1 |
Eyata esi eƒe dzudzɔ me yiyi ŋugbedodo gali na mi ŋutilã, minɛ miavɔ̃, bene woagakpɔ mía dome amea ɖeke be, etsi eŋuti o |
2 |
Elabena wogblɔ nyanyuie la fia míawo hã, abe woamawo ke hã ene; gake nya, si wose la, meɖe via ɖeke na woamawo o; elabena amesiwo see la ƒe xɔse mewɔ ɖeka kple nya la o. |
3 |
Eyata mí amesiwo xɔe se la, míayi ɖe dzudzɔ ma me, abe alesi wògblɔ ene bena: „Abe alesi meka atam le nye dziku me ene bena: Ne woahade nye dzudzɔ la me fĩ;“ wònye wowu dɔwɔwɔwo nu tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me hafi. |
4 |
Elabena egblɔ le afia ɖe le ŋkeke adrelia ŋuti bena: „Eye Mawu dzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi tso eƒe dɔwɔwɔwo katã me.“ |
5 |
Eye wògagblɔ le afisia bena: „Ne woahade nye dzudzɔ la me fi!“ |
6 |
Eyata esi wòsusɔ bena, amea ɖewo nayi ɖe eme, eye amesiwo wogblɔ nyanyuie la fia gbã la, meyi ɖe eme o le dzimaxɔse ŋuti la, |
7 |
egaɖo ŋkekea ɖe le Dawid nu le ɣeyiɣi sia megbe bena: „Egbegbe,“ abe alesi wogblɔ ɖi ene bena: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime o.“ |
8 |
Elabena ɖe Yosua kplɔ wo yi ɖe dzudzɔ me la, anye ne megaƒo nu emegbe la le ŋkeke bubua ɖe ŋuti o. |
9 |
Eyaŋuti Sabat ƒe dzudzɔ gasusɔ na Mawu ƒe dukɔ la. |
10 |
Elabena amesi yi ɖe eƒe dzudzu me la, eya hã dzudzɔ tso eƒe dɔwɔwɔwo me, abe alesi Mawu dzudzɔ tso etowo me la ene. |
11 |
Azɔ minɛ miado vevie, bene míayi ɖe dzudzɔ ma me, bene amea ɖeke nagadze tosesẽ ma ke tɔgbea ɖeke me o. |
12 |
Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nue-vee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la; |
13 |
eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me! |
14 |
Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ mialé miaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe. |
15 |
Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o. |
16 |
Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Hebritɔwo 4:1 |
Hebritɔwo 4:2 |
Hebritɔwo 4:3 |
Hebritɔwo 4:4 |
Hebritɔwo 4:5 |
Hebritɔwo 4:6 |
Hebritɔwo 4:7 |
Hebritɔwo 4:8 |
Hebritɔwo 4:9 |
Hebritɔwo 4:10 |
Hebritɔwo 4:11 |
Hebritɔwo 4:12 |
Hebritɔwo 4:13 |
Hebritɔwo 4:14 |
Hebritɔwo 4:15 |
Hebritɔwo 4:16 |
|
|
|
|
|
|
Hebritɔwo 1 / Heb 1 |
Hebritɔwo 2 / Heb 2 |
Hebritɔwo 3 / Heb 3 |
Hebritɔwo 4 / Heb 4 |
Hebritɔwo 5 / Heb 5 |
Hebritɔwo 6 / Heb 6 |
Hebritɔwo 7 / Heb 7 |
Hebritɔwo 8 / Heb 8 |
Hebritɔwo 9 / Heb 9 |
Hebritɔwo 10 / Heb 10 |
Hebritɔwo 11 / Heb 11 |
Hebritɔwo 12 / Heb 12 |
Hebritɔwo 13 / Heb 13 |