Hebritɔwo 13:15 |
Eyata mina miato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse. |
|
Daniel 2:20 |
Eye Daniel xɔ edzi gblɔ bena; Woakafu Mawu ƒe ŋkɔ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, elabena etɔe nye nunya kple ŋusẽ. |
|
Psalmowo 22:3 |
Nye Mawu, meyɔ wò le ŋkeke me, ke mètɔ nam o, eye le zã me, ke nyemekpɔ gbɔdzɔe o. |
|
Psalmowo 34:1 |
Dawid tɔ, esime wòdo aɖaoatɔ eɖokui le Abimelex ŋku me, eye wònyãe wòdzo. |
|
2 Samuel 22:50 |
Eyata mele kafuwòm, Yehowa, le dukɔwo dome, eye mele kafukafuha dzim na wò ŋkɔ. |
|
Psalmowo 100:4 |
Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me kple kafukafuha ge ɖe eƒe xɔxɔnuwo, mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe ŋkɔ! |
|
Efesotɔwo 1:6 |
bene woakafu eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe, esi wotsɔ ve mia nu le lɔlɔ̃vi la me, |
|
Efesotɔwo 5:19 |
eye mitso Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo ƒo nu kple mia nɔewo: Midzi ha, eye miƒo ha na Aƒetɔ la le miaƒe dzi me, |
|
Psalmowo 150:6 |
Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa! Mikafu Yehowa! |
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |