1 |
Eye wòyɔ eƒe nusrɔ̃la wuieveawo va egbɔ, hena ŋusẽ wo ɖe gbɔgbɔ blibawo dzi bena, ne woanyã wo aɖo goe, eye ne woaɖe dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖa. |
2 |
Apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔwo nye esiawo: Gbãtɔ enye Simon, si woyɔna be Petro, kple nɔvia Andrea; Yakobo, Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes: |
3 |
Filipo kple Bartolomeo: Toma kple Mateo, nudzɔla; Yakobo, si nye Alfeo vi, kple Lebeo, si woyɔna hã be Tadeo; |
4 |
Simon Kanatɔ kple Yuda Iskariot, si fia eyome mɔ la hã. |
5 |
Nenem me wuieve siawo Yesu dɔ hede se na wo gblɔ bena: Migayi ɖato trɔ̃subɔlawo ƒe mɔ dzi o, eye migayi ɖe Samariatɔwo ƒe dua ɖeke me hã o; |
6 |
ke miyi ɖe Israel ƒe me alẽ, siwo bu la, gbɔ boŋ. |
7 |
Eye ne miele yiyim la, miɖe gbe ƒã gblɔ bena: „Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!“ |
8 |
Mida gbe le dɔlélawo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo: mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minyẽ gbɔgbɔ vɔwo do goe. Faa miexɔe, faa minae. |
9 |
Migadi sika alo klosalo alo akɔbli de miaƒe gabutuawo me o; |
10 |
nagatsɔ mɔzɔkotoku alo awu eve, atokotawo alo atizɔti o; elabena dɔwɔla dze eƒe nuɖuɖu. |
11 |
Ke ne miayi ɖe ɖu alo kɔƒea ɖe me la, midi amesi dze le eme la vevie; eye minɔ afima, vaseɖe esime miadzo. |
12 |
Eye ne mieyi aƒea me la, mido gbe na wo. |
13 |
Ne aƒea dze la, miaƒe ŋutifafa lava edzi; ne medze o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi. |
14 |
Eye amesi ke mexɔ mi o, eye meɖo to miaƒe nyawo hã o la, mido go tso aƒe ma alo du ma me, eye miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋuti ɖe anyi. |
15 |
Vavã mele egblɔm na mi bena: Mele sesẽ ge na Sodom- kple Gomora-nyigba la le ʋɔnudrɔ̃gbe la, abe nenem du ma ene o. |
16 |
Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene. |
17 |
Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋuti; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo; |
18 |
eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo. |
19 |
Eye ne wode mi asi la, migaɖe fu na mia ɖokui be, aleke alo nuka gblɔ ge míala o; elabena le nenem gaƒoƒo ma me la woana nusi ke gblɔ ge míala la mi. |
20 |
Elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ mia Fofo ƒe Gbɔgbɔ lae nye amesi le nu ƒom le mia me? |
21 |
Nɔvi lade nɔvi ku me, eye fofo lade vi asi, ɖeviwo latsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eve woatsɔ wo ana woawu |
22 |
Eye wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe. |
23 |
Ne woti mia yome le du sia me la, nusi yi ɖe bubua ɖe me; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Miele Israel-duawo nu wu ge, hafi amegbetɔvi la nava o. |
24 |
Nusrɔ̃la mewua nufiala o, eye subɔla hã mewua eƒe aƒetɔ o. |
25 |
Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la, ne woazu abe eƒe nufiala ene, kple subɔla abe eƒe aƒetɔ ene. Ne woyi aƒetɔ la be Beelzebul la, aleke woahayɔ eƒe aƒemetɔwo a wui? |
26 |
Eyaŋuti migavɔ̃ wo o, elabena naneke meli wotsyɔ nu edzi, si womelé ɖeɖe ge afia o; eye wometsɔ naneke hã ɣla, si womete nyanya ge o. |
27 |
Nusi gblɔm mele na mi le viviti me la, migblɔe le kekeli me, eye nusi ke Sem miele ɖe to me la, miɖe gbe ƒãe le xɔwo ta me. |
28 |
Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me. |
29 |
Alo wometsɔa atsutsurɔe eve ƒlena xɔa hotsui ewo oa? Eye ne menye mia Fofo ƒe lɔlɔ̃nu o la, wo dometɔa ɖeke mele dzedze ge ɖe anyigba o; |
30 |
ke miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe! |
31 |
Eyaŋuti migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ. |
32 |
Azɔ amesiame, si aʋu menye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã maʋu eyama me le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me; |
33 |
ke amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me. |
34 |
Migaɖu xa bena, meva tomefafa na ge le anyigba dzi o, nyemeva tomefafa na ge o, negbe yi boŋ. |
35 |
Elabena meva ame kple fofoa, vinyɔnuvi kple dadaa, ŋutsuvi srɔ̃ kple lɔ̃xoa dome mã ge; |
36 |
eye ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo. |
37 |
Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o. |
38 |
Eye amesi ke metsɔ eƒe atitsoga ɖo eɖokui dzi dze yonyeme o la, eya medzem o. |
39 |
Amesi ke ɖe eƒe agbe la, eya labui; eye amesi ke bu eƒe agbe le tanye la, eya lakpɔe. |
40 |
Amesi ke xɔa mi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke xɔam la, exɔ amesi dɔm ɖa. |
41 |
Amesi ke xɔa nyagblɔɖila le nyagblɔɖila ƒe ŋkɔ dzi la, eya laxɔ nyagblɔɖila ƒe fetu; eye amesi ke xɔa ame dzɔdzɔe le ame dzɔdzɔe ƒe ŋkɔ dzi la, eya laxɔ ame dzɔdzɔe ƒe fetu. |
42 |
Eye amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vava mele egblɔm na mí bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Mateo 10:1 |
Mateo 10:2 |
Mateo 10:3 |
Mateo 10:4 |
Mateo 10:5 |
Mateo 10:6 |
Mateo 10:7 |
Mateo 10:8 |
Mateo 10:9 |
Mateo 10:10 |
Mateo 10:11 |
Mateo 10:12 |
Mateo 10:13 |
Mateo 10:14 |
Mateo 10:15 |
Mateo 10:16 |
Mateo 10:17 |
Mateo 10:18 |
Mateo 10:19 |
Mateo 10:20 |
Mateo 10:21 |
Mateo 10:22 |
Mateo 10:23 |
Mateo 10:24 |
Mateo 10:25 |
Mateo 10:26 |
Mateo 10:27 |
Mateo 10:28 |
Mateo 10:29 |
Mateo 10:30 |
Mateo 10:31 |
Mateo 10:32 |
Mateo 10:33 |
Mateo 10:34 |
Mateo 10:35 |
Mateo 10:36 |
Mateo 10:37 |
Mateo 10:38 |
Mateo 10:39 |
Mateo 10:40 |
Mateo 10:41 |
Mateo 10:42 |
|
|
|
|
|
|
Mateo 1 / Mat 1 |
Mateo 2 / Mat 2 |
Mateo 3 / Mat 3 |
Mateo 4 / Mat 4 |
Mateo 5 / Mat 5 |
Mateo 6 / Mat 6 |
Mateo 7 / Mat 7 |
Mateo 8 / Mat 8 |
Mateo 9 / Mat 9 |
Mateo 10 / Mat 10 |
Mateo 11 / Mat 11 |
Mateo 12 / Mat 12 |
Mateo 13 / Mat 13 |
Mateo 14 / Mat 14 |
Mateo 15 / Mat 15 |
Mateo 16 / Mat 16 |
Mateo 17 / Mat 17 |
Mateo 18 / Mat 18 |
Mateo 19 / Mat 19 |
Mateo 20 / Mat 20 |
Mateo 21 / Mat 21 |
Mateo 22 / Mat 22 |
Mateo 23 / Mat 23 |
Mateo 24 / Mat 24 |
Mateo 25 / Mat 25 |
Mateo 26 / Mat 26 |
Mateo 27 / Mat 27 |
Mateo 28 / Mat 28 |