1 |
Ke amesi gbɔdzɔ le xɔse me la, mixɔe, gake menye bene miahe nya le tamesusu vovovowo ŋuti o. |
2 |
Ame ɖeka xɔna sena bena, yeate ŋu aɖu nusianu, ke amesi gbɔdzɔ la, ama ko wòɖuna. |
3 |
Amesi dua nu la, nagaɖo vlo amesi meɖua nu o la o; eye amesi meɖua nu o la, nagadrɔ̃ ʋɔnu amesi ɖunɛ la o, elabena Mawu xɔe. |
4 |
Wò la, ameka nènye be, nèdrɔ̃a ʋɔnu ame bubu ƒe dɔla? Ye ŋutɔ ƒe aƒetɔ wòle tsitre na, alo wòdze anyi na; gake anɔ tsitre, elabena Mawu ate ŋu alée ɖe tsitre. |
5 |
Ame ɖeka bua ŋkeke ɖeka wua ŋkeke bubu, ke ame bubu bua ŋkeke sia ŋkeke sɔsɔe. Amesiame nakpɔ kakaɖedzi le ye ŋutɔ ƒe tamesusu me. |
6 |
Amesi bua ŋkeke la, ebunɛ na Aƒetɔ la; eye amesi mebua ŋkeke o la. Aƒetɔ lae mebunɛ na o. Amesi ɖua nu la, eɖunɛ na Aƒetɔ la, elabena eda akpe na Mawu; eye amesi meɖua nu o la, Aƒetɔ lae meɖunɛ na o, eye wodaa akpe na Mawu. |
7 |
Elabena mia dome amea ɖeke mele agbe na eɖokui o, eye amea ɖeke mekuna na eɖokui o. |
8 |
Elabena ne míele agbe la, miele agbe na Aƒetɔ la, eye ne mieku la, mieku na Aƒetɔ la. Azɔ nenye míele agbe alo mieku la. Aƒetɔ la tɔ míenye. |
9 |
Elabena esia ŋuti Kristo ku, eye wògagbɔ agbe ɖo, bene wòaɖu Aƒetɔ ɖe ame kukuwo kple ame gbagbewo siaa dzi. |
10 |
Ke wò la, nukaŋuti nèdrɔ̃a ʋɔnu nɔviwò mahã? Alo wò hã, nukaŋuti nèdo vlo nɔviwò mahã? Elabena mi katã míava nɔ tsitre ɖe Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ. |
11 |
Elabena woŋlɔ ɖi bena; „Aƒetɔ la gblɔ be: Meta nye agbe: Woadze klo sia klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu me na Mawu.“ |
12 |
Eyata azɔ mía dome ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu. |
13 |
Azɔ la migana miadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔewo o, hafi midrɔ̃ ʋɔnu le nusia ŋuti boŋ bena, amea ɖeke nagatsɔ nukikli alo nuɖiaɖia ada ɖe nɔvia ƒe mɔ dzi o. |
14 |
Menyae, eye mekpɔ kakaɖedzi le Aƒetɔ Yesu me bena, naneke menye kɔgblẽɖonu le eɖokui si o, negbe amesi ke bua nane kɔgblẽɖonu la, eyama wòzu kɔgblẽɖonu na. |
15 |
Ke ne nɔviwò le nu xam le wò nuɖuɖu ŋuti la, ekema megale zɔzɔm le lɔlɔ̃ la nu o. Megatsɔ wò nuɖuɖu tsrɔ̃ ame ma, si la Kristo ku ɖo la o! |
16 |
Azɔ la migana woagblɔ busunya ɖe miaƒe nu nyui la ŋuti o!: |
17 |
Elabena mawufiaɖuƒe la menye nuɖuɖu kple nunono o, ke dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kple dzidzɔ le Gbɔgbɔ kɔkɔe me boŋ ye. |
18 |
Elabena amesi ke subɔa Kristo le nusiawo me la, eƒe nu nyoa Mawu ŋu, eye wòdzea amewo ŋu. |
19 |
Eyata azɔ minɛ míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome? |
20 |
Megagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ le nuɖuɖu ta o! Nusianu ŋuti kɔ hafi; gake la enye vɔ̃ na amesi ɖui le nuɖiaɖia me. |
21 |
Enyo bena, màɖu lã o, eye màno aha hã o, alo mawɔ nane, si nɔviwò klina alo wòɖia enu alo wògbɔdzɔna le eŋuti la o. |
22 |
Wò la, xɔse, si le asiwò la, nanɔ asiwò na wò ŋutɔ le Mawu ŋku me. Woayra amesi medrɔ̃ ʋɔnu eɖokui le nusi wòdo kpɔ wòdze la ŋuti o. |
23 |
Ke amesi le ɖi kem, ne eɖui la, wobu fɔe, elabena èwɔ nusi metso xɔse me o; ke nusianu, si metso xɔse me o la, nuvɔ̃ wònye.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Romatɔwo 14:1 |
Romatɔwo 14:2 |
Romatɔwo 14:3 |
Romatɔwo 14:4 |
Romatɔwo 14:5 |
Romatɔwo 14:6 |
Romatɔwo 14:7 |
Romatɔwo 14:8 |
Romatɔwo 14:9 |
Romatɔwo 14:10 |
Romatɔwo 14:11 |
Romatɔwo 14:12 |
Romatɔwo 14:13 |
Romatɔwo 14:14 |
Romatɔwo 14:15 |
Romatɔwo 14:16 |
Romatɔwo 14:17 |
Romatɔwo 14:18 |
Romatɔwo 14:19 |
Romatɔwo 14:20 |
Romatɔwo 14:21 |
Romatɔwo 14:22 |
Romatɔwo 14:23 |
|
|
|
|
|
|
Romatɔwo 1 / Rom 1 |
Romatɔwo 2 / Rom 2 |
Romatɔwo 3 / Rom 3 |
Romatɔwo 4 / Rom 4 |
Romatɔwo 5 / Rom 5 |
Romatɔwo 6 / Rom 6 |
Romatɔwo 7 / Rom 7 |
Romatɔwo 8 / Rom 8 |
Romatɔwo 9 / Rom 9 |
Romatɔwo 10 / Rom 10 |
Romatɔwo 11 / Rom 11 |
Romatɔwo 12 / Rom 12 |
Romatɔwo 13 / Rom 13 |
Romatɔwo 14 / Rom 14 |
Romatɔwo 15 / Rom 15 |
Romatɔwo 16 / Rom 16 |