1 |
Nɔvilɔlɔ̃ nenɔ anyi! |
2 |
Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o; elabena le esia wɔwɔ me la amea ɖewo xa dziƒodɔlawo dze wo gbã, gake womenyae o. |
3 |
Miɖo ŋku amesiwo wobla la dzi, abe ɖe wobla mi hekpe ɖe wo ŋu ene, kple amesiwo kpe fu la dzi, abe amesiwo hã le ŋutilã me ene. |
4 |
Bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe me le amewo katã dome, eye womagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o; elabena ahasiwɔlawo kple matrewɔlawo la, Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wo. |
5 |
Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: „Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpa o.“ |
6 |
Ale bena míatsɔ dzideƒo agble be; „Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?“ |
7 |
Miɖo ŋku mia nunɔlawo, amesiwo gblɔ mawunya na mi la dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse. |
8 |
Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me. |
9 |
Migana nufiafia bubu ƒomeviwo kple dzrotɔwo nahe mi ayii o; elabena enyo be, woatso amenuveve ali ke dzi la, eye menye nuɖuɖu, siwo menye viɖea ɖeke na amesiwo wɔ eŋuti ɖa o la, woatsa o. |
10 |
Vɔsamlekpui le mía si, esi ŋuti amesiwo subɔna le agbadɔ me la, womekpɔ mɔ be, woaɖu nu le o. |
11 |
Elabena lã, siwo ƒe ʋu nunɔlagã tso yi ɖe kɔkɔeƒe me le nuvɔ̃wo ŋuti la, wotɔ dzo woƒe lã blibo la le asaɖa godo. |
12 |
Eyata Yesu hã kpe fu le agbo la godo, bene wòatsɔ ye ŋutɔ ƒe ʋu akɔ eƒe dukɔ la ŋuti. |
13 |
Azɔ la, minɛ míado go ayi ɖe egbɔ le asaɖa godo atso eƒe ŋukpe aɖo mía ɖokui dzi. |
14 |
Elabena ɖu, si nɔa anyi la, mele mia si le afisia o, ke boŋ miele ɖu, si gbɔna la dim. |
15 |
Eyata mina miato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse. |
16 |
Ke migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu. |
17 |
Miɖo to mia nunɔlawo, eye midze wo yome; elabena wole mia luʋɔwo ŋu dzɔm, abe amesiwo lana akɔnta le wo ŋuti ene, bene woawo esia kple dzidzɔ, eye menye kple tseɖuɖu o; elabena esia menye viɖea ɖeke na mi o. |
18 |
Mido gbe ɖa ɖe mia ta; elabena míenya le mía ɖokui me bena, dzitsinya nyui le mia si, le esi míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyuie le nusianu me la ŋuti. |
19 |
Ke mele nu xlɔ̃m mi geɖe wu bena, miawo esia, bene woagatsom ana mi kaba. |
20 |
Ke ŋutifafa Mawu, si kplɔ mía Aƒetɔ Yesu, amesi nye alẽwo ƒe kplɔla gã la, ɖo go tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me la, |
21 |
nadzra mi ɖo blibo le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, bena miawɔ eƒe lɔlɔ̃nu; eye wòawɔ nusi dze eŋu la, le mía me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen. |
22 |
Ke mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, bena miaxɔ nuxlɔ̃menya la; elabena nya via ɖewo koe meŋlɔ ɖo ɖe mi. |
23 |
Minyae bena, woɖe asi le mía nɔvi Timoteo ŋu; ne eva kaba la, mia kplii míakpɔ mi. |
24 |
Miɖuɖɔ mia nunɔlawo katã kple ame kɔkɔewo katã nam ƒã. Amesiwo tso Italia la, ɖuɖɔ mi ƒã. |
25 |
Amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã! Amen.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Hebritɔwo 13:1 |
Hebritɔwo 13:2 |
Hebritɔwo 13:3 |
Hebritɔwo 13:4 |
Hebritɔwo 13:5 |
Hebritɔwo 13:6 |
Hebritɔwo 13:7 |
Hebritɔwo 13:8 |
Hebritɔwo 13:9 |
Hebritɔwo 13:10 |
Hebritɔwo 13:11 |
Hebritɔwo 13:12 |
Hebritɔwo 13:13 |
Hebritɔwo 13:14 |
Hebritɔwo 13:15 |
Hebritɔwo 13:16 |
Hebritɔwo 13:17 |
Hebritɔwo 13:18 |
Hebritɔwo 13:19 |
Hebritɔwo 13:20 |
Hebritɔwo 13:21 |
Hebritɔwo 13:22 |
Hebritɔwo 13:23 |
Hebritɔwo 13:24 |
Hebritɔwo 13:25 |
|
|
|
|
|
|
Hebritɔwo 1 / Heb 1 |
Hebritɔwo 2 / Heb 2 |
Hebritɔwo 3 / Heb 3 |
Hebritɔwo 4 / Heb 4 |
Hebritɔwo 5 / Heb 5 |
Hebritɔwo 6 / Heb 6 |
Hebritɔwo 7 / Heb 7 |
Hebritɔwo 8 / Heb 8 |
Hebritɔwo 9 / Heb 9 |
Hebritɔwo 10 / Heb 10 |
Hebritɔwo 11 / Heb 11 |
Hebritɔwo 12 / Heb 12 |
Hebritɔwo 13 / Heb 13 |