1 |
Ke le ŋkeke, si dze Sabat yome, si nye kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ƒe ŋdikanya la, Maria, Magdalatɔ, kple Maria keme la wova yɔdo la kpɔ ge ɖa. |
2 |
Eye kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu ŋutɔ, elabena Aƒetɔ la ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpe la ɖa le yɔdo la nu, eye wòbɔbɔ no edzi. |
3 |
Eye eƒe kpɔkpɔme le abe dzikedzo ene, eye eƒe awu fu tititi abe sno ene; |
4 |
ke dzɔlawo dzo nyanyanya, eye wozu abe ame kukuwo ene le ŋɔ, si wòdzi na wo la ŋuti. |
5 |
Eye mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo bena: Miawo la migavɔ̃ o; elabena menyae bena, Yesu, amesi woklã ɖe ati ŋu la, dim miele. |
6 |
Mele afisia o, elabena etsi tre, abe alesi wògblɔ ɖi ene. Mite va kpɔ afisi wòmia la ɖa. |
7 |
Eye miyi kaba ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Etsi tre tso ame kukuwo dome; eye kpɔ ɖa, edze mia ŋgɔ yi Galilea, afima míakpɔe le; kpɔ ɖa, metoe na mi. |
8 |
Eye wodo go tso yɔdo la me enumake kple vovɔ̃ kpakple dzidzɔ gã, eye woƒu du, bena woaɖaka eta na eƒe nusrɔ̃lawo. |
9 |
Eye kpɔ ɖa, Yesu va kpe wo gblɔ bena: Miɖo aƒe! Eye wote ɖe eŋu lé eƒe afɔwo hedze klo nɛ. |
10 |
Tete Yesu gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo bena, wòayi Galilea, eye afima woakpɔm le. |
11 |
Ke esi wole yiyim la, kpo ɖa, dzɔlawo dometɔa ɖewo yi dua me ɖaka nusiwo katã va dzo la ta na nunɔlagãwo. |
12 |
Eye esi woa kple amegãwo ƒo ƒu la, wode adaŋu, eye wotso klosalo geɖe na asrafoawo bena: |
13 |
Migblɔ bena: Eƒe nusrɔ̃lawo va le zã me, eye wofii yii, esime mieɖo alɔ̃. |
14 |
Eye ne nya sia ɖi mɔ̃mefia se la, ekema miawo míalé enu, eye miawo miavo atso fuɖeɖe me. |
15 |
Eye woxɔ klosalo la, eye wowɔ, abe alesi wòfiã mɔnu wo ene; eye nenem nya sia kaka ɖe Yudatɔwo dome vaseɖe egbegbe. |
16 |
Ke nusrɔ̃la wuiɖekɛawo yi Galilea ɖe to, si Yesu fia wo ɖi la dzi. |
17 |
Eye esi wokpɔe la, wodze klo nɛ, ke amea ɖewo ke ɖi. |
18 |
Eye Yesu te va wo gbã, ƒo nu na wo gblɔ bena: Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam. |
19 |
Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, |
20 |
miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Mateo 28:1 |
Mateo 28:2 |
Mateo 28:3 |
Mateo 28:4 |
Mateo 28:5 |
Mateo 28:6 |
Mateo 28:7 |
Mateo 28:8 |
Mateo 28:9 |
Mateo 28:10 |
Mateo 28:11 |
Mateo 28:12 |
Mateo 28:13 |
Mateo 28:14 |
Mateo 28:15 |
Mateo 28:16 |
Mateo 28:17 |
Mateo 28:18 |
Mateo 28:19 |
Mateo 28:20 |
|
|
|
|
|
|
Mateo 1 / Mat 1 |
Mateo 2 / Mat 2 |
Mateo 3 / Mat 3 |
Mateo 4 / Mat 4 |
Mateo 5 / Mat 5 |
Mateo 6 / Mat 6 |
Mateo 7 / Mat 7 |
Mateo 8 / Mat 8 |
Mateo 9 / Mat 9 |
Mateo 10 / Mat 10 |
Mateo 11 / Mat 11 |
Mateo 12 / Mat 12 |
Mateo 13 / Mat 13 |
Mateo 14 / Mat 14 |
Mateo 15 / Mat 15 |
Mateo 16 / Mat 16 |
Mateo 17 / Mat 17 |
Mateo 18 / Mat 18 |
Mateo 19 / Mat 19 |
Mateo 20 / Mat 20 |
Mateo 21 / Mat 21 |
Mateo 22 / Mat 22 |
Mateo 23 / Mat 23 |
Mateo 24 / Mat 24 |
Mateo 25 / Mat 25 |
Mateo 26 / Mat 26 |
Mateo 27 / Mat 27 |
Mateo 28 / Mat 28 |