3 Mose 19:28 |
Ne ame ku la, migasi blini ɖe ŋuti o, eye migatá nu ɖe ŋuti hã o. Nyee nye Yehowa! |
|
1 Korintotɔwo 6:18-20 |
[18] Misi le ahasiwɔwɔ nu! Nuvɔ̃ sia nuvɔ̃, si ame wɔna la, menye eƒe ŋutilã me wòle o, ke ahasiwɔla wɔa vɔ̃ ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋuti.[19] Alo ɖe mienyae bena, miaƒe ŋutilã la Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le nua me, si miexɔ tso Mawu gbɔ la ƒe xɔ wònye, eye míenye mia ɖokui to oa?[20] Asi sesẽ miexɔ; eyata mitsɔ miaƒe ŋutilã kple miaƒe gbɔgbɔ, siwo nye Mawu to la, kafu Mawu! |
|
Nyaɖeɖefia 19:16 |
Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ! |
|
1 Korintotɔwo 10:23-31 |
[23] Woɖe nuwo katã ƒe mo na ame, ke menye nuwo katãe nyona na ame o; woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe doa ame ɖe ŋgɔgbe o.[24] Amea ɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu ta la boŋ.[25] Nusianu, si wodzrana le lãƒleƒe la, miɖui faa, eye migabia eta se le dzitsinya ŋuti o.[26] Elabena anyigba la kple nusiwo katã yɔ edzi la, nye Aƒetɔ la tɔ.[27] Ke ne dzimaxɔsetɔwo dome amea ɖe kpe mi, eye mielɔ̃ be, yewoayi la, miɖu nusianu, si wotsɔ ɖo mia kɔme la, eye migabia eta se o le dzitsinya ŋuti.[28] Ke ne amea ɖe gblɔ na mi bena; Trɔ̃wo ƒe vɔsa nye esi la, ekema migaɖui le amesi gblɔe fia mi la kple dzitsinya la ŋuti o.[29] Ke menye mia ŋutɔwo ƒe dzitsinyae mewɔnɛ o, ke ame keme to boŋ; elabena nukaŋuti ame bubu ƒe dzitsinya adrɔ̃ ʋɔnu nye ablɔɖenyenye ma?[30] Ne metsɔ akpedada ɖu nu la, nukaŋuti woagblɔ busunya ɖe ŋutinye le nusi ta meda akpe ɖo la ŋuti mahã?[31] Azɔ la ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔa ɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu, |
|
Efesotɔwo 5:10 |
Mido nusi nyoa Aƒetɔ la ŋu la kpɔ, |
|
5 Mose 14:1 |
Yehowa, mia Mawu ƒe viwo mienye; ne ame ku la, migasi blunui o, eye migalũ dzodome kokoe o; |
|
1 Korintotɔwo 3:16-17 |
[16] Ɖe mienyae bena, mawuxɔ míenye, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la nɔa mia me oa?[17] Ne amea ɖe gblẽ mawuxɔ la, Mawu agblẽ eyama hã, elabena mawuxɔ la le kɔkɔe, eye esiae miawo la mienye. |
|
1 Korintotɔwo 9:27 |
hafi meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazɔ ame madzemadze o. |
|
Romatɔwo 12:1 |
Azɔ mexlɔ̃ nu mi, nɔviwò, to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔ me bena, miatso miaƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti ko, si dze Mawu ŋu, esi anye miaƒe mawusubɔsubɔ gbɔgbɔmetɔ. |
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |