1 |
Ke esi ŋu ke la, nunɔlagãwo kple dumegãwo katã de adaŋu le Yesu ŋuti, bena yewoawui; |
2 |
eye wobiae, kplɔe yi ɖade asi na Pontio Pilato, mɔ̃mefia la. |
3 |
Tete esi Yuda, amesi fia eyome mɔ, kpɔ bena, wotso kufia nɛ la, evee, eye wògbugbɔ klosalo, blaetɔ̃ la yi na nunɔlagãwo kple amegãwo gblɔ bena: |
4 |
Mewo nuvɔ̃ be, mede ʋu maɖifɔ asi. Ke woawo gblɔ bena: Mía gbɔ nya kae wotsoa? Wò ŋutɔ kpɔ edzi! |
5 |
Eye wòtso klosalo la ƒu gbe ɖe mawuxɔ la me hedzo, eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui. |
6 |
Ke nunɔlagãwo fɔ klosalo la gblɔ bena: Womeɖe mɔ bena, woatsɔe ade nudzɔdzɔ me o; elabena ʋuƒlegae. |
7 |
Eye wode adaŋu, eye wotsɔe ƒle zemela ƒe abɔ, ne wòanye amedzrowo ƒe ɖiƒe. |
8 |
Eyaŋuti woyɔ abɔ ma be ʋubɔ vaseɖe egbegbe. |
9 |
Ale wowu nya, si nyagblɔɖila Yeremya gblɔ ɖi la nu bena: „Eye wotsɔ klosalo blaetɔ̃, si enye amesi ŋu Israel-via ɖewo do asi ɖo la, ƒe tanu, |
10 |
eye wotsɔ wo na ɖe zemela ƒe abɔ ta, abe alesi Aƒetɔ la ɖo nam ene.“ |
11 |
Eye Yesu le tsitre ɖe mɔ̃mefia la ƒe ŋku me, eye mɔ̃mefia la biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe. |
12 |
Eye esi nunɔlagãwo kple dumegãwo tso enu la, meɖo nyaa ɖeke ŋu o. |
13 |
Tete Pilato gblɔ nɛ bena: Ɖe mèle ɖase, si ɖim wole le ŋutiwò la, sem o mahã? |
14 |
Eye meɖo nyaku ɖeka hɔ̃ hã ŋu nɛ o, ale bena mɔ̃mefia la ƒe mowɔ yaa ŋutɔ. |
15 |
Eye le ŋkekenyuie sia dzi ɖaa la mɔ̃mefia la lɔ̃a asiɖeɖe le gatɔ ɖeka ŋuti na ameha la, amesi ke wolɔ̃. |
16 |
Ke le ɣemaɣi me la gatɔa ɖe, si ameawo nya la, le wo si, si woyɔna be Baraba. |
17 |
Eyaŋuti esi woƒo wo ɖokui nu ƒu la, Pilato gblɔ na wo bena: Ameka ŋue mielɔ̃ bena, maɖe asi le na mia? Baraba loo alo Yesu, si woyɔna be Kristo la mahã? |
18 |
Elabena ènyae bena, ŋuʋaʋã ŋutie wotsɔe de asi ɖo. |
19 |
Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnuɖrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a dɔ ɖo ɖe egbɔ gblɔ bena: Megawɔ naneke kple ame dzɔdzɔe ma o; elabena eto ƒe zã me la mekpe fu geɖe le drɔ̃eƒe le eta. |
20 |
Ke nunɔlagãwo kple amegãwo ƒoe ɖe amehawo nu bena, woabia Baraba, eye woawu Yesu. |
21 |
Eye mɔ̃mefia la xɔ edzi gblɔ na wo bena: Ame eve la dometɔ ka ŋuti miele didim bena, maɖe asi le na mi mahã? Ke woawo gblɔ bena: Baraba ye! |
22 |
Pilato gblɔ na wo bena: Ekema nuka mawo Yesu, si woyɔna be Kristo la mahã? Wo katã wogblɔ bena: Na woaklãe ɖe ati ŋuti! |
23 |
Ke egblɔ bena: Ekema vɔ̃ ka gɔ̃ wòwɔ mahã? Ke woawo do ɣli sesĩe wu bena: Na woaklãe ɖe ati ŋuti! |
24 |
Eye esi Pilato kpo bena, wɔwɔa ɖeke megali o, ke zi tɔ hoo boŋ la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ƒe ŋku me gblɔ bena: Nye la, ʋu sia mele asinye me o; mia ŋutɔwo mikpɔ edzi! |
25 |
Eye dukɔ blibo la katã xɔ dzi bena: Eƒe ʋu neva mía kple mía viwo dzi! |
26 |
Tete wòɖe asi le Baraba ŋu na wo; ke Yesu la, eƒoe kple atam, eye woɖee asi, bena woakpe de ati ŋuti. |
27 |
Tete mɔ̃mefia la ƒe asrafowo tso Yesu, eye wokplɔe yi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe, eye asrafoha blibo la katã ƒo ƒu ɖe eŋuti. |
28 |
Eye woɖe awu le eŋuti, eye wotsɔ awu dzi ʋlaya hedo nɛ. |
29 |
Eye wotsɔ ŋu he tsihe ɖɔ nɛ, eye wotsɔ ayeti de nuɖusi me nɛ, eye wodze klo ɖe eƒe ŋku me, ɖu fewu le eŋuti gblɔ bena: Mieɖo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia! |
30 |
Eye woɖe ta ɖe eŋuti, eye woxɔ ayeti la ƒo tame nɛ. |
31 |
Eye esi woɖu fewu le eŋuti vo la, woɖe awu ʋlaya la le eŋu, eye wogatsɔ ye ŋuta ƒe awuwo do nɛ, eye wokplɔe yina kaklã ge ɖe ati ŋuti. |
32 |
Ke esi wodo go yina la, wokpɔ ŋutsua ɖe, si tso Kirene, amesi ƒe ŋkɔ enye Simon, eye wozi eyama dzi bena, wòatsɔ atitsoga la nɛ. |
33 |
Eye esi woɖo afisi woyɔna be Golgata, si gɔme nye ametakoliƒe la, |
34 |
wotsɔ aha tsitsi kple veve tɔtɔ ɖo nu nɛ; eye esi wòɖoe kpɔ la, egbe be, yemele eno ge o. |
35 |
Ke esi woklãe ɖe ati ŋuti megbe la, womã eƒe awuwo me, eye wodzidze nu ɖe wo dzi, bena woawu nya, si nyagblɔɖila gblɔ ɖi la nu bena: „Wòmã nye awuwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu ʋlaya dzi.“ |
36 |
Eye wobɔbɔ nɔ anyi ɖe afima le eŋu dzɔm. |
37 |
Eye woŋlɔ eƒe nutsonya ɖo tagbɔ nɛ bena; Yesu, Yudatɔwo ƒe fia la, enye esi! |
38 |
Eye woklã adzodala eve ɖe ali ŋu kpe ɖe eŋuti, ɖeka le nuɖusi me, eye ɖeka le mia me. |
39 |
Eye amesiwo le eŋuti tom le yiyim la, do ɖiŋu nɛ de ta ʋuʋum, |
40 |
eye wole gbɔgblɔm bena: Wò, amesi le mawuxɔ la gbãm gale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la, ɖe ɖokuiwò; nenye Mawuvi nènye la, ekema ɖi le atitsoga la ŋuti! |
41 |
Nenema ke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo kple dumegãwo le fewu ɖum le eŋuti le gbɔgblɔm bena: |
42 |
Eɖe ame bubuwo, eye mate ŋu aɖe ye ŋutɔ ɖokui o; nenye Israel ƒe fia wònye la, ekema neɖi le atitsoga la ŋuti azɔ, eye miaxɔ edzi ase. |
43 |
Eɖo dzi ɖe Mawu ŋuti; eya naɖee azɔ, ne elɔ̃nɛ, elabena egblɔ be, Mawuvi yenye. |
44 |
Nenema ke adzodala, siwo woklã ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋuti la, hã dzui. |
45 |
Ke tso gaƒoƒo adelia dzi la zãdokeli do de anyigba la katã dzi vaseɖe gaƒoƒo asiekelia dzi. |
46 |
Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe bena: Eli, eli, lama sabaxtani! si gome enye: Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã? |
47 |
Ke esi amesiwo le tsitre de afima dometɔa ɖewo see la, wogblɔ bena: Amesia le Eliya yɔm. |
48 |
Eye enumake wo dometɔ ɖeka ƒu du yi ɖatsɔ ƒumekutsa, eye wòkɔ aha tsitsi ɖe eme fũ, eye wòtsɔe ɖo ayeti nu hekpe ne. |
49 |
Ke ame mamleawo gblɔ bena: Ɖe asi le eŋu! Na ne míakpɔe, abe Eliya ava ɖee ene. |
50 |
Eye Yesu gado ɣli kple gbe sesĩe, eye wòtso eƒe gbɔgbɔ la hena. |
51 |
Eye kpo ɖa, mawuxɔmetsovɔ la dze ɖe eve tso tagba vaseɖe egɔme, eye anyigba ʋuʋu, eye kpe gbadzawo wo, |
52 |
eye yɔdowo nu ʋu, eye ame kɔkɔe geɖe, siwo ɖo alɔ̃ la, ƒe ŋutilãwo tsi tre, |
53 |
eye esi wodo go tso yɔdowo me le eƒe fɔfɔ megbe la, woyi ɖe du kɔkɔe la me, eye woɖe wo ɖokui fia ame geɖewo. |
54 |
Ke esi aʋafia la kple amesiwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu dzɔm la, kpɔ anyigbaʋuʋu kple nusiwo va dzo la, wovɔ̃ ŋuta hegblɔ bena: Nyateƒe, Mawuvie nye esia! |
55 |
Eye nyɔnu geɖewo le afima le nu kpɔm le adzɔge, amesiwo dze Yesu yome tso Galilea le esubɔm; |
56 |
amesiwo dome Maria, Magdalatɔ, kple Maria, si nye Yakobo kple Yosef dada, kple Zebedeo ƒe viwo dada wole. |
57 |
Eye esi fiẽsi ɖo la, ŋutsu kesinɔtɔa ɖe tso Arimatia, si ŋkɔ nye Yosef, amesi ŋutɔ hã nye Yesu ƒe nusrɔ̃la, |
58 |
amesia yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua. Tete Pilato ɖo bena, woatsɔe nɛ. |
59 |
Eye Yosef tso ame kuku la, eye wòtso aklala, si fu tititi la xatsa ɖe eŋuti: |
60 |
eye wòtsɔe mlɔ ye ŋuta ƒe yɔdo yeye, si wòna woɖe ɖe kpe gbadza me la me; eye esi wòmũ kpe gãa ɖe ɖo yɔdo la nu la, edzo. |
61 |
Eye Maria, Magdalatɔ la, kple Maria keme la wole afima, eye wobɔbɔ nɔ anyi hedze ŋgɔ yɔdo la. |
62 |
Eye le dzadzraɖoŋkeke ƒe ŋufɔke dzi la nunɔlagãwo kple farisitɔwo va kpe ta ɖe Pilato gbɔ gblɔ bena: |
63 |
Aƒetɔ, mieɖo ŋui bena, esi ameblela ma le agbe la, egblɔ bena: Le ŋkeke etɔ̃ megbe la magatsi tre. |
64 |
Eyata de se bena, woadzo yɔdo la ŋu vaseɖe ŋkeke etɔ̃agbe, bene eƒe nusrɔ̃lawo magava afii ayii, eye woagblɔ na amewo bena: Etsi tre tso ame kukuwo dome, eye beble megbetɔ la nagavɔ̃ɖi wu ŋgɔgbetɔ la o. |
65 |
Pilato gblɔ na wo bena: Dzɔlawo nye ekem, miheyi ne miadzɔe, abe alesi mienya ene. |
66 |
Eye wodzo heyi ɖatre kpe la ɖe enu, eye woɖo dzɔlawo afima.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Mateo 27:1 |
Mateo 27:2 |
Mateo 27:3 |
Mateo 27:4 |
Mateo 27:5 |
Mateo 27:6 |
Mateo 27:7 |
Mateo 27:8 |
Mateo 27:9 |
Mateo 27:10 |
Mateo 27:11 |
Mateo 27:12 |
Mateo 27:13 |
Mateo 27:14 |
Mateo 27:15 |
Mateo 27:16 |
Mateo 27:17 |
Mateo 27:18 |
Mateo 27:19 |
Mateo 27:20 |
Mateo 27:21 |
Mateo 27:22 |
Mateo 27:23 |
Mateo 27:24 |
Mateo 27:25 |
Mateo 27:26 |
Mateo 27:27 |
Mateo 27:28 |
Mateo 27:29 |
Mateo 27:30 |
Mateo 27:31 |
Mateo 27:32 |
Mateo 27:33 |
Mateo 27:34 |
Mateo 27:35 |
Mateo 27:36 |
Mateo 27:37 |
Mateo 27:38 |
Mateo 27:39 |
Mateo 27:40 |
Mateo 27:41 |
Mateo 27:42 |
Mateo 27:43 |
Mateo 27:44 |
Mateo 27:45 |
Mateo 27:46 |
Mateo 27:47 |
Mateo 27:48 |
Mateo 27:49 |
Mateo 27:50 |
Mateo 27:51 |
Mateo 27:52 |
Mateo 27:53 |
Mateo 27:54 |
Mateo 27:55 |
Mateo 27:56 |
Mateo 27:57 |
Mateo 27:58 |
Mateo 27:59 |
Mateo 27:60 |
Mateo 27:61 |
Mateo 27:62 |
Mateo 27:63 |
Mateo 27:64 |
Mateo 27:65 |
Mateo 27:66 |
|
|
|
|
|
|
Mateo 1 / Mat 1 |
Mateo 2 / Mat 2 |
Mateo 3 / Mat 3 |
Mateo 4 / Mat 4 |
Mateo 5 / Mat 5 |
Mateo 6 / Mat 6 |
Mateo 7 / Mat 7 |
Mateo 8 / Mat 8 |
Mateo 9 / Mat 9 |
Mateo 10 / Mat 10 |
Mateo 11 / Mat 11 |
Mateo 12 / Mat 12 |
Mateo 13 / Mat 13 |
Mateo 14 / Mat 14 |
Mateo 15 / Mat 15 |
Mateo 16 / Mat 16 |
Mateo 17 / Mat 17 |
Mateo 18 / Mat 18 |
Mateo 19 / Mat 19 |
Mateo 20 / Mat 20 |
Mateo 21 / Mat 21 |
Mateo 22 / Mat 22 |
Mateo 23 / Mat 23 |
Mateo 24 / Mat 24 |
Mateo 25 / Mat 25 |
Mateo 26 / Mat 26 |
Mateo 27 / Mat 27 |
Mateo 28 / Mat 28 |