A A A A A

Bad Character: [Hypocrite]


1 Yohanes 4:20
Ne amea ɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye; elabena amesi melɔ̃ nɔvia, si kpɔm wòle o la, aleke wòate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o mahã?

1 Petro 2:16
abe ablɔɖeviwo ene, eye menye abe amesiwo wɔa ablɔɖenyenye la ŋuti dɔ be, wòanye vɔɖinyenye ƒe nutsyɔnu la ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe dɔlawo ene.

Galatiatɔwo 6:3
Elabena ne amea de bu bena, yenye nane, evɔ menye naneke o la, ye ŋutɔ ɖokui blem wòle.

Yeremia 23:11
Yehowa be: Nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa nye ame tovowo, eye mekpɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le aƒenye me ke hã.

Hiob 8:13
Alea wonona na amesiwo kalã ŋlɔ Mawu be la, eye ame vlowo ƒe mɔkpɔkpɔ ɖoa agu.

Luka 6:46
Ke nukaŋuti miele yɔyem bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, eye miewɔ nusiwo megblɔ na mi la dzi o mahã?

Luka 12:2
Ke wometsyɔ nu naneke dzi, si womele ɖeɖe ge ɖe go o, eye naneke mele ɣaɣla, si womele nyanya ge o.

Marko 7:6
Eɖo ŋu na wo bena: Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mi alakpatɔwo ŋuti, abe alesi woŋlɔe ɖi ene bena: „Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.

Mateo 6:1
Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, ne miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyenu le amewo ƒe ŋku me, be woakpɔ o; ne menye nenem o la, fetua ɖeke meli na mi le mia Fofo, si le dziƒowo la, gbɔ o.

Romatɔwo 10:3
Elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole didim bena, woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.

Tito 1:16
Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wòwɔa ɖeke kura o.

Mateo 23:27-28
[27] Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo; elabena mieɖi yɔdo, siwo ŋuti wòsi akalo ɖo, eye wole dzedzem nyuie la, ke wo me yɔ fũ kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kpakple ɖiƒoƒo katã.[28] Nenema ke miawo hã miedzena ame dzɔdzɔewo le gota le amewo ƒe ŋku me; ke mia me yɔ taŋ kple alakpadada kpakple madzɔmadzɔnyenye.

Luka 20:46-47
[46] Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le agbalẽfialawo ŋuti, amesiwo lɔ̃a tsatsa le awu ʋlayawo me kple gbeɖonamewo le ablɔwo me kple nɔƒe gbãtɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kpakple kplɔ̃ta nɔnɔwo le nuɖuƒewo;[47] amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe ɖiɖiwo dom ɖa; amesiawo laxɔ fɔbubu sesẽtɔ awu.

Yakobo 1:22-23
[22] Ke mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o![23] Elabena ne amea ɖe nye nyasela, eye menye edziwɔla o la, eyama ɖi ŋutsua ɖe, si kpɔ eƒe dzɔdzɔmeme le ahũhɔ̃e me.

Mateo 6:16-18
[16] Ke ne míetsi nu do la, migato mo sigbe alakpatɔwo ene o; elabena wogblẽa mo na wo ɖokui, bena amewo nadze si wo abe amesiwo tsia nu dona la ene. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo.[17] Ke wò la, ne èle nu tsim le dɔdɔm la, si ami ɖe ta, eye nafu mo,[18] bena amewo nagadze si wò nutsitsidɔ o; negbe Fofowò, si le ɣaɣlaƒe la ko, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.

Mateo 7:21-23
[21] Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.[22] Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi mienyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe de o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi miewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe?[23] Ekema nye hã maʋu me na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!

Mateo 15:7-9
[7] Alakpatɔwo! Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mia ŋuti bena:[8] „Dukɔ sia le buyem kple nuyiwo; gake woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.[9] Eye dzodzro wole subɔyem hele nufiafia, siwo nye amewo ƒe sededewo la fiam.“

Mateo 6:1-4
[1] Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, ne miagawɔ miaƒe dzɔdzɔenyenyenu le amewo ƒe ŋku me, be woakpɔ o; ne menye nenem o la, fetua ɖeke meli na mi le mia Fofo, si le dziƒowo la, gbɔ o.[2] Eyaŋuti ne ena nu ame la, megana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, sigbe alesi alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple ablɔwo me, bena amewo nakafu yewo la, ene o. Vava, mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo.[3] Ke wò la, ne èle nu nam ame la, megana wò miasi nanya nusi wò nuɖusi wɔna o,[4] bena wò nunana nanɔ ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔmle ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.

2 Timoteo 3:1-5
[1] Ke nya esia bena, le ŋkeke mamleawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava.[2] Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo;[3] amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o,[4] yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu,[5] amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!

Romatɔwo 2:1-5
[1] Eyata taflatsedodoa ɖeke mele asiwò o, oo ame, amesi ke ƒomevi nènye le ʋɔnu drɔ̃m la! Elabena nusi ke netsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke netsɔna bua fɔ ɖokuiwò; elabena wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke.[2] Ke mienyae bena, Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le nyateƒe la nu va amesiwo wɔ nenem nusiawo la dzi.[3] Ke, oo ame, si le ʋɔnu drɔ̃m amesiwo woa nenem nusiawo, eye wò ŋutɔ nèwɔa nu mawo ke la, ɖe nèsusuna bena, yeate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?[4] Alo ɖe nèdoa vlo Mawu ƒe dɔmenyonyo kple dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu ƒe agbɔsɔsɔ la, eye menyae bena, Mawu ƒe dɔmenyonyo kplɔa wò yina ɖe dzimetɔtrɔ me o mahã?[5] Ke wò la, le wò dzi sesẽ, si metrɔ o la nu, nèƒo dziku nu ƒu ɖi na ɖokuiwò hena dziku ƒe ŋkeke kpakple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe ɖeɖefia la,

Yakobo 1:21-26
[21] Eyata miɖe ɖiƒoƒo katã kple vɔɖinyenye geɖe fũ la ɖi, eye mitsɔ dɔmefafa xɔ nya, si wodo ɖe mia me, si ate ŋu aɖe mia luʋɔwo la.[22] Ke mizu nyadziwɔlawo, eye menye nyasela, siwo blea wo ɖokui ɖeɖeko o![23] Elabena ne amea ɖe nye nyasela, eye menye edziwɔla o la, eyama ɖi ŋutsua ɖe, si kpɔ eƒe dzɔdzɔmeme le ahũhɔ̃e me.[24] Elabena ekpɔ eɖokui dze sii, eye wòdzo heyi, eye enumake la eŋlɔ alesi wòle la be.[25] Ke amesi kpɔ se blibo, si nye ablɔɖese la me, eye wònɔ edzi la, eya menye nyasela, si ŋlɔa nu be o, ke boŋ dɔ ƒe wɔla, eye woayra eyama le eƒe nuwɔwɔ me.[26] Ne amea de bua eɖokui bena, mawusubɔla yenye, eye medea ga eƒe ade o, ke wòblea eƒe dzi la, nenem me sia ƒe subɔsubɔ enye dzodzro.

Luka 6:37-42
[37] Migadɔ ʋɔnu, eye woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; migabu fɔ, eye woagabu fɔ mi o, miɖe asi le amewo ŋu, eye woaɖe asi le mia ŋu;[38] mina, eye woana mi, dzidzenu nyui, si wote, eye woʋuʋu wògbã go la, woatsɔ aɖo miaƒe akɔ; elabena dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.[39] Eye wòdo lo hã na wo bena: Ɖe ŋkuagbãtɔ ate ŋu akplɔ ŋkuagbãtɔa? Alo ɖe wo ame eve la katã madze do me o mahã?[40] Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o, ke amesiame, si wofia nui la, lanɔ abe eƒe nufiala ene.[41] Ke nukaŋuti nèkpɔ ati fefee le nɔviwò ƒe ŋku me, eye mèdzea si atikpo, si le wò ŋutɔ wò ŋku me la o mahã?[42] Aleke lawɔ nate ŋu agblɔ na nɔviwò bena: Nɔvinye, na mɔm, ne maɖe ati fefee, si le wò ŋku me, esi wò ŋutɔ mèkpɔ atikpo, si le wò ŋku me la o mahã? Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋku me gbã, eye ekema nakpɔ nyuie be, naɖe ati fefee, si le nɔviwò ƒe ŋku me.

Mateo 7:1-6
[1] Migadrɔ̃ ʋɔnu, ne woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o.[2] Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃, si miedrɔ̃ la, eya ke woatso adrɔ̃ ʋɔnu mi; eye dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.[3] Ke nuka wo nèkpɔa ati fefee, si ɖo nɔviwò ƒe ŋku me la, eye atikpo, si le wò ŋuta wò ŋku dzi la, medzea si eya o mahã?[4] Alo aleke lawɔ nagblɔ na nɔviwò bena: Na mɔm, ne maɖe ali fefee la le wò ŋku me, eye kpɔ ɖa, atikpo le wò ŋutɔ wò ŋku dzi mahã?[5] Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, hafi nakpɔ nyuie, alesi nawɔ aɖe ati fefee la le nɔviwò ƒe ŋku me.[6] Migatsɔ nu kɔkɔe la na avũwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu nyuiwo hã ƒu gbe ɖe hawo ƒe ŋku me, ne woaganyã avuzi le wo dzi kple woƒe afɔwo, hafi agbugbɔ ava vuvu mi o.

1 Yohanes 2:1-6
[1] Vinyewo, meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne amea ɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mia si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la.[2] Eye eya kee nye avuléle le miaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía to ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti.[3] Ne mielé eƒe seawo me ɖe asi la, eya míatsɔ adze sii bena, míenyae.[4] Amesi ke gblɔ bena, yenyae, eye gake melé eƒe seawo me ɖe asi o la, aʋatsokala wònye, eye nyateƒe mele eme o.[5] Amesi ke lé eƒe nya la me ɖe asi la, eya me Mawu ƒe lɔlɔ̃ zu blibo le vavã. Esia míatsɔ adze sii bena, miele eyama me.[6] Amesi ke gblɔ bena, yenɔa eme la, ele nɛ be, wòazɔ abe alesi eya ŋutɔ hã zɔe ene.

Luka 16:10-15
[10] Amesi wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me la, enyea nuteƒewɔla le nu geɖewo hã me, eye amesi woa nu madzɔmadzɔ le nu suetɔ ke me la, enyea nu madzɔmadzɔ wola le nu geɖewo hã me.[11] Eyaŋuti, ne miezu nuteƒewɔlawo le anyigbadzinu madzɔmadzɔwo me o la, ameka atso nyateƒenu ade mia si mahã?[12] Eye ne míenye nuteƒewolawo le ame tutɔ ƒe nuwo me o la, ameka atso mia ŋutɔwo tɔ ana mi mahã?[13] Dɔlaa ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigbadzinuwo o.[14] Eye farisitɔwo, siwo nye galɔ̃lawo la, se nusiawo katã, eye woɖo hehe ɖe eta.[15] Eye wògblɔ na wo bena: Miawoe nye amesiwo le afia tsom na mia ŋu tɔwo mia ɖokui le amewo ƒe ŋku me, gake Mawu nya miaƒe dziwo me; elabena nusi nye nu gã le amewo dome la, enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋku me.

Yakobo 2:14-26
[14] Nɔvinyewo, ne amea ɖe gblɔ be, xɔse le ye si, ke dɔwɔwɔwo mele esi o la, viɖe ka wònye mahã? Ɖe xɔse ma ate ŋu axɔe ɖe agbe mahã?[15] Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu le amama, eye gbesiagbe nuɖuɖu le wo hiãm,[16] eye mia dome amea ɖe gblɔ na wo bena: Miheyi le ŋutifafa me, miƒu dzo, eye miɖu nu ɖi ƒo, gake miena nusiwo hiã ŋutilã o la, viɖe ka wònye mahã?[17] Nenema ke xɔse hã, ne dɔwɔwɔwo mele eŋu o la, enye nu kuku le eɖokui me.[18] Ke amea ɖe lagblɔ bena: Wò la xɔse le asiwò, eye nye la dɔwɔwɔwo le asinye. Fia wò xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ lam, eye nye hã mafia nye xɔse wò to nye dɔwɔwɔwo me.[19] Wò la èxɔnɛ sena bena, Mawu ɖekae li; èwɔe nyuie; gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔnɛ sena, eye wodzona nyanyanya.[20] Ke, wò ame gbɔlo, ɖe nèle didim be, yeanyae bena, xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ la enye nu kuku mahã?[21] Ɖe menye dɔwɔwɔwo wotsɔ tso afia na mía fofo Abraham, le esime wòtsɔ via Isak ɖo vɔsamlekpui dzi o mahã?[22] Ekpɔ bena, xɔse wɔ dɔ kpe ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, eye wotsɔ dɔwɔwɔwo wɔ xɔse la blibo.[23] Eye ale wowu ŋɔŋlɔ, si gblɔ bena: „Abraham xɔ Mawu dzi se, eye wobui nɛ dzɔdzɔenyenye la“ nu enye esi, eye wòyɔe be Mawu xɔlɔ̃.[24] Miekpɔ bena, wotsɔ dɔwɔwɔwo tso afia na ame, eye menye xɔse ɖeɖekoe o.[25] Nenema ke Raxab, gbolo la hã, ɖe menye dɔwɔwɔwo wotsɔ tso afia nɛ, le esi wòxɔ ame dɔdɔwo, eye wòna woto mɔ bubu dzo la ŋuti o mahã?[26] Elabena abe alesi ŋutilã gbɔgbɔ manɔmee nye nu kuku la, nenema ke xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui hã nye nu kuku.

Ewe Bible 1913
Public Domain