1 |
Eye wògayi ɖe ƒuƒoƒe, eye amea ɖe le afima, si titi lé asi na. |
2 |
Eye wole ŋudzɔ nɛ be, aɖa gbe le eŋu le Sabat dzi loo, bena yewoatso enu. |
3 |
Eye wògblɔ na amesi titi lé asi na la bena: Tsi tre ɖe titina. |
4 |
Eye wòbia wo bena: Ɖe woɖe mo bena, woawo nu nyui alo woawo nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe ame, alo woawui mahã? Ke woawo zi kpi. |
5 |
Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo. |
6 |
Tete farisitɔwo do go enumake kple Herodiahawo, eye wode adaŋu le eyama ŋuti, alesi woawɔ awui. |
7 |
Eye Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui ɖa yi ƒu la nu; eye ameha gã tso Galilea kple Yudea va dze eyome. |
8 |
Eye esi wose nusiwo wòwɔ la, ameha gãa ɖe tso Yerusalem kple Idumea kple Yordan godo kpakple Tiro kple Zidon-nutoawo meva egbɔ. |
9 |
Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena, woadzra ʋuvi la do na ye le ameha la ŋuti bena, ne woagamimi ye ɖo o; |
10 |
elabena eda gbe le ame geɖewo ŋuti ale bena, ame geɖe alesinu le veve sem la, te ɖe edzi, bena yewoade asi eŋu. |
11 |
Eye gbɔgbɔ makɔmakɔwo, ne wokpɔe ko la, wodzea klo ɖe ekɔ me, eye woɖoa ɣli gblɔna bena: Wòe nye Mawuvi la. |
12 |
Eye wogbe nya na wo vevie ŋuta bena, ne woagana wòanya ye o. |
13 |
Eye wòyi ɖe to la dzi, eye wòyɔ amesiwo ye ŋuta le didim la, va egbɔe, eye woyi egbɔ. |
14 |
Eye wòɖo ame wuieve, bena woanɔ ye ŋuti, eye bena yeadɔ wo aɖo ɖa woaɖaɖe gbe ƒã, |
15 |
eye bena ŋusẽ nanɔ wo si hena gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanyà do goe. |
16 |
Eye wòdo ame wuieveawo, Simon, eyae wòna ŋkɔe bena Petro, |
17 |
Yakobo, Zebedeo vi la, kple Yohanes, Yakobo nɔvi la, eye wòna ŋkɔ woawo bena Boanerges, si gɔme enye dziɖegbeviwo; |
18 |
Andrea kple Filipo, Bartolomeo kple Toma, Yakobo, Alfeo vi la, Tadeo, Simon, Kananitɔ la, |
19 |
kpakple Yuda Iskariot, si fia eyome mɔ la hã. |
20 |
Eye wòva aƒe me. Eye ameha la gale ƒu ƒom ale bena, womete ŋu ɖu abolo gɔ̃ hã o. |
21 |
Eye esi etowo see la, wodo go yi ele ge; elabena wogblɔ be: Eƒe tame da! |
22 |
Eye agbalẽfiala, siwo tso Yerusalem va la, gblɔ bena Beelzebul le eme, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi. |
23 |
Eye esi wòyɔ wo va egbɔ la, eƒo nu na wo le lododowo me bena: Aleke Satana ate ŋu anyã Satana ado goe mahã? |
24 |
Eye ne fiaduƒe mã de ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema fiaduƒe ma mate ŋu anɔ anyi o. |
25 |
Eye ne aƒe mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema aƒe ma mate ŋu anɔ anyi o. |
26 |
Eye ne Satana tsi tre ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ekema emã, eye emate ŋu anɔ anyi o, ke boŋ enu lava tsi. |
27 |
Amea ɖeke mate ŋu ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe me, eye wòaha eƒe aƒemenuwo o; negbe ɖeko woabia ŋusẽtɔ la gbã hafi aha eƒe aƒe. |
28 |
Vavã mele egblɔm na mi bena: Woatsɔ amegbetɔviwo ƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔna, kple busunya, siwo wogblɔna la, ake wo; |
29 |
ke amesi agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ kɔkɔe la ŋu la, makpɔ tsɔtsɔke vaseɖe mavɔmavɔ me o; ke boŋ enyi nuvɔ̃ mavɔmavɔ ƒe fe; |
30 |
elabena wogblɔ be: Gbɔgbɔ makɔmakɔ le eme. |
31 |
Eye dadaa kple nɔviawo va afima, eye wole tsi tre le xexe, da ame ɖe egbɔ be, woayɔe ɖa. |
32 |
Eye ameha la le anyinɔƒe ƒo xlãe. Eye wogblɔ nɛ bena: Kpɔ ɖa, dawò kple nɔviwòŋutsuwo kpakple nɔviwònyɔnuwo le xexe le diwòm. |
33 |
Eye wòɖo ŋu na wo bena: Amekawo nye danye kple nɔvinyewo mahã? |
34 |
Eye esi wòkpɔ amesiwo le anyinɔƒe ƒo xlãe dzi godoo la, egblɔ bena: Mikpɔ danye kple nɔvinyewo ɖa! |
35 |
Amesi ke awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, eya kee nye nɔvinyeŋutsu, ganye nɔvinyenyɔnu, ganye danye hã.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Marko 3:1 |
Marko 3:2 |
Marko 3:3 |
Marko 3:4 |
Marko 3:5 |
Marko 3:6 |
Marko 3:7 |
Marko 3:8 |
Marko 3:9 |
Marko 3:10 |
Marko 3:11 |
Marko 3:12 |
Marko 3:13 |
Marko 3:14 |
Marko 3:15 |
Marko 3:16 |
Marko 3:17 |
Marko 3:18 |
Marko 3:19 |
Marko 3:20 |
Marko 3:21 |
Marko 3:22 |
Marko 3:23 |
Marko 3:24 |
Marko 3:25 |
Marko 3:26 |
Marko 3:27 |
Marko 3:28 |
Marko 3:29 |
Marko 3:30 |
Marko 3:31 |
Marko 3:32 |
Marko 3:33 |
Marko 3:34 |
Marko 3:35 |
|
|
|
|
|
|
Marko 1 / Mar 1 |
Marko 2 / Mar 2 |
Marko 3 / Mar 3 |
Marko 4 / Mar 4 |
Marko 5 / Mar 5 |
Marko 6 / Mar 6 |
Marko 7 / Mar 7 |
Marko 8 / Mar 8 |
Marko 9 / Mar 9 |
Marko 10 / Mar 10 |
Marko 11 / Mar 11 |
Marko 12 / Mar 12 |
Marko 13 / Mar 13 |
Marko 14 / Mar 14 |
Marko 15 / Mar 15 |
Marko 16 / Mar 16 |