1 |
Mele atam kam na wò, le Mawu kple Yesu Kristo, amesi le ʋɔnu drɔ̃ ge ame gbagbewo kple ame kukuwo le eƒe ɖeɖefia kple fiaɖuƒe me la, ƒe ŋku me: |
2 |
Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me. |
3 |
Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu. |
4 |
Eye woaɖe to ɖa le nyateƒe la ŋuti, eye woatrɔ ayi gliwo gbɔ. |
5 |
Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuiegblɔla ƒe do, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo. |
6 |
Elabena nye la wotsɔm le memem xoxo, eye nye dzodzoɣi la gogo. |
7 |
Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi. |
8 |
Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe. |
9 |
Do vevie be, nava gbɔnye kaba. |
10 |
Elabena Dema gblẽm tii, le esi wògalɔ̃ fifi xexe sia me la ŋuti, eye wòyi ele Tesalonika; Kreske yi de Galatia, Tito yi de Dalmatia. |
11 |
Luka ɖeɖekoe li kplim. Xo Marko, eye nakplɔe de asi ve; elabena enye kpedeŋutɔ nyui nam le subɔsubɔ gome |
12 |
Ke Tixiko ta meɖoe ɖe Efeso. |
13 |
Ne egbɔna la, tsɔ awu ʋlaya, si megblẽ ɖe Troa ɖe Karpo gbɔ la, kple agbalẽawo ɖe asi vɛ, vevietɔ lãgbalẽ la. |
14 |
Aleksandro, akɔblitula, wɔ vɔ̃ geɖe ɖe ŋunye; Aƒetɔ la aɖo eteƒe ne le eƒe nuwɔnawo nu; |
15 |
wò hã kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie le eyama ŋuti; elabena etsi tre ɖe míaƒe nyawo ŋuti ŋutɔ. |
16 |
Le ɖokuinye nuɖeɖe gbãtɔ me la amea ɖeke mede dzinye o, ke boŋ wo katã wogblẽm ɖi. Womagabu esia na wo o. |
17 |
Ke Aƒetɔ la tsi tre ɖe gbɔnye, eye wòdo ŋusẽm, bena mawu gbeƒãɖeɖe la nu, eye trɔ̃subɔlawo katã nasee, eye wòɖem le dzata ƒe nu me. |
18 |
Eye Aƒetɔ la aɖem le nuwɔwɔ vɔ̃wo katã me, eye wòaxɔm heyi ɖe eƒe dziƒofiaɖuƒe la me; eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen. |
19 |
Ɖuɖɔ Priska kple Akwila kpakple Onesiforo ƒe aƒe la nam ƒã. |
20 |
Erasto nɔ Korinto, Trofimo la, megblẽe ɖe Mileto wòle dɔ lém. |
21 |
Do vevie be, nava, hafi ne vuvɔŋɔli naɖo. Eubulo kple Pude kple Lino kple Klaudia kpakple nɔviwo katã ɖuɖɔ wò ƒã. |
22 |
Aƒetɔ Yesu Kristo nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ la! Amenuveve nanɔ anyi kpli mi!
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
2 Timoteo 4:1 |
2 Timoteo 4:2 |
2 Timoteo 4:3 |
2 Timoteo 4:4 |
2 Timoteo 4:5 |
2 Timoteo 4:6 |
2 Timoteo 4:7 |
2 Timoteo 4:8 |
2 Timoteo 4:9 |
2 Timoteo 4:10 |
2 Timoteo 4:11 |
2 Timoteo 4:12 |
2 Timoteo 4:13 |
2 Timoteo 4:14 |
2 Timoteo 4:15 |
2 Timoteo 4:16 |
2 Timoteo 4:17 |
2 Timoteo 4:18 |
2 Timoteo 4:19 |
2 Timoteo 4:20 |
2 Timoteo 4:21 |
2 Timoteo 4:22 |
|
|
|
|
|
|
2 Timoteo 1 / 2Ti 1 |
2 Timoteo 2 / 2Ti 2 |
2 Timoteo 3 / 2Ti 3 |
2 Timoteo 4 / 2Ti 4 |