1 |
Eye le ŋkeke siawo me, esime nusrɔ̃lawo le agbɔ sɔm la, liʋiliʋi ɖo Helatɔwo dome de Hebritɔwo ŋu, elabena wosaa woawo ƒe ahosiwo ɖi le gbesiagbe dzikpɔkpɔ la me. |
2 |
Tete ame wuieveawo yɔ nusrɔ̃lawo ƒe ha ƒo ƒu, eye wogblɔ bena: Medze be, miagblẽ mawunya la ɖi asubɔ le kplɔ ŋuti o. |
3 |
Eyata, nɔviwo, miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖasediɖi nyui, eye woyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya la, amesiwo míaɖo ɖa sia nu. |
4 |
Ke miawo la miana gbedodoɖa kple nya la ƒe subɔsubɔ dzi. |
5 |
Eye nya lé dze ha blibo la katã ŋu; eye wotia Stefano, ŋutsu, si ya fũ kple xɔse kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, kple Filipo, Prokoro kple Nikanora, Timona, Parmena kple Nikolao, si nye trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔ tso Antioxia, |
6 |
amesiwo wotsɔ ɖo apostoloawo ƒe ŋku me; eye esi wodo gbe ɖa vo la, wòda asi ɖe wo dzi. |
7 |
Eye mawunya la keke ta, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme le agba sɔm ŋutɔ le Yerusalem; eye nunɔlawo ƒe ha gãa ɖe hã na ta xɔse la. |
8 |
Ke Stefano, si yɔ fũ kple amenuveve kple ŋusẽ la, wo nukunuwo kple dzesi gãwo le dukɔ la dome. |
9 |
Eye amea ɖewo tso ƒuƒoƒe, si woyɔna be Libertine-tɔwo kple Kirenetɔwo kple Aleksandriatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la me, kpakple amesiwo tso Kilikia kple Asia la, tsi tre hele nusesẽe wɔm kple Stefano. |
10 |
Eye womete ŋu tsi tre de nunya kple gbɔgbɔ, si wòtso le nu ƒom la nu o. |
11 |
Tete wotra ŋutsua ɖewo ɖe wo me, amesiwo gblɔ bena: Miese wòle busunyawo gblɔm ɖe Mose kple Mawu ŋu. |
12 |
Eye wode zi dukɔ la kple amegãwo kpakple agbalẽfialawo me; eye wova dze edzi, eye wòlée hekplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me; |
13 |
eye woɖo aʋatsoɖaseɖilawo, amesiwo gblɔ bena: Nenem me sia midzudzɔ nuƒoƒo ɖe teƒe kokoe la kple se la ŋu o; |
14 |
elabena miese wògblɔ bena: Yesu, Nazaretetɔ sia lagblẽ teƒe sia, eye wòaɖuɖɔ kɔnuwɔwɔ, siwo Mose tsa de asi na mí. |
15 |
Eye amesiwo katã bɔbɔ nɔ ʋɔnua la, esi wòlé ŋku ɖe edzi gã la, wokpɔ eƒe mo abe mawudɔlaa ɖe ƒe mo ene.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Dɔwɔwɔwo 6:1 |
Dɔwɔwɔwo 6:2 |
Dɔwɔwɔwo 6:3 |
Dɔwɔwɔwo 6:4 |
Dɔwɔwɔwo 6:5 |
Dɔwɔwɔwo 6:6 |
Dɔwɔwɔwo 6:7 |
Dɔwɔwɔwo 6:8 |
Dɔwɔwɔwo 6:9 |
Dɔwɔwɔwo 6:10 |
Dɔwɔwɔwo 6:11 |
Dɔwɔwɔwo 6:12 |
Dɔwɔwɔwo 6:13 |
Dɔwɔwɔwo 6:14 |
Dɔwɔwɔwo 6:15 |
|
|
|
|
|
|
Dɔwɔwɔwo 1 / Dɔw 1 |
Dɔwɔwɔwo 2 / Dɔw 2 |
Dɔwɔwɔwo 3 / Dɔw 3 |
Dɔwɔwɔwo 4 / Dɔw 4 |
Dɔwɔwɔwo 5 / Dɔw 5 |
Dɔwɔwɔwo 6 / Dɔw 6 |
Dɔwɔwɔwo 7 / Dɔw 7 |
Dɔwɔwɔwo 8 / Dɔw 8 |
Dɔwɔwɔwo 9 / Dɔw 9 |
Dɔwɔwɔwo 10 / Dɔw 10 |
Dɔwɔwɔwo 11 / Dɔw 11 |
Dɔwɔwɔwo 12 / Dɔw 12 |
Dɔwɔwɔwo 13 / Dɔw 13 |
Dɔwɔwɔwo 14 / Dɔw 14 |
Dɔwɔwɔwo 15 / Dɔw 15 |
Dɔwɔwɔwo 16 / Dɔw 16 |
Dɔwɔwɔwo 17 / Dɔw 17 |
Dɔwɔwɔwo 18 / Dɔw 18 |
Dɔwɔwɔwo 19 / Dɔw 19 |
Dɔwɔwɔwo 20 / Dɔw 20 |
Dɔwɔwɔwo 21 / Dɔw 21 |
Dɔwɔwɔwo 22 / Dɔw 22 |
Dɔwɔwɔwo 23 / Dɔw 23 |
Dɔwɔwɔwo 24 / Dɔw 24 |
Dɔwɔwɔwo 25 / Dɔw 25 |
Dɔwɔwɔwo 26 / Dɔw 26 |
Dɔwɔwɔwo 27 / Dɔw 27 |
Dɔwɔwɔwo 28 / Dɔw 28 |