1 |
Le ŋkeke mawo me la Yohanes, mawutsidetanamela, va do, eye wòle gbe ƒã ɖem le Yudea-gbedzi |
2 |
le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me: elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ. |
3 |
Elabena nenem me sia enye ame, si ŋuti wogblɔ nya ɖi le to nyagblɔɖila Yesaya dzi bena: „Amesi le ɣli dom le gbeadzi la ƒe gbe enye esi: Midzra Aƒetɔ ƒe mɔ la ɖo, miwɔ eƒe mɔtalawo dzɔdzɔe.“ |
4 |
Ke Yohanes la ŋutɔ la, kposɔfuwu le eŋu, eye lãgbalẽlidziblanu le eƒe ali dzi; eye eƒe nuɖuɖu enye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi. |
5 |
Tete wotso Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Yordan-nutowo katã me godoo va egbɔ. |
6 |
Eye wona wòde mawutsi ta na wo ɖe Yordan-tɔsisi la me, le esime woʋu woƒe nuvɔ̃wo me nɛ. |
7 |
Eye esi wòkpɔ farisitɔ kple zadukitɔ geɖewo va eƒe mawutsidedetaname gbɔ la, egblɔ na wo bena: Dawo ƒe dzidzimewo! Amekae gblɔe fia mi bena, miasi atso dɔmedzoe, si gbɔna la nu mahã? |
8 |
Azɔ mitse ku, si dze dzimetɔtrɔ, |
9 |
eye migabu ne miagblɔ le mia ɖokui me bena: Abraham enye mia fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso keke kpe siawo me ke na Abraham. |
10 |
Ke azɔ la wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gã hã xoxo. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me. |
11 |
Nye la metso tsi de mawutsi la na mi hena dzimetɔtrɔ; gake amesi le megbenye gbɔna la, tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo medzem be, matsɔ wo o la, eya atso Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi; |
12 |
amesi si lugbɔnu le, eye wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo eƒe lu nu ƒu ala ɖe ava me, ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe. |
13 |
Le ɣemaɣi me Yesu tso Galilea va Yohanes gbɔ le Yordantɔsisi la to, bena woade mawutsi ta na ye. |
14 |
Ke Yohanes xe mɔ nɛ gblɔ bena: Nye boŋ wòhiã bena, wò nade mawutsi ta na, eye wòa nèva gbɔnyea? |
15 |
Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu. Tete wòɖe mo nɛ. |
16 |
Ke esi wode mawutsi ta na Yesu vɔ la, edo go tso taa me enumake; eye kpɔ ɖa, dziƒowo ʋu nɛ, eye wokpe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le ɖiɖim abe akpakpa ene va edzi: |
17 |
eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Mateo 3:1 |
Mateo 3:2 |
Mateo 3:3 |
Mateo 3:4 |
Mateo 3:5 |
Mateo 3:6 |
Mateo 3:7 |
Mateo 3:8 |
Mateo 3:9 |
Mateo 3:10 |
Mateo 3:11 |
Mateo 3:12 |
Mateo 3:13 |
Mateo 3:14 |
Mateo 3:15 |
Mateo 3:16 |
Mateo 3:17 |
|
|
|
|
|
|
Mateo 1 / Mat 1 |
Mateo 2 / Mat 2 |
Mateo 3 / Mat 3 |
Mateo 4 / Mat 4 |
Mateo 5 / Mat 5 |
Mateo 6 / Mat 6 |
Mateo 7 / Mat 7 |
Mateo 8 / Mat 8 |
Mateo 9 / Mat 9 |
Mateo 10 / Mat 10 |
Mateo 11 / Mat 11 |
Mateo 12 / Mat 12 |
Mateo 13 / Mat 13 |
Mateo 14 / Mat 14 |
Mateo 15 / Mat 15 |
Mateo 16 / Mat 16 |
Mateo 17 / Mat 17 |
Mateo 18 / Mat 18 |
Mateo 19 / Mat 19 |
Mateo 20 / Mat 20 |
Mateo 21 / Mat 21 |
Mateo 22 / Mat 22 |
Mateo 23 / Mat 23 |
Mateo 24 / Mat 24 |
Mateo 25 / Mat 25 |
Mateo 26 / Mat 26 |
Mateo 27 / Mat 27 |
Mateo 28 / Mat 28 |