Yeremia 29:11 |
Yehowa be: Elabena menya tame, si meɖo ɖe mia ŋu la, ŋutifafa ƒe tamee, eye menye dzɔgbevɔ̃e ƒe tame o, ne mana nuwuwu, si miele mo kpɔm na la mi. |
|
1 Timoteo 2:3-4 |
[3] Elabena esia nyo, eye wòdze Mawu, mía xɔla ŋu,[4] amesi le didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me. |
|
1 Tesalonikatɔwo 5:18 |
Mida akpe le nusianu ŋuti; elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le Kristo Yesu me hena mi. |
|
1 Tesalonikatɔwo 4:3 |
Elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, be miawo mia ɖokui kɔkɔe, eye miade mia ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me, |
|
Hebritɔwo 13:20-21 |
[20] Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la,[21] nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen. |
|
Luka 9:23 |
Eye wògblɔ na wo katã bena: Ne amea ɖe le didim be, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ gbɔ, eye wòatsɔ eƒe atitsoga gbawotsyogbe, eye wòadze yonyeme. |
|
Psalmowo 119:105 |
Meka atam, eye nyemagbe edziwɔwɔ o be: Malé ŋku de wò ɖoɖo dzɔdzɔeawo ŋu. |
|
Yakobo 1:5 |
Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ. |
|
Lododowo 3:5-6 |
[5] Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.[6] Le ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò. |
|
1 Petro 2:15 |
Elabena nenemae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, bena miatsɔ nu nyui wɔwɔ atsi abunetɔwo ƒe numanyamanya la nu, |
|
Mateo 6:10 |
Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene! |
|
Efesotɔwo 5:15-20 |
[15] Eyaŋuti la mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene,[16] amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti da blibo, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.[17] Eyaŋuti la migazu bometsilawo o, ke boŋ midze si nusi nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.[18] Eye migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o; ke boŋ Gbɔgbɔ la nayɔ mi fũ,[19] eye mitso Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo ƒo nu kple mia nɔewo: Midzi ha, eye miƒo ha na Aƒetɔ la le miaƒe dzi me,[20] eye mida akpe na Mawu, Fofo la, ɖaahe le nuwo katã ŋuti le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me, |
|
2 Petro 3:9 |
Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi amea ɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egba dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, amea ɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti. |
|
1 Yohanes 1:9 |
Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti. |
|
1 Timoteo 2:4 |
amesi le didim be, woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me. |
|
Mixa 6:8 |
Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye uabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me. |
|
Lododowo 16:4 |
Nusianu, si Yehowa wɔ la, kple etɔe li, eya ame vɔɖiwo hã hena dzɔgbevɔ̃egbe. |
|
Hebritɔwo 10:36 |
Elabena dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ ŋugbedodo la. |
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |