1 |
Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena: |
2 |
Nukaŋuti miele lo sia dom le Israel-nyigba dzi bena: „Fofowo ɖu weintsetse hɔhlɔ̃e, eye aɖu nyɔ viwo? |
3 |
Aƒetɔ Yehowa be: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne miagado lo sia lé Israel fi! |
4 |
Kpɔ ɖa, luʋɔwo katã, tɔnye wonye, fofo kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye; luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku. |
5 |
Ne amea ɖe nye ame dzɔdzɔe, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, |
6 |
meɖua nu le towo dzi o, eye mefɔa mo te ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe legbawo ŋu o, megblẽa kɔ ɖo na ehavi srɔ̃ o, eye metena ɖe nyɔnu ŋuti le eƒe dzinukpɔɣi o, |
7 |
mebaa ame o, egbugbɔa awɔbanu, si wòxɔ ɖe eƒe fe nu la nana, eye meɖua sesẽnu o, enaa eƒe abolo dɔwuitɔwo, eye wòtaa avɔ na amesiwo tsi ƒeƒle, |
8 |
meɖia kasa le agbanadodo me o, eye mexɔa deme o, eɖea eƒe asi ɖa tso nu gbegblẽ wɔwɔ me, eye wòtsoa afia na ame kple ehavi ɖe eteƒe, |
9 |
ezɔna ɖe nye ɖoɖowo nu, eye wòléa nye sewo me ɖe asi hewɔa nuteƒe la, eya nye ame dzɔdzɔe, anɔ agbe kokoko, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe. |
10 |
Eye ne edzi vi sẽŋuta, si kɔa ʋu ɖi, amesi wɔa nusiawo dometɔa ɖe, |
11 |
evɔ wònye fofoa mewɔa nusiawo dometɔa ɖeke o hafi; eyama ɖua nu le towo dzi, eye wògblẽa kɔ ɖo na ehavi srɔ̃, |
12 |
esẽa ŋuta le ame dahewo kple hiãtɔwo ŋu, eɖua sesẽnu, eye megbugbɔa awɔbanu nana o, efɔa mo te ɖe legbawo ŋu, eye wòwɔa ŋunyɔnu, |
13 |
eɖia kasa le agbanadodo me, eye wòxɔa deme la, ɖe wòanɔ agbea? Manɔ agbe o, ke boŋ esi wòwɔa ŋunyɔnu siawo katã ŋuti la, eyata aku, eye eƒe ʋu ava edzi. |
14 |
Eye ne edzi vi, eye wòkpɔ nuvɔ̃, siwo katã fofoa wɔna, ke evɔ, eye mewɔa emawo tɔgbe o: |
15 |
Meɖua nu le towo dzi o, mefɔa kɔ te ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe legbawo ŋu o, eye megblẽa kɔ ɖo na ehavi srɔ̃ o, |
16 |
mesẽa ŋuta le amea ɖeke ŋu o, mexɔa awɔbanu o, eye meɖua sesẽnu o, enaa eƒe abolo dɔwuitɔwo, eye wòtaa avɔ na amesiwo tsi ƒeƒle, |
17 |
eɖea eƒe asi ɖa tso nu gbegblẽ wɔwɔ me, meɖia kasa o, eye mexɔa deme o, ewɔa nye sewo dzi, eye wòzɔna ɖe nye ɖoɖowo nu la, eya maku le fofoa ƒe vodadawo ta o, ke boŋ anɔ agbe. |
18 |
Ke esi fofoa sea ŋuta le ame ŋu, exɔa sesẽnu le nɔvia si, eye wòwɔa nu manyomanyo le wo ɖeviwo dome la, eyata aku le eƒe vodadawo la. |
19 |
Miawo miele gbɔgblɔm be: Nukaŋuti fofo ƒe vodada manɔ via dzi ɖo o hã? Ne via wɔa nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, eye wòléa nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewɔa wo dzi la, anɔ agbe. |
20 |
Amesi wɔa nuvɔ̃ la, eyae aku; fofo ƒe vodada manɔ via dzi o, eye vi ƒe vodada manɔ fofo dzi o; ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ava eya ŋutɔ dzi, eye ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi wowɔ ava eya ŋutɔ dzi. |
21 |
Ne ame vɔ̃ɖi trɔ tso eƒe nuvɔ̃, siwo katã wòwɔna la me, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewoa nu dzodzoe kple nusi le eteƒe la, ana agbe, maku o. |
22 |
Womagaɖo ŋu eƒe dzi, siwo katã wòda la o, ke boŋ ana agbe le eƒe nu dzodzoe, siwo wòwɔna la ta. |
23 |
Aƒetɔ Yehowa be: Ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe ku vivia nunyea? negbe ne etrɔ tso eƒe mɔwo dzi, be wòanɔ agbe la koe! |
24 |
Eye ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔa nu gbegblẽ, eye wòwɔa ŋunyɔnu, siwo katã ame vɔ̃ɖi wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋu nu dzɔdzɔe, siwo katã wòwɔ la o, le eƒe go, si wòdze, kple eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ la ta; woawo ta wòaku ɖo. |
25 |
Ke miele gbɔgblɔm be: „Aƒetɔ la ƒe nuwɔna mele eteƒe o.“ Israel ƒe aƒe, misee: Nye nuwɔnae mele eteƒe oa? Ɖe menye miawo boŋ ƒe nuwɔnae mele eteƒe oa? |
26 |
Ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wòwɔa nu gbegblẽ la, aku ɖe esia ta; eƒe nu gbegblẽ, si wòwɔna la tae wòaku ɖo. |
27 |
Eye ne ame vɔ̃ɖi ɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi, si wòwɔ ŋu hewɔa nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe la, axɔ eƒe luʋɔ ɖe agbe. |
28 |
Eye ne edze sii, eye wòɖe asi le eƒe dzi, siwo katã wòda ŋu la, anɔ agbe, maku o. |
29 |
Israel ƒe aƒe la le gbɔgblɔm be: „Aƒetɔ la ƒe nuwɔna mele eteƒe o.“ Israel ƒe aƒe, nye nuwɔnae mele eteƒe oa? De menye miawo boŋ ƒe nuwɔnae mele eteƒe oa? |
30 |
Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, madrɔ̃ ʋɔnu mia dome amesiame ɖe eƒe zɔzɔme nu. Miɖe asi le miaƒe dzidadawo katã ŋu, miɖe asi le wo ŋu, ne vodadawo maganye mɔ̃ na mi o! |
31 |
Miɖe miaƒe dzi, siwo katã mieda ɖe ŋunye la ɖa, eye miwɔ dzi yeye kple gbɔgbɔ yeye na mia ɖokui. Israel ƒe aƒe, nukaŋuti miehe, yewoaku? |
32 |
Aƒetɔ Yehowa be: Elabena ame ƒe ku mevivia nunye o. Eyata mitrɔ ta me, ne mianɔ agbe!
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Xezekiel 18:1 |
Xezekiel 18:2 |
Xezekiel 18:3 |
Xezekiel 18:4 |
Xezekiel 18:5 |
Xezekiel 18:6 |
Xezekiel 18:7 |
Xezekiel 18:8 |
Xezekiel 18:9 |
Xezekiel 18:10 |
Xezekiel 18:11 |
Xezekiel 18:12 |
Xezekiel 18:13 |
Xezekiel 18:14 |
Xezekiel 18:15 |
Xezekiel 18:16 |
Xezekiel 18:17 |
Xezekiel 18:18 |
Xezekiel 18:19 |
Xezekiel 18:20 |
Xezekiel 18:21 |
Xezekiel 18:22 |
Xezekiel 18:23 |
Xezekiel 18:24 |
Xezekiel 18:25 |
Xezekiel 18:26 |
Xezekiel 18:27 |
Xezekiel 18:28 |
Xezekiel 18:29 |
Xezekiel 18:30 |
Xezekiel 18:31 |
Xezekiel 18:32 |
|
|
|
|
|
|
Xezekiel 1 / Xez 1 |
Xezekiel 2 / Xez 2 |
Xezekiel 3 / Xez 3 |
Xezekiel 4 / Xez 4 |
Xezekiel 5 / Xez 5 |
Xezekiel 6 / Xez 6 |
Xezekiel 7 / Xez 7 |
Xezekiel 8 / Xez 8 |
Xezekiel 9 / Xez 9 |
Xezekiel 10 / Xez 10 |
Xezekiel 11 / Xez 11 |
Xezekiel 12 / Xez 12 |
Xezekiel 13 / Xez 13 |
Xezekiel 14 / Xez 14 |
Xezekiel 15 / Xez 15 |
Xezekiel 16 / Xez 16 |
Xezekiel 17 / Xez 17 |
Xezekiel 18 / Xez 18 |
Xezekiel 19 / Xez 19 |
Xezekiel 20 / Xez 20 |
Xezekiel 21 / Xez 21 |
Xezekiel 22 / Xez 22 |
Xezekiel 23 / Xez 23 |
Xezekiel 24 / Xez 24 |
Xezekiel 25 / Xez 25 |
Xezekiel 26 / Xez 26 |
Xezekiel 27 / Xez 27 |
Xezekiel 28 / Xez 28 |
Xezekiel 29 / Xez 29 |
Xezekiel 30 / Xez 30 |
Xezekiel 31 / Xez 31 |
Xezekiel 32 / Xez 32 |
Xezekiel 33 / Xez 33 |
Xezekiel 34 / Xez 34 |
Xezekiel 35 / Xez 35 |
Xezekiel 36 / Xez 36 |
Xezekiel 37 / Xez 37 |
Xezekiel 38 / Xez 38 |
Xezekiel 39 / Xez 39 |
Xezekiel 40 / Xez 40 |
Xezekiel 41 / Xez 41 |
Xezekiel 42 / Xez 42 |
Xezekiel 43 / Xez 43 |
Xezekiel 44 / Xez 44 |
Xezekiel 45 / Xez 45 |
Xezekiel 46 / Xez 46 |
Xezekiel 47 / Xez 47 |
Xezekiel 48 / Xez 48 |