1 |
Mizu srɔ̃nyelawo, abe alesi nye hã menye Kristo-srɔ̃la ene. |
2 |
Ke mele mia kafum, nɔviwò, bena mieɖoa ŋku dzinye le nusianu me, eye mielé nyaɖoɖoawo me ɖe asi, abe alesi meɖo na mi la ene. |
3 |
Ke mele ɖiɖim bena, mianyae bena, ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu. |
4 |
Ke ŋutsu sia ŋutsu, si doa gbe ɖa alo gblɔa nya ɖi, eye wòtsyɔ nu ta la, edoa ŋukpe eƒe ta. |
5 |
Ke nyɔnu sia nyɔnu, si doa gbe ɖa alo gblɔa nya ɖi, eye mebia ta o la, edoa ŋukpe eƒe ta, elabena ele abe ɖe wòlũ ta ene. |
6 |
Elabena ne nyɔnu mebia ta o la, na ne wòako ta keŋ! Ke ne enye ŋukpe na nyɔnu be, wòako ta alo wòalũi la, ekema nebia ta. |
7 |
Hafi ŋutsu la negatsyɔ nu ta o; elabena Mawu ƒe nɔnɔme kple eƒe bubu wònye, ke nyɔnu enye ŋutsu ƒe bubu. |
8 |
Elabena ŋutsu metso nyɔnu me o, hafi nyɔnu boŋ ye tso ŋutsu me. |
9 |
Elabena womewɔ ŋutsu le nyɔnu ta o, hafi wowɔ nyɔnu le ŋutsu ta boŋ. |
10 |
Eyata ele na nyɔnu bena, wòakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ta dzi le mawudɔlawo ŋuti. |
11 |
Gake srɔ̃nyɔnu mele Aƒetɔ la me ŋutsu manɔmee o, eye srɔ̃ŋutsu hã mele Aƒetɔ la me nyɔnu manɔmee o. |
12 |
Elabena abe alesi nyɔnu tso ŋutsu me la, nenema ke ŋutsu hã to nyɔnu me va; ke esiawo katã tso Mawu gbɔ. |
13 |
Midrɔ̃e le mia ŋutɔwo mia ɖokui me kpɔ, ɖe wòdze be, nyɔnu, si mebia ta o la, nado gbe ɖa na Mawu mahã? |
14 |
Alo ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mèfia mi bena, ne ɖa legbe li na ŋutsu la; enye ŋukpe nɛ oa? |
15 |
Ke nyɔnu la, ne ɖa legbe li nɛ la, enye bubu nɛ; elabena wotsɔ ɖa legbe nɛ ɖe nutsyɔnu teƒe. |
16 |
Ke ne enyo amea ɖe ŋu be, yeanye dzretɔ la, gake miaƒe nuwɔnawo mele nenem o, eye Mawu ƒe hameawo hã nenema ke. |
17 |
Ke esi mede se sia na mi ta, nyemate ŋu akafu mi o bena, mieva kpea ta, menye bena mianye awu o, ke boŋ bene miagblẽ ɖe dzi awu. |
18 |
Elabena gbã la, ne mieƒo ƒu ɖe hame la ƒe takpekpe me la, mesena bena, mamãwo naa mia dome, eye mexɔa ɖewo dzi sena. |
19 |
Elabena ele vevie bena, kɔmamãwo hã naɖo mia dome, bene amesiwo li ke la, nadze ƒã le mia dome. |
20 |
Azɔ la ne mieva kpe ta ɖe afi ɖeka la, menye Aƒetɔ la ƒe nuɖuɖue nye ekema o. |
21 |
Elabena amesiame tsɔa ye ŋutɔ ƒe nuɖuɖu heɖuna gbã le nuaɖuƒe, ɖɔ nɔa amea ɖe wum, ke ame bubu mua aha. |
22 |
Alo ɖe aƒewo mele mia si, miaɖu nu, eye miano nu le wo me oa? Alo ɖe mieɖoa vlo Mawu ƒe hame, eye mieɖoa ŋukpe amesiwo mekpɔ nuwo o la mahã? Nuka gblɔ ge mala? Ɖe makafu mia? Esia me la nyemele mia kafu ge akpɔ o. |
23 |
Elabena nye la, nusi mexɔ tso Aƒetɔ la gbɔ la, metsɔ de asi na mi bena, Aƒetɔ Yesu le zã, si me wofiã eyome mɔ la, etso abolo ɖe asi, |
24 |
eye esi wòda akpe le eta la, èŋe eme gblɔ bena: „Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã, si woŋe le mia ta; miwo esia, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.“ |
25 |
Nenema ke wòtsɔ kplu le nuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: „Esiae nye nubabla yeye ƒe kplu le nye ʋu me; miwo esia, zi alesi mianoe la, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.“ |
26 |
Elabena zi alesi míeɖua abolo sia, eye mienoa nu le kplu sia nu la, miele gbe ƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku, halase esime wòava va. |
27 |
Eyata amesi ke ɖua abolo sia, alo noa nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadze la, aɖi fɔ le Aƒetɔ la ƒe ŋutilã kple nu la ŋuti. |
28 |
Ke ame naɖo eɖokui akpɔ, eye ale wòaɖu abolo sia ƒe ɖe, eye wòano nu le kplu sia nu. |
29 |
Elabena amesi ɖunɛ alo nonɛ madzemadze la, eɖua, eye wònoa ʋɔnudɔdrɔ̃ na eɖokui, elabena mebu Aƒetɔ la ƒe ŋutilã me kpɔna o. |
30 |
Esia ŋuti mia dome ame geɖe ƒe lãme gbɔdzɔ, eye amewo le dɔ lém, eye ame geɖewo ku. |
31 |
Elabena ɖe mieɖu mia ɖokui me kpɔ la, anye ne womele ʋɔnu drɔ̃ ge mi o. |
32 |
Ke ne wodrɔ̃ ʋɔnu mi la, Aƒetɔ la hea to na mi, bene womagabu fɔ mi kple xexeame zi ɖeka o. |
33 |
Eyata, nɔviwò, ne mieva kpe ta le nu ɖu ge la, ekema milala mia nɔewo. |
34 |
Ke ne ɖa le amea ɖe wum la, neɖu nu le aƒe me, bene miagava kpe ta hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o. Ke ne meva la, maɖo nusiwo susɔ la.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
1 Korintotɔwo 11:1 |
1 Korintotɔwo 11:2 |
1 Korintotɔwo 11:3 |
1 Korintotɔwo 11:4 |
1 Korintotɔwo 11:5 |
1 Korintotɔwo 11:6 |
1 Korintotɔwo 11:7 |
1 Korintotɔwo 11:8 |
1 Korintotɔwo 11:9 |
1 Korintotɔwo 11:10 |
1 Korintotɔwo 11:11 |
1 Korintotɔwo 11:12 |
1 Korintotɔwo 11:13 |
1 Korintotɔwo 11:14 |
1 Korintotɔwo 11:15 |
1 Korintotɔwo 11:16 |
1 Korintotɔwo 11:17 |
1 Korintotɔwo 11:18 |
1 Korintotɔwo 11:19 |
1 Korintotɔwo 11:20 |
1 Korintotɔwo 11:21 |
1 Korintotɔwo 11:22 |
1 Korintotɔwo 11:23 |
1 Korintotɔwo 11:24 |
1 Korintotɔwo 11:25 |
1 Korintotɔwo 11:26 |
1 Korintotɔwo 11:27 |
1 Korintotɔwo 11:28 |
1 Korintotɔwo 11:29 |
1 Korintotɔwo 11:30 |
1 Korintotɔwo 11:31 |
1 Korintotɔwo 11:32 |
1 Korintotɔwo 11:33 |
1 Korintotɔwo 11:34 |
|
|
|
|
|
|
1 Korintotɔwo 1 / 1Ko 1 |
1 Korintotɔwo 2 / 1Ko 2 |
1 Korintotɔwo 3 / 1Ko 3 |
1 Korintotɔwo 4 / 1Ko 4 |
1 Korintotɔwo 5 / 1Ko 5 |
1 Korintotɔwo 6 / 1Ko 6 |
1 Korintotɔwo 7 / 1Ko 7 |
1 Korintotɔwo 8 / 1Ko 8 |
1 Korintotɔwo 9 / 1Ko 9 |
1 Korintotɔwo 10 / 1Ko 10 |
1 Korintotɔwo 11 / 1Ko 11 |
1 Korintotɔwo 12 / 1Ko 12 |
1 Korintotɔwo 13 / 1Ko 13 |
1 Korintotɔwo 14 / 1Ko 14 |
1 Korintotɔwo 15 / 1Ko 15 |
1 Korintotɔwo 16 / 1Ko 16 |