Psalmowo 144:14 |
ne míaƒe nyiwo natsɔ agba, ne gli gbagbã kple aboyoɖeɖe meganɔ anyi o, ne nuxaxa magaɖi le míaƒe ablɔwo me o. |
|
Nexemya 8:1 |
Esi Israel-viwo le woƒe duwo me, eye dzinu adrelia do la, dukɔ blibo la ƒo ƒu sɔsɔe ɖe dogba dzi de tsigbo la nu; eye wogblɔ na agbalẽfiala Ezra bena, wòatsɔ Mose ƒe se, si Yehowa de na Israel la ƒe agbalẽ va. |
|
Yesaya 24:11 |
Wole konyi fam ɖe wein ŋu le ablɔwo me, dzidzɔwo katã nu yi, vivisesewo bu le anyigba dzi. |
|
Yeremia 14:2 |
Yuda le nu xam, nu te eƒe agbowo ŋu, eye wole ahovɔ me bɔbɔ no anyigba; Yerusalem ƒe aƒadodo de dzi. |
|
Lododowo 23:29 |
Amekae ɖea hũ? amekae sea veve? amekae xaa nu? amekae xɔa abi yakatsyɔ? ameka ƒe ŋku dzie wona dɔ̃? |
|
Filipitɔwo 4:6-7 |
[6] Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti.[7] Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me. |
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |