Kolosetɔwo 3:23 |
eye nusianu, si ke miewɔna la, mi wɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, eye menye na amewo o, |
|
Efesotɔwo 4:28 |
Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne woatso eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo. |
|
Yohanes 6:27 |
Midze agbagba, menye ɖe nuɖuɖu, si gblẽna ta o, ke boŋ ɖe nuɖuɖu, si anɔ anyi hena agbe mavɔ la ta, esi Amegbetɔvi la lana mi; elabena nenem me la ŋu Mawu Fofo la de dzesi!. |
|
Galatiatɔwo 6:4-5 |
[4] Ke amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋuta ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o.[5] Elabena amesiame atsa ye ŋutɔ ƒe agba. |
|
Psalmowo 90:17 |
Ale Aƒetɔ, mía Mawu, ƒe ɖɔmenyo nanɔ mía dzi, eye wòana míaƒe asinudɔwo nali ke zã na mi, ẽ, míaƒe asinudɔwo wòana woayi dzi nyuie! |
|
Lododowo 12:11 |
Amesi de eƒe agble la, akpa abolo fu; ke amesi le nu ƒuƒluwo yome dim la, tagbɔ meli nɛ o. |
|
Lododowo 13:4 |
Nu le kuviatɔ dzrom, gake dzodzroe; ke veviedola aɖi ƒo. |
|
Filipitɔwo 4:13 |
Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me. |
|
Kolosetɔwo 3:24 |
esi mienya bena, miaxɔ domenyinyi ƒe teƒeɖoɖo tso Aƒetɔ gbɔ la. Miesubɔ Aƒetɔ Kristo! |
|
Lododowo 12:24 |
Veviedola ƒe asi aɖu fia; ke kuviatɔ adzɔ nu. |
|
Lododowo 14:23 |
Agbagbadzedze hea viɖe ve; ke nu kpoloe ƒoƒo hea hiã vɛ. |
|
1 Mose 2:3 |
Eye Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòkɔ eŋuti, elabena eya dzi wòdzudzɔ eɖokui le tso eƒe dɔwɔwɔ, siwo katã Mawu wɔ, eye wòna wodo la me. |
|
Luka 1:37 |
Elabena naneke mese na Mawu o. |
|
1 Timoteo 5:8 |
Ke ne amea ɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ. |
|
Yeremia 29:11 |
Yehowa be: Elabena menya tame, si meɖo ɖe mia ŋu la, ŋutifafa ƒe tamee, eye menye dzɔgbevɔ̃e ƒe tame o, ne mana nuwuwu, si miele mo kpɔm na la mi. |
|
Lododowo 6:10-12 |
[10] Gadɔ alɔ̃ vie, gadɔ akɔlɔ̃e vie, de asi asitɛ me nagbɔ ɖe eme vie![11] Ekema wò ahedada aɖi kpe wo ahe mazɔla ene, eye wò hiã ahe ŋutsu, si bla akpa ene.[12] Yakame kple ame gbegblẽ enye amesi tsɔa alakpadanu nɔa yiyimee, |
|
2 Timoteo 2:6 |
Agbledela, si dzea agbagba la, ele nɛ be, wòatre kutsetse la ƒe ɖe ɖuɖu. |
|
1 Mose 2:15 |
Eye Yehowa Mawu tsɔ ame la ɖo Eɖen-bɔ me, be woaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi. |
|
Tito 2:7-8 |
[7] Le nuwo katã me la tsɔ ɖokuiwò ɖo kpɔɖeŋu le do nyui wɔwɔwo me, megabaɖa nufiafia la o, lé ɖokuiwò nyuie,[8] wò nyagbɔgblɔ nana blibo, si womate ŋu abu fɔ o, bena ŋu nakpe amesi tsi tre ɖe eŋuti, le esi nyaa ɖeke mele esi be, wòagblɔ vɔ̃ ɖe mía ŋuti o la ta. |
|
Lododowo 16:3 |
Tsɔ wò dɔwo de asi na Yehowa; ekema wò tameɖoɖowo adze dzi. |
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |