyanya. |
|
Efesotɔwo 2:8-9 |
[8] (Elabena amenuveve wotsɔ ɖe mi to xɔse me, eye esia la metso mia ŋutɔwo mia me o, Mawu ƒe nunanae;[9] menye dɔwɔwɔ me wòtso o, bene amea ɖeke nagaƒo adegbe o.) |
|
Luka 1:37 |
Elabena naneke mese na Mawu o. |
|
Lododowo 3:5-6 |
[5] Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.[6] Le ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò. |
|
2 Korintotɔwo 5:7 |
Elabena miezɔna le xɔse me, eye menye le nukpɔkpɔ me o. — |
|
Efesotɔwo 2:8 |
(Elabena amenuveve wotsɔ ɖe mi to xɔse me, eye esia la metso mia ŋutɔwo mia me o, Mawu ƒe nunanae; |
|
1 Korintotɔwo 2:5 |
bene miaƒe xɔse la naganɔ amewo ƒe nunya me o, hafi nenɔ Mawu ƒe ŋusẽ me boŋ. |
|
Yakobo 1:5-8 |
[5] Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.[6] Ke meɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖia ɖeke o; elabena amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la.[7] Elabena ame kema nagasusu be, yeakpɔ nane atso Aƒetɔ la gbɔ o;[8] ŋutsu dzimevesusula melina sesĩe le eƒe mɔwo katã dzi o. |
|
Filipitɔwo 4:13 |
Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me. |
|
Yakobo 1:5-8 |
[5] Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.[6] Ke meɖe kuku le xɔse me, eye megake ɖia ɖeke o; elabena amesi le ɖi kem la, eɖi ƒutsotsoe, si ya ƒona yina gbɔna la.[7] Elabena ame kema nagasusu be, yeakpɔ nane atso Aƒetɔ la gbɔ o;[8] ŋutsu dzimevesusula melina sesĩe le eƒe mɔwo katã dzi o. |
|
Filipitɔwo 4:13 |
Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me. |
|
Yakobo 2:24 |
Miekpɔ bena, wotsɔ dɔwɔwɔwo tso afia na ame, eye menye xɔse ɖeɖekoe o. |
|
Luka 17:5 |
Eye apostoloawo gblɔ na Aƒetɔ la bena: Na miaƒe xɔse nadzi ɖe edzi na mí. |
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |