1 |
Eye mekpɔ mawudɔla ɖe le ɖiɖim tso dziƒo, eye aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gãa ɖe le esi. |
2 |
Eye wòlé ʋɔ driba, ɖa xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka. |
3 |
Eye wotsɔe ƒu gbe ɖe aʋli me, eye wotu nu ɖe enu, eye wotre enu, bena ne wòagable dukɔwo o, halase esime ƒe akpe ɖeka la nu nava yi; esia megbe la ele be, woagatui ɣeyiɣi via ɖe. |
4 |
Eye mekpɔ fiazikpuiwo, eye wobɔbɔ no wo dzi, eye wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ de asi na wo; eye amesiwo nu wotso ta le le Yesu ƒe ɖaseɖiɖi kple Mawu ƒe nya la la la, ƒe luʋɔwo kple amesiwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o, eye womexɔ dzesi ɖe woƒe ŋgowonu alo ɖe woƒe asiwo ŋu o la, gbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo ƒe akpe ɖeka. |
5 |
Ame kuku mamleawo la womegbɔ agbe o, vaseɖe esime ƒe akpe ɖeka la nu va yi. Esiae nye tsitretsitsi gbãtɔ. |
6 |
Yayratɔ kple kɔkɔetɔ enye amesi kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ la me; amesiawo dzi ku evelia mekpɔ ŋusẽa ɖeke ɖo o, ke woanye Mawu kple Kristo ƒe nunɔlawo, eye woaɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka. |
7 |
Eye ne ƒe akpe ɖeka la nu va yi la, woatu Satana le gaxɔa me, |
8 |
eye wòado go, be wòable dukɔ, siwo le anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, esiwo nye Gog kple Magog, be wòaƒo amesiwo ƒe xexlẽme nu le abe ƒutake ene la, nu ƒu hena aʋawɔwɔ. |
9 |
Eye woyi anyigba la ƒe gbadzaƒe, eye woɖe to ɖe ame kɔkɔewo ƒe asaɖa kple du lolo la ŋu, eye dzo hlẽ tso dziƒo va fiã wo. |
10 |
Eye wotsɔ Abosam, si ble wo la, ƒu gbe ɖe dzo- kple dzokpeta la me, afisi hã lã la kple aʋatsonyagblɔɖila la le, eye woawɔ fu wo zã kple keli tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. |
11 |
Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o. |
12 |
Eye mekpɔ ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo; eye woʋu agbalẽ bubua ɖe, si nye agbegbalẽ; eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu. |
13 |
Eye atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsieƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena, eye wodrɔ̃ ʋɔnu amesiame ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu. |
14 |
Eye wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota sia enye ku evelia. |
15 |
Eye ne womekpɔ amea ɖe ƒe ŋkɔŋɔŋlɔ le agbegbalẽa me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Nyaɖeɖefia 20:1 |
Nyaɖeɖefia 20:2 |
Nyaɖeɖefia 20:3 |
Nyaɖeɖefia 20:4 |
Nyaɖeɖefia 20:5 |
Nyaɖeɖefia 20:6 |
Nyaɖeɖefia 20:7 |
Nyaɖeɖefia 20:8 |
Nyaɖeɖefia 20:9 |
Nyaɖeɖefia 20:10 |
Nyaɖeɖefia 20:11 |
Nyaɖeɖefia 20:12 |
Nyaɖeɖefia 20:13 |
Nyaɖeɖefia 20:14 |
Nyaɖeɖefia 20:15 |
|
|
|
|
|
|
Nyaɖeɖefia 1 / Nya 1 |
Nyaɖeɖefia 2 / Nya 2 |
Nyaɖeɖefia 3 / Nya 3 |
Nyaɖeɖefia 4 / Nya 4 |
Nyaɖeɖefia 5 / Nya 5 |
Nyaɖeɖefia 6 / Nya 6 |
Nyaɖeɖefia 7 / Nya 7 |
Nyaɖeɖefia 8 / Nya 8 |
Nyaɖeɖefia 9 / Nya 9 |
Nyaɖeɖefia 10 / Nya 10 |
Nyaɖeɖefia 11 / Nya 11 |
Nyaɖeɖefia 12 / Nya 12 |
Nyaɖeɖefia 13 / Nya 13 |
Nyaɖeɖefia 14 / Nya 14 |
Nyaɖeɖefia 15 / Nya 15 |
Nyaɖeɖefia 16 / Nya 16 |
Nyaɖeɖefia 17 / Nya 17 |
Nyaɖeɖefia 18 / Nya 18 |
Nyaɖeɖefia 19 / Nya 19 |
Nyaɖeɖefia 20 / Nya 20 |
Nyaɖeɖefia 21 / Nya 21 |
Nyaɖeɖefia 22 / Nya 22 |