1 |
Ablɔɖenyenye ŋuti Kristo wɔ mí ablɔɖeviwo ɖo. Eyaŋuti minɔ tsitre sesĩe, eye migana woade kluvinyenye ƒe kɔkuti ko na mi o! |
2 |
Kpɔ ɖa, nye Paulo mele egblɔm na mi bena, nenye be, miena wotso aʋa na mi la, Kristo maganye viɖea ɖeke na mi o. |
3 |
Ke megale ɖase ɖim na amesiame, si na wotso aʋa nɛ la be, ele ne wòawɔ se blibo la katã dzi. |
4 |
Mi amesiwo ɖi be, woatso afia na mi to sea me la, woklã mi ɖa tso Kristo gbɔ: amenuveve la sie miege le. |
5 |
Elabena míawo la Gbɔgbɔ me míele dzɔdzɔenyenye ƒe mɔkpɔkpɔ la lalam le tso xɔse me. |
6 |
Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso mate ŋu awɔ naneke o, eye aʋamatsomatso hã nenema ke, hafi boŋ xɔse, si sẽa ŋu le bla me lae. |
7 |
Mieƒu du nyuie! Ameka xe mo na mi be, miagaɖo to nyateƒe la oa? |
8 |
Nyaƒoɖeamenu sia metso amesi yɔ mi la gbɔ o. |
9 |
Amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna. |
10 |
Nye la meɖo ŋu ɖe mia ŋu le Aƒetɔ la me bena, miele nu bubua ɖeke susu ge o; ke amesi ke blu miaƒe tame la, eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ anɔ edzi, ameka ke wòɖanye o! |
11 |
Ke nye la, nɔviwo, ne megale gbe ƒã ɖem aʋatsotso la, nukaŋuti wogale yonyeme tima? Ekema woɖe atitsoga ƒe nuɖiaɖia ɖa tso. |
12 |
Oo, ɖe wòala amesiwo de dzi mia me la ɖa! |
13 |
Elabena, nɔviwo, woyɔ mi va ablɔɖenyenye gbɔ; ɖekoe ablɔɖenyenye la naganye mɔnunana ŋutilã o, ke boŋ misubɔ mia nɔewo le lɔlɔ̃ me! |
14 |
Elabena wowu se blibo la katã nu le nya ɖeka me, le esia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“ |
15 |
Ke ne mieɖu, eye miemi mia nɔewo la, mikpɔ nyuie, be míagatsrɔ̃ mia nɔewo o! |
16 |
Ke mele egblɔm be: Miza le Gbɔgbɔ me, eye miele ŋutilã ƒe nudzodzro dzi wo ge o. |
17 |
Elabena ŋutilã la dzroa nu ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti, eye Gbɔgbɔ la ɖe ŋutilã la ŋuti; elabena esiawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋuti, bene miagawɔ nusiwo mielɔ̃na o. |
18 |
Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, miegale sea te o. |
19 |
Ke ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒã keŋ, esiwo nye: Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, |
20 |
trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, komamãwo, |
21 |
dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo; nusiwo gblɔm mele ɖi na mi, abe alesi megblɔ ɖi na mi xoxo la ene, bena amesiwo wo ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. |
22 |
Ke Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, |
23 |
dɔmefafa, ɖokuidzidudu; nenem nusiawo la se la metsi tre de wo ŋu o. |
24 |
Ke amesiwo nye Kristo tɔ la, woklã woƒe ŋutilã kple woƒe nudzodzro wuamenu wo kpakple ŋubiabiãwo de atitsoga ŋu. |
25 |
Ke ne mienɔ agbe le Gbɔgbɔ me la, minɛ míazɔ le Gbɔgbɔ me hã. |
26 |
Miganɛ míaƒe ŋkuwo nabia le bubu dzodzro ŋuti o, ne míagadi ge le mia nɔewo ŋu, eye miaƒe nu nagave dɔme na mía nɔewo o.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Galatiatɔwo 5:1 |
Galatiatɔwo 5:2 |
Galatiatɔwo 5:3 |
Galatiatɔwo 5:4 |
Galatiatɔwo 5:5 |
Galatiatɔwo 5:6 |
Galatiatɔwo 5:7 |
Galatiatɔwo 5:8 |
Galatiatɔwo 5:9 |
Galatiatɔwo 5:10 |
Galatiatɔwo 5:11 |
Galatiatɔwo 5:12 |
Galatiatɔwo 5:13 |
Galatiatɔwo 5:14 |
Galatiatɔwo 5:15 |
Galatiatɔwo 5:16 |
Galatiatɔwo 5:17 |
Galatiatɔwo 5:18 |
Galatiatɔwo 5:19 |
Galatiatɔwo 5:20 |
Galatiatɔwo 5:21 |
Galatiatɔwo 5:22 |
Galatiatɔwo 5:23 |
Galatiatɔwo 5:24 |
Galatiatɔwo 5:25 |
Galatiatɔwo 5:26 |
|
|
|
|
|
|
Galatiatɔwo 1 / Ga 1 |
Galatiatɔwo 2 / Ga 2 |
Galatiatɔwo 3 / Ga 3 |
Galatiatɔwo 4 / Ga 4 |
Galatiatɔwo 5 / Ga 5 |
Galatiatɔwo 6 / Ga 6 |