1 |
Eye metsi tre ɖe ƒutake la dzi, eye mekpɔ lãa ɖe le ɖoɖom tso atsiaƒu me, eye dzo ewo kple ta adre li nɛ, eye fiakuku ewo le eƒe dzoawo dzi, eye busuŋkɔwo le eƒe tawo ŋu. |
2 |
Eye lã, si mekpɔ la, le abe lãkle ene, eye eƒe afɔwo le abe sisiblisi ƒe afɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata ƒe nu ene; eye ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã nɛ. |
3 |
Eye eƒe tawo dometɔ ɖeka le abe kubi wode eŋu ene, eye wowɔ eƒe kubi la ne wòku; eye xexeame katã ƒe mo wɔ yaa le lã la yome. |
4 |
Eye wode ta agu na nɔ driba la; elabena etsɔ eƒe ŋusẽ na lã la, eye wode ta agu na lã la le gbɔgblɔm bena: Amekae le abe lã la ene, eye amekae ate ŋu awɔ aʋa kplii mahã? |
5 |
Eye wotsɔ nu, si gblɔa nya gãwo kple busunyawo la nɛ, eye wotsɔ ŋusẽ nɛ, be wòanɔ dɔ dzi ɣleti blane vɔ eve |
6 |
Eye wòke nu de asi busunyagbɔgblɔ me de Mawu ŋuti, be yeado busu eƒe ŋkɔ kple eƒe agbadɔ kpakple amesiwo nɔa dziƒo. |
7 |
Eye wona ŋusẽe, be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔewo, eye ne wòaɖu wo dzi, eye wona ŋusẽe ɖe to sia to kple dukɔ sia dukɔ kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple trɔ̃subɔlawo katã dzi. |
8 |
Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe. |
9 |
Amesi to li na la, nesee! |
10 |
Ne amea ɖe de ame gaxɔ me la, woaɖe eya hã gaxɔ me: ne amea ɖe wu ame kple yi la, ele be, woawu eya hã kple yi. Afii ame kɔkɔewo ƒe dzidodo kple woƒe xɔse le. |
11 |
Eye mekpɔ lã bubua ɖe le ɖoɖom tso anyigba me, eye dzo eve li nɛ abe alẽvi tɔ ene, eye wòƒo nu abe ʋɔ driba la ene. |
12 |
Eye wòwɔ lã gbãtɔ ƒe ŋusẽdɔwo katã le eƒe ŋku me. Eye wòwɔ anyigba la kple amesiwo nɔ edzi la bena, woadze klo asubɔ lã gbãtɔ, si ƒe kubi wowɔ wòku la. |
13 |
Eye wòwɔ dzesi gãwo bena, wòna dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo dze anyigba le amewo ƒe ŋku me. |
14 |
Eye woble anyigbadzinɔlawo de dzesi, si wotsɔ nɛ, be wòawɔ le lã la ƒe ŋku me la ŋuti hele gbɔgblɔm na anyigbadzinɔlawo bena, woawɔ legba de lã, si ŋu wode abii kple yi, eye wòle agbe la ƒe nɔnɔme me nɛ. |
15 |
Eye wona ŋusẽe, be wòatsɔ gbɔgbɔ na lã la ƒe legba, bena lã la ƒe legba naƒo nu hã, eye wòawɔ bena, woawu ame geɖe, alesi nu medze klo subɔ lã la ƒe legba o. |
16 |
Eye wòwɔ bena, woade dzesi amewo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo kple kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple ablɔɖeviwo kple kluviwo ƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu, |
17 |
bena amea ɖeke magate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe amesi ŋu lã la ƒe ŋkɔ alo eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme ƒe dzesi le la ko. |
18 |
Afii nunya le! Amesi ke si gɔmesese le la, nèbu lã la ƒe xexlẽme kpɔ; elabena ame ƒe xexlẽme wònye, eye eƒe xexlẽme enye alafa ade kple blaade vɔ ade.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Nyaɖeɖefia 13:1 |
Nyaɖeɖefia 13:2 |
Nyaɖeɖefia 13:3 |
Nyaɖeɖefia 13:4 |
Nyaɖeɖefia 13:5 |
Nyaɖeɖefia 13:6 |
Nyaɖeɖefia 13:7 |
Nyaɖeɖefia 13:8 |
Nyaɖeɖefia 13:9 |
Nyaɖeɖefia 13:10 |
Nyaɖeɖefia 13:11 |
Nyaɖeɖefia 13:12 |
Nyaɖeɖefia 13:13 |
Nyaɖeɖefia 13:14 |
Nyaɖeɖefia 13:15 |
Nyaɖeɖefia 13:16 |
Nyaɖeɖefia 13:17 |
Nyaɖeɖefia 13:18 |
|
|
|
|
|
|
Nyaɖeɖefia 1 / Nya 1 |
Nyaɖeɖefia 2 / Nya 2 |
Nyaɖeɖefia 3 / Nya 3 |
Nyaɖeɖefia 4 / Nya 4 |
Nyaɖeɖefia 5 / Nya 5 |
Nyaɖeɖefia 6 / Nya 6 |
Nyaɖeɖefia 7 / Nya 7 |
Nyaɖeɖefia 8 / Nya 8 |
Nyaɖeɖefia 9 / Nya 9 |
Nyaɖeɖefia 10 / Nya 10 |
Nyaɖeɖefia 11 / Nya 11 |
Nyaɖeɖefia 12 / Nya 12 |
Nyaɖeɖefia 13 / Nya 13 |
Nyaɖeɖefia 14 / Nya 14 |
Nyaɖeɖefia 15 / Nya 15 |
Nyaɖeɖefia 16 / Nya 16 |
Nyaɖeɖefia 17 / Nya 17 |
Nyaɖeɖefia 18 / Nya 18 |
Nyaɖeɖefia 19 / Nya 19 |
Nyaɖeɖefia 20 / Nya 20 |
Nyaɖeɖefia 21 / Nya 21 |
Nyaɖeɖefia 22 / Nya 22 |