A A A A A

Church: [Parables From Jesus]


Mateo 5:14-16
[14] Miawoe nye xexeame ƒe kekeli Du, si le to dzi la, womate ŋu aɣlae o.[15] Eye womesia akaɖi hã dana ɖe afianu te o, ke ɖe akaɖiti dzi boŋ, eye wòaklẽ na amesiwo katã le aƒea me.[16] Nenema ke mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.

Mateo 7:1-5
[1] Migadrɔ̃ ʋɔnu, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.[2] Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatso adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.[3] Ke nuka wo nèkpɔa ati fefee, si ɖo nɔviwò ƒe ŋku me la, eye atikpo, si le wò ŋuta wò ŋku dzi la, medzea si eya o mahã?[4] Alo aleke lawɔ nagblɔ na nɔviwò bena: Na mɔm, ne maɖe ali fefee la le wò ŋku me, eye kpɔ ɖa, atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi mahã?[5] Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, hafi nakpɔ nyuie, alesi nawɔ aɖe ati fefee la le nɔviwò ƒe ŋku me.

Mateo 9:16-17
[16] Eye amea ɖeke metsɔa avɔ matakpɔ ƒe nuɖeɖi hekaa avɔ xoxo o, elabena nuɖeɖi, si wotso kae la, aho avɔ la ɖe eɖokui ŋu, eye eƒe vuvu la awu tsãtɔ.[17] Wometsɔa aha yeye hã dea lãgbalẽgolo xoxowo me o; ke ne menye nenem o la, lãgbalẽgolowo awo, eye aha la aƒu gbe, eye lãgbalẽgolowo agblẽ; ke wotsɔa aha yeye ɖea lãgbalẽgolo yeyewo me, eye wo kpakple eve la siaa wonɔna dedie.

Mateo 12:24-30
[24] Ke esi farisitɔwo see la, wogblɔ bena: Nenem me sia manyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, ne menye to Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi o.[25] Ke esi Yesu nya woƒe tamebubuwo la, egblɔ na wo bena: Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezua aƒedo, eye du sia ɖu alo aƒe sia aƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, mele anyi nɔ ge o;[26] eye ne Satana nyã Satana ɖo go la, emã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti; azɔ aleke lawɔ, eye eƒe fiaduƒe la anɔ anyi mahã?[27] Ne nye la menya gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Beelzebul dzi la, ekema miaƒe ŋutsuviwo la, ameka dzi woto nyã wo do goe mahã? Eyakeŋuti la woawo azu miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.[28] Ke ne nye la menyãa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa go to Mawu ƒe Gbɔgbɔ la dzi la, ekema Mawu ƒe fiaɖuƒe la do ɖe mia dzi.[29] Alo aleke ame lawɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi, ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi oa? Ekema ko hafi wòaha eƒe aƒemenuwo.[30] Amesi ke mele kplim o la, eya to vo ɖe ŋutinye; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, eya kana hlẽna.

Mateo 13:1-23
[1] Gbemagbe ke Yesu do go tso aƒe la me yi ɖabɔbɔ nɔ anyi ɖe ƒua nu.[2] Eye ameha geɖewo ƒo ƒu ɖe eŋu ale bena, wòyi ɖe ʋu me ɖabɔbɔ nɔ anyi, eye ameha blibo la katã le tsitre ɖe ƒua nu.[3] Eye wògblɔ nya geɖewo na wo le lododowo me bena: Kpɔ ɖa, nukuwula do go yi nuku wu ge;[4] eye esi wòle ewum la, ɖewo ge ɖe mɔ to, eye dziƒoxeviwo va mii;[5] ke bubuwo ge ɖe kpenyigba dzi, afisi womekpɔ anyi geɖe le o; eye wodo nu ɖa enumake, elabena womekpɔ anyi sɔ gbɔ o;[6] ke esi ɣe dze la, ŋdɔkutsu ɖu wo, eye esi ke meli na wo o ŋuti la, woyrɔ.[7] Bubuwo ge ɖe ŋuwo me, eye ŋuawo mie vu tsyɔ wo dzi.[8] Ke bubuwo ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye wotse, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃.[9] Amesi to senu li nɛ la, nesee.[10] Tete nusrɔlawo va egbɔ gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti nèle nu ƒom na wo le lododowo me?[11] Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Elabena miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womèna wo o.[12] Elabena amesi ke nu le esi la, eya woana nui, eye woagbã go ne: ke amesi ke nu mele esi o la, nusi ke le esi la, woaxɔ eya hã le esi.[13] Eyata mele nu ƒom na wo le lododowo me ɖo, elabena wole nu kpɔm, eye womekpɔa nu o; wole nu sem, eye womesea nu ahayi egɔme se ge o.[14] Eye woawu Yesaya ƒe nyagblɔɖi, si wògblɔ le wo ŋuti la nu bena: „Miase nu kple to, eye miele egɔme se ge gbeɖe o; míakpɔ nu kple ŋku, eye miele si dze gee gbeɖe o;[15] elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“[16] Ke Woayra miaƒe ŋkuwo, elabena wokpɔa nu, kple miaƒe towo hã, elabena wosea nu.[17] Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyagblɔɖilawo kple ame dzɔdzɔe geɖewo di be, yewoakpɔ nusiwo kpɔm miele, eye womekpɔe o; eye be, yewoase nusiwo sem miele la, eye womesee o.[18] Miawo la, azɔ miɖo to lododo la le nukuwula ŋuti.[19] Amesiame, si le fiaɖuƒe la ŋutinya sem, eye mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la lava aha nusi wowu ɖe eƒe dzi me. Esia enye amesi gbɔ wowui ɖe mɔto le la.[20] Ke nusi wowu ɖe kpenyigba dzi la, eya nye amesi, ne ese nyaa la, exɔne enumake kple dzidzɔ;[21] ke esi ke meli nɛ o ŋuti la, enɔa anyi ʋee ko, eye ne fukpekpe kple yometiti le nya la ŋuti va la, enumake woɖia enu.[22] Ke nusi wowu ɖe ŋuwo me la, eya nye amesi le nya la sem, eye tete xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble vu tsyo nya la dzi, eye wòtsi matsematse la.[23] Ke nusi wowu ɖe anyigba nyui la dzi la, eya nye amesi le nya la sem, eye wòsea egɔme, amesi tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃ la.

Mateo 13:24-30
[24] Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amesi le nuku nyui wum ɖe eƒe abɔ me;[25] eye esi amewo dɔ alɔ la, eƒe futɔ la va wu gbe wuwlui ɖe lua domee, eye wòdzo.[26] Ke esi lu la tsi, eye wòtse ku la, gbe wuwluiawo hã do.[27] Eye aƒeatɔ ƒe dɔlawo va egbɔ gblɔna bena: Aƒetɔ, alo ɖe menye nuku nyui nèwu ɖe wò abɔ me oa? Afika gbe wuwlui la tso?[28] Eya gblɔ na wo bena: Futɔ lae wo esia. Dɔlawo gblɔ ne bena: Ekema elɔ̃? be, míayi aɖagae mahã?[29] Ke eya gblɔ bena: O, ne miele gbe wuwluiawo gam la, míava àho luawo hã akpe ɖe wo ŋuti mahĩ![30] Mina wo kpakple eve la katã natsi vaseɖe nuŋeɣi, eye ne nuŋeɣia ɖo la, magblɔ na nuŋelawo bena: Miƒo gbe wuwluiawo nu ƒu gbã, eye mibla wo tatata, bena woatɔ dzo wo; ke lu la, miƒo eya nu ƒu ɖe nye ava la me.

Mateo १३:३१-३२
[३१] Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi logoku, si amea ɖe tsɔ ƒã ɖe eƒe abɔ me;[३२] evɔ wònye eyae nye suetɔ le atikuwo katã dome hafi; gake ne etsi ko la, ezua ati, eye wòƒoa abɔmetiwo katã ta; ale bena dziƒoxeviwo va wɔa atɔ ɖe eme.

Mateo 13:33-34
[33] Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amɔwɔ ʋaʋã, si nyɔnua ɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu etɔ̃ me, halase esime wòʋã keŋkeŋ.[34] Nenem nusiawo katã Yesu gblɔ na amehawo le lododowo me, eye ne menye to lododowo me o la, megblɔa nyaa ɖeke na wo o;

Mateo 13:44
Dziƒofiaɖuƒe la ɖi kesinɔnu, si woɣla ɖe abɔ me, esi amea ɖe kpɔ, eye wòtsɔe ɣla; eye le dzidzɔ, si wòkpɔ le eŋuti ta la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒle nenem abɔ ma.

Mateo 13:45-46
[45] Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi asitsala, si le dzonu nyuiwo dim;[46] eye esi wòkpɔ dzonu ɖeka, si ƒe asi sẽ ŋutɔ la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye woƒlee.

Mateo 13:47-50
[47] Dziƒofiaɖuƒe la gaɖi ɖɔ, si woɖi ɖe ƒu me, eye wòɖe lã ƒomevi geɖewo;[48] eye esi wòyɔ fũ la, woɖee va gota, eye wobɔbɔ nɔ anyi ƒo nyuiawo nu ƒu ɖe nuwo me, ke wotsɔ vloawo ƒu gbe.[49] Nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu; mawudɔlawo lado go, eye woamã ame vɔ̃ɖiwo tso ame dzɔdzɔewo gbɔ;[50] eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.

Mateo 15:10-20
[10] Eye wòyɔ ameha la va egbɔ gblɔ na wo bena: Miɖo to, eye miase nu gɔme.[11] Menye nusi ke yia nu me la, gblẽa kɔ ɖo na ame o; ke nusi ke doa go tsoa nu me la, eya koe gblẽa ko ɖo na ame.[12] Tete nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ nɛ bena: Enyae bena, esi farisitɔwo se nyaa la, eɖia wo nu mahã?[13] Eye wòxɔ edzi gblɔ bena: Ati sia ati, si Fofonye, si le dziƒo la, medo o la, woahoe.[14] Miɖe asi le wo ŋu! Mɔfiala ŋkuagbãtɔwo wonye na ŋkuagbãtɔwo. Ke ne ŋkuagbãtɔ le mo fiam ŋkuagbãtɔ la, wo kpakple eve la katã woayi aɖadze do me.[15] Eye Petro xɔ edzi gblɔ ne bena: Ɖe lo sia gome na mi.[16] Eye wògblɔ bena: Alo miawo hã ame masenugɔmewo mieganye mahã?[17] Alo miedze sii kpɔ bena, nusianu, si yia nu me la, eyina ɖe do me, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe kpɔxa o mahã?[18] Ke nusiwo doa go tsoa nu me la, woawo doa go tso dzi me, eye nenem nu mawo ƒoa ɖi ame.[19] Elabena dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwowowo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona.[20] Woawoe nye nusiwo ƒoa ɖi ame; ke ne woɖu nu asi maklɔmaklɔe la, eya meƒoa ɖi ame o.

Mateo 18:10-14
[10] Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.[11] Elabena Amegbetɔvi la va be, wòaɖe nusiwo bu la.[12] Nuka miesusuna? Ne amea ɖe kpɔ alẽ alafa, eye wo dometɔ ɖeka bu la, ɖe magblẽ blasieke vɔ asieke la ɖe toawo dzi, eye wòayi aɖadi esi bu la o mahã?[13] Eye ne eva me bena, eyi ɖakpɔe la, vavã mele egblɔm na mí bena, akpa dzidzɔ le eya ŋuti awu le blasieke vɔ asieke, siwo metra mɔ o la ŋu.[14] Nenema ke menye mia Fofo, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu bena, nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu o.

Mateo 18:23-35
[23] Eyaŋuti wotso dziƒofiaɖuƒe la ɖo fiãa ɖe, si le didim be, yeabu akɔnta kple eƒe dɔlawo la ŋu.[24] Ke esi wòde asi ebubu me la, wokplɔ fenyila ɖeka, si talento akpe ewo le eŋu la, va egbɔ.[25] Eye esi naneke mele esi wòatsɔ axee o la, eƒe aƒetɔ la de se bena, woatsɔ eya kple srɔ̃a kple viawo kple nusiwo katã le esi la aƒle, ne woatsɔ aɖo eteƒe.[26] Tete dɔla ma dze klo ƒo koko nɛ gblɔ bena: Gbɔ dzi blewu, eye maɖo wo katã teƒe na wò.[27] Eye aƒetɔ la kpɔ dɔla ma ƒe nublanui, eye wòɖe asi le eŋu hetsɔ fe la kee.[28] Ke esi nenem dɔla ma do go la, ekpɔ eƒe hadɔtsɔlawo dometɔ ɖeka, si nyi denario alafa le esi, eye wòlée, lé ve nɛ gblɔ bena: Ɖo nusi nènyi la teƒe![29] Tete eƒe hadɔtsɔla la dze klo ɖe kuku nɛ gblɔ bena:[30] Fa tu blewu, eye maɖo eteƒe na wò. Gake melɔ̃ o; ke boŋ eyi ɖatsɔe de gaxɔ me, vaseɖe esime wòaɖo nusi wònyi la teƒe.[31] Ke esi wo tɔwo kpɔ nusi va yi la, eve wo ŋutɔ, eye woyi ɖagblɔ nusiwo katã va ve me la, fia woƒe aƒetɔ eteƒeteƒe.[32] Tete eƒe aƒetɔ la yɔe va egbɔ, gblɔ nɛ bena: Dɔla vɔ̃ɖi! Esi nèɖe kuku nam, metsɔ nenem fe ma katã ke wò la;[33] alo mele na wò bena, wò hã nakpɔ wò hadɔtsɔla ƒe nublanui, abe alesi nye hã mekpɔ wò nublanui ene o mahã?[34] Eye eƒe aƒetɔ la do dɔmedzoe, ɖee asi na ŋutasẽlawo, halase esime wòaxe fe, siwo katã wònyi la.[35] Nenema ke Fofonye, si le dziƒo la, hã lawɔ mi, ne mia dome amesiame metsɔ ke nɔvia tso eƒe dzi me o.

Mateo 20:1-16
[1] Elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖi aƒetɔa ɖe, si do go ŋdikanya, be yeadɔ dɔwɔlawo de yeƒe weinbɔ me.[2] Ke esi eya kple dɔwɔlawo nyi denario ɖeka ƒe asi ɖe ŋkeke ɖeka dzi la, edo wo de eƒe weinbɔ la me.[3] Eye esi wòdo go le gaƒoƒo etɔ̃lia me la, ekpa ame bubuwo le tsitre le asi me le kuvia me;[4] eye wògblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me, eye nusi ke anyo la, mana mi. Eye woyi.[5] Ke egado go le gaƒoƒo adelia kple asiekelia me, eye wògawɔ nenema ke.[6] Ke esi wòdo go le gaƒoƒo wuiɖekelia me la, ekpɔ ame bubuwo le tsitre, eye wògblɔ na wo bena: Nukaŋuti míetsi tre le kuvia me ɖe afisia ŋkeke blibo la katã mahã?[7] Wogblɔ nɛ bena: Elabena amea ɖeke medɔ mi o. Egblɔ na wo bena: Miawo hã miheyi ɖe weinbɔ la me.[8] Ke esi fiẽsi ɖo la, weinbɔtɔ la gblɔ na eƒe xɔnuvi bena: Yɔ dɔwɔlawo vɛ, eye nana fetu wo, eye nadze egɔme atso mlɔetɔwo dzi vaseɖe gbãtɔwo dzi.[9] Eye esi gaƒoƒo wuiɖekelia me tɔwo va la, wo katã woxɔ denario ɖekaɖeka.[10] Ke esi gbãtɔwo va la, wobu xa bena, yewoaxɔ ɖewo ɖe dzi, eye woawo hã woxɔ denario ɖekaɖeka.[11] Eye esi woxɔe la, woli liʋiliʋi le aƒetɔ la ŋuti[12] gblɔ bena: Ame mlɔetɔ siawo wo do gaƒoƒo ɖeka ko, eye nèwɔ wo wosɔ kpli mi, amesiwo kpe hiã ŋkeke blibo la katã, eye ŋɖɔkutsu ɖu mi la.[13] Eye wòɖo eŋu gblɔ na wo dometɔ ɖeka bena: Xɔ̃nye, nyemewɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò o, alo mia kpli wò la menye denario dzi mienyi asi ɖo o mahã?[14] Tsɔ tawò nayi; gake melɔ̃ bena, mana mlɔetɔ sia, abe alesi mena wò ene.[15] Alo ɖe ma mele asinye bena, mawɔ nusi nye tɔnye la ŋuti do, alesi melɔ̃ o mahã? Alo nye ɖɔmenyonyo ŋutie nèle ŋku biam ɖe ŋutinye ɖo mahã?[16] Nenem eye mlɔetɔwo lazu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo lazu mlɔetɔwo; elabena ame geɖewo nye amesiwo woyɔ, eye ame ʋeewo nye amesiwo wotia.

Mateo 21:28-32
[28] Ke nuka miesusuna? Vi eve le amea ɖe si, eye wòva gbãtɔ gbɔ gblɔ bena: Vinye, heyi nawɔ da le weinbɔ la me egbe.[29] Ke eɖo eŋu gblɔ bena: Megbe! Ke emegbe la evee, eye wòyi.[30] Eye esi wòva evelia gbɔ la, egagblɔe nɛ nenema ke. Eya ɖo eŋu gblɔ bena: Aƒetɔ, mayi! Ke meyi o.[31] Ame eve siawo dometɔ kae wo fofoa ƒe lɔlɔ̃nu mahã? Wogblɔ bena: Gbãtɔ lae. Yesu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo tre mawufiaɖuƒe la me yiyi na mi.[32] Elabena Yohanes va mia gbɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi, eye miexɔ eyama dzi se o; ke nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo xɔ edzi se; gake miawo la, esi miekpɔe la, mietrɔ miaƒe tame emegbe bena, miaxɔ edzi ase o.

Mateo 21:33-45
[33] Mise lo bubu: Aƒetɔa ɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe ɖe asi na weingbledelawo, eye wòyi nugbe.[34] Eye esi kutseɣi ɖo la, edo eƒe dɔlawo ɖo ɖe agbledelawo gbã, bena woaxɔ eƒe kutsetsewo vɛ.[35] Ke agbledelawo lé eƒe dolawo, woƒo ame ɖeka, wowu ame ɖeka, eye woƒu kpe ame ɖeka.[36] Egadɔ dɔla bubu geɖewo sɔ gbɔ wu gbãtɔwo, eye wowɔ woawo hã nenema ke.[37] Ke emegbe la edɔ via ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ bena: Woasi vinye ƒe ŋku me mahi.[38] Ke esi agbledelawo kpɔ via la, wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Domenyila enye esi; miva, ne miawui, ne míaxɔ eƒe domenyinyi.[39] Tete wòlée hetu asi ʋume nɛ do go tso weingble la me, eye wowui.[40] Azɔ ne weingbleatɔ ava la, nuka wòawɔ agbledela mawo mahã?[41] Wogblɔ ne bena: Atsrɔ̃ ame vlo siawo ŋɔdzitɔe, eye wòatsɔ weingble la ade asi na agbledela bubu, siwo atsɔ kutsetsewo nɛ ɖe woƒe ɣeyiɣi nyuiwo dzi.[42] Yesu gblɔ na wo bena: Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe; Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me“ o mahã?[43] Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.[44] Eye amesi ke ladze kpe sia dzi la, aŋe gudugudu; eye amesi ke dzi wòadze la, atui memie.[45] Ke esi nunɔlagãwo kple farisitɔwo se eƒe lododoawo la, wodze sii bena, yewo ŋuti wòdo wo ɖo.

Mateo 22:1-14
[1] Eye Yesu ɖo ŋu, eye wògaƒo nu na wo lelododowo me gblɔ bena:[2] Dziƒofiaɖuƒe la ɖi fiãa ɖe, si wɔ srɔ̃ɖeŋkekenyuie na via,[3] eye wòdɔ eƒe dɔlawo, bena wòayi aɖayɔ amesiwo wokpe la, ava srɔɖeŋkekenyuieɖuƒee; ke womelɔ̃ bena, yewoava o.[4] Egadɔ dɔla bubuwo gblɔ bena: Migblɔ na amesiwo wokpe la bena: Kpɔ ɖa, medzra nye nuɖuɖu ɖo; wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nuwo katã sɔ gbe; miva srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒe.[5] Ke womebui nɛ o, eye wodzo heyi, ame ɖeka yi eƒe abɔ me, eye ame bubu yi eƒe adzɔ do ge.[6] Eye mamleawo lé eƒe dɔlawo, wodo vlo wo, eye wowu wo.[7] Ke fia la do dɔmedzoe, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo, eye woyi ɖagblẽ nenem hlɔ̃dola mawo, eye wòtɔ dzo woƒe du.[8] Tete wògblɔ na eƒe dɔlawo bena: Srɔ̃ɖenuawo sɔ gbe; gake amesiwo wokpe lã, womedze o.[9] Eyaŋuti miyi mɔ dzeveewo dzi, eye amesiame, si ke míakpɔ la, miyɔe va srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒe.[10] Eye nenem dɔla mawo do go yi mɔwo dzi, eye woƒo amesiame, si wokpɔ la, nu ƒu, ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa, eye srɔ̃ɖeƒe la yɔ fũ kple kplɔ̃ŋutinɔlawo.[11] Ke esi fia la va kplɔ̃ŋutinɔlawo kpɔ ge ɖa la, ekpɔ amea ɖe le afima, si medo srɔɖewu o;[12] eye wògblɔ nɛ bena: Xɔ̃nye, aleke wɔ nèva afisia, eye medo srɔ̃ɖewu o mahã? Eye eƒe nu tsi te.[13] Tete fia la gblɔ na kplɔ̃ŋutisubɔlawo bena: Mibla afɔwo kple asiwo nɛ, eye mitsɔe ƒu gbe de viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.[14] Elabena ame geɖewo nye amesiwo woyɔ; ke ame ʋeewo nye amesiwo wotia.

Mateo 24:32-35
[32] Ke misrɔ̃ lododo le gboti ŋuti! Ne tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye wòto aŋgbawo la, ekema midze sii bena, dzomeŋɔli le ɖoɖo ge;[33] nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nusiawo katã la, midze sii bena, egogo agbo la nu.[34] Vavã mele egblɔm na mi bena: Dzidzime sia nu mele yiyi ge, vaseɖe esime nusiawo katã nava ve me o.[35] Dzi kple anyigba nu lava yi, ke nye nyawo nu mele yiyi ge akpɔ o.

Mateo 24:45-51
[45] Azɔ amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã?[46] Woayra dɔla ma, si, ne eƒe aƒetɔ ava la, akpɔe be, ewo nenema.[47] Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi.[48] Ke ne dɔla vɔ̃ɖi la agblɔ le eƒe dzi me bena: Nye aƒetɔ la tsi anyi,[49] eye woade asi eƒe hadɔtsɔlawo ƒoƒo me, eye wòaɖu nu, ano nu kple ahamulawo,[50] dɔla ma ƒe aƒetɔ ava te ŋkeke, si dzi mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo, si menya o la dzi,[51] eye wòafe eyama ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe alakpatɔwo ŋu: afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.

Mateo 25:1-13
[1] Ekema dziƒofiaɖuƒe la aɖi ɖetugbi ewo, siwo do go kple woƒe akaɖiwo, bena yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃.[2] Eye wo dome ame atɔ̃ nye abunetɔwo, eye ame atɔ̃ hã nye aɖaŋudzelawo.[3] Elabena abunetɔwo la wotsɔ woƒe akaɖiwo, ke wometsɔ ami kpe ɖe wo ŋuti o;[4] ke aɖaŋudzelawo ya tsɔ ami de woƒe guiwo me kpe ɖe woƒe akaɖiawo ŋuti.[5] Eye esi ŋugbetɔsrɔ̃ la tsi anyi la, wo katã wodɔ akɔlɔ̃e, eye wodɔ alɔ.[6] Ke le zãtitina lã ɣli ɖi bena: Kpɔ ɖa, ŋugbetɔsrɔ̃ la gbɔna! Miɖo go yi ɖakpee![7] Tete ɖetugbi kemawo katã fɔ, eye wodzra woƒe akaɖiwo ɖo.[8] Eye abunetɔwo gblɔ na aɖaŋudzelawo bena: Mina miaƒe ami la ɖe mí, elabena miaƒe akaɖiwo le tsitsim.[9] Ke aɖaŋudzelawo xɔ edzi gblɔ bena: O, ɖewohĩ made mía kpli miawo nu o, miyi amesiwo le edzram la gbɔ boŋ, ne miadzee na mia ɖokui.[10] Ke esi woyi edze ge la, ŋugbetɔsrɔ̃ la va; eye amesiwo dzra wo ɖokui ɖo la, wokpe ɖe eŋuti yi srɔ̃ɖeƒe la, eye wotu ʋɔtru la.[11] Emegbe la ɖetugbi mamleawo hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, ʋui na mí![12] Ke exɔ edzi gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyemenya mí o.[13] Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienyã ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.

Mateo 25:14-30
[14] Elabena ele abe amea ɖe, si yi nugbe la ene, amesi yɔ eƒe dɔlawo, eye wotsɔ eƒe nuwo de asi na wo la.[15] Eye wòna talento atɔ̃ ame ɖeka, eye eve ame ɖeka, ke ɖeka ame ɖeka, wo dome amesiame le eƒe ŋutete nu, eye wòyi nugbe.[16] Enumake amesi xɔ talento atɔ̃ la, yi ɖatrɔ le wo dzi, eye wòɖe vi talento atɔ̃ ɖe wo dzi.[17] Nenema ke amesi xɔ eve la, ɖe vi eve ɖe wo dzi.[18] Ke amesi xɔ ɖeka la, dzo vi ɖaɖe do, eye wóɣla eƒe aƒetɔ ƒe klosalo la ɖe eme.[19] Ke le ŋkeke geɖe megbe la dɔla mawo ƒe aƒetɔ la va, eye wobu akɔnta kple wo.[20] Eye amesi xɔ talento atɔ̃ la va, eye wotsɔ talento atɔ̃ bubuwo vae gblɔ bena: Aƒetɔ, etsɔ talento atɔ̃ de asi nam; kpɔ ɖa, meɖe vi talento atɔ ɖe wo dzi.[21] Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Ehe, dɔla nyui kple nuteƒewɔla! Ewɔ nuteƒe le nu ʋeewo me, matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu: yi ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me![22] Eye amesi xɔ talento eve la, hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, talento evee nètsɔ de asi nam; kpɔ ɖa, meɖe vi talento eve ɖe wo dzi.[23] Eƒe aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Ehẽ, dɔla nyui kple nuteƒewɔla! Ewɔ nuteƒe le nu ʋeewo me, matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu; yi ɖe wò aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me![24] Ke amesi xɔ talento ɖeka la hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, menya wò bena, ame sesẽ nènye, èŋea nu le afisi mè ƒã nu ɖo o, eye nèƒoa nu ƒu le afisi mèwu nu ɖo o,[25] eye esi mele vɔvɔ̃m la, medzo yi ɖaɖi wò talento la ɖe do me; kpɔ ɖa, xɔ wò nu.[26] Eƒe aƒetɔ la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔ! Ɖe nènyae bena, meŋea nu le afisi nyemeƒã nu ɖo o, eye meƒoa nu ƒu le afisi nyemewu nu ɖo o mahã?[27] Ekema ele na wò bena, natsɔ nye klosalo la ayi aɖana gasitsalawo, eye le nye vava me la maxɔ ye nu la kple deme.[28] Eyaŋuti mixɔ talento la le esi, eye mitsɔe na amesi si talento ewo le la.[29] Elabena amesiame, si nu le esi la, woana nui, woagbã go nɛ: ke amesi si nu mele o la, nusi le esi la, woaxɔ eya hã le esi.[30] Eye dɔla, si menyo na naneke o la, mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.

Ewe Bible 1913
Public Domain