1 |
Ɖe Moab ŋu Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Baba na Neho, elabena wogblẽe! Wòxɔ Kiryatayim, eye ŋukpe lée, wogbã mɔ̃ sesẽ la wòzu ŋukpe! |
2 |
Moab ƒe adegbeƒoƒo nu tso, wodo tame vɔ̃ ɖe eŋu le Xesbon be: Mina míatsrɔ̃e, ne womaganye dukɔ azɔ o! Woatsrɔ̃ wò Madmen hã, eye yi anɔ yowóme. |
3 |
Ɣli ɖi le Xoronayim be Gbegblẽ kple mumũ gã! |
4 |
Moab mũ dze anyi, eye wo viwo le ɣlikpɛ dom. |
5 |
Wole avi fam lia Luxit ƒe to dzi mɔ la, eye konyifaɣli le ɖiɖim le wo nu le Xoronayim ƒe abu nu le gbegblẽ la ta. |
6 |
Misi, miɖe miaƒe agbe, eye minɔ abe ame ɖeƒeƒle le gbegbe ene. |
7 |
Esi nèle dzi ɖom ɖe wò dɔwɔwɔwo kple wò kesinɔnuwo ŋu la, eyata woaxɔ wò hã, eye Kamos ayi aboyo me hekpe ɖe eƒe trɔ̃nuawo kple amegãwo ŋu. |
8 |
Nugblẽla ava du sia du me, eye dua ɖeke masi o, bali me nu ayi, eye tagba atsrɔ̃, abe alesi Yehowa gblɔ ene. |
9 |
Mina aʋala Moab, ne wòadzò adzo; eƒe duwo le aƒedo zu ge, amea ɖeke manɔ wo me o. |
10 |
Aɖi amesi le alɔgblɔlɔ wɔm le Yehowa ƒe dɔ ŋu la ŋuti, eye aɖi amesi he eƒe yi ɖe megbe tso ʋukɔkɔɖi me la ŋu kpekpekpe. |
11 |
Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke, eɖo ƒã ɖi kpoo, eye wometrɔe tso goe me ko ɖe goe bubu me o, eye meyi aboyo me o, eyata eƒe vivi gale eŋu, eye eƒe ʋeʋẽ metrɔ o. |
12 |
Yehowa be: Eyata kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna, eye madɔ goeviãlawo ɖa, ne woaviãe, woaɖi ƒuƒlu eƒe goewo, eye woagbã eƒe zewo. |
13 |
Ŋu akpe Moab ɖe Kamos ŋu, abe alesi ŋu kpe Israel ƒe aƒe la ɖe Betel, si ŋu woɖo dzi ɖo la ŋu ene. |
14 |
Aleke mianɔ gbɔgblɔm be: Kalẽtɔwo míenye, eye ŋutsu aʋamewo míenye? |
15 |
Fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot la be: Moab kple eƒe duwo gblẽla gbɔna xoxo, eye eƒe ɖekakpui tiatiawo yina ɖe amewuƒe. |
16 |
Moab ƒe gbegblẽ tu aƒe, ne woava eme, eye eƒe dzɔgbevɔ̃e le du dzi ŋutɔ. |
17 |
Mi eƒe aƒelikawo katã kple amesiwo katã nya eƒe ŋkɔ la, mifa nɛ! Migblɔ be: Aleke ati tɔɖeŋu sesẽ la, atikplɔ nyo la ŋe? |
18 |
Dibon-nyɔnuvi, ɖi tso wò ŋutikɔkɔe me, nabɔbɔ nɔ ke me; elabena Moab-gblẽla le ƒoƒo ge ɖe dziwò, eye wòagblẽ wò mɔ sesẽwo. |
19 |
Aroer-nyɔnu, va tsi tre ɖe mɔ to nanɔ ŋu tsam, bia amesiwo si, eye wokplɔ la bena: Nya kae dzɔ? |
20 |
Ŋukpe lé Moab, elabena wogbãe. Mifa avi, eye mido ɣli, mido boblo le Arnon nu be: Wogblẽ Moab! |
21 |
Ʋɔnudɔdrɔ̃ va gbadzaƒe nyigba, Xolon, Yaza kple Mefaat dzi, |
22 |
Dibon, Neho kple Bet-Diblatayim dzi. |
23 |
Kiryatayim, Bet-Gamul kple Bet-Meon dzi, |
24 |
Keriyot kple Bozra kpakple Moab-nyigba ƒe du, siwo katã le didiƒe kple kpuiƒe la dzi. |
25 |
Yehowa be: Wòŋe Moab ƒe dzo, eye wolã eƒe alɔ. |
26 |
Mina aha Moab, ne wòano amu, be wòadze anyi ɖe eƒe xeɖeɖe me, ne eya hã nazu alɔmeɖenu, elabena Yehowa ŋu wòtɔ asi akɔ ɖo. |
27 |
Ɖe Israel mezu alɔmeɖenu na wò oa? Fiafiwo domee wolée le, hafi ne ènya ƒo nu le eŋu ko la, nènɔa ta ʋu ʋuma? |
28 |
Mi Moabitɔwo, migblẽ miaƒe duwo ɖi, ne miaɖanɔ agatowo me, minɔ abe akpakpa, si wɔ atɔ ɖe agakpewo toga ene. |
29 |
Míese Moab dadala ŋkɔ be, edoa eɖokui ɖe dzi ŋutɔ, eƒoa adegbe, edana, edzraa eɖokui, eye eƒe dzi doa eɖokui ɖe dzi. |
30 |
Yehowa be: Menya eƒe dɔmedzoe dodo kple eƒe numeɖiɖi, eƒe nu wɔwɔ mele ɖeke me o. |
31 |
Eyata mafa avi ɖe Moab ŋu, mado ɣli ɖe Moab blibo la ŋu, eye maɖe hã ɖe Kir-Xeres-ŋutsuwo ŋu. |
32 |
Sibna ƒe weinka, mafa avi na wò, wu alesi mefa avi na Yaezer, wò kawo to atsiaƒu dzi vaseɖe ƒu nu le Yaezer, nugblẽla va ƒo ɖi le wò kutsetsegbeɣi kple wò weinxaɣi. |
33 |
Dzidzɔ kple aseyetsotso nu tso le agblewo me le Moab-nyigba dzi; metsi wein nu le weinfiãnu me, eye womagafiã wein kple aseyetsotso azɔ o; aseyetsotso maganye aseyetsotso o! |
34 |
Le Xesbon ƒe aƒadodo, si ɖi vaseɖe Eleale kple Yahaz ta wodo ɣli tso Zoar va ke ɖe Xoronayim vaseɖe Eglat etɔ̃lia ke, elabena Nimrim ƒe tsiwo hã amie. |
35 |
Yehowa be: Matsrɔ̃ amesiwo dea nuxeƒe, eye woɖoa dzudzɔ na woƒe mawuwo la ɖa le Moab. |
36 |
Eyata nye dzi axa nu ɖe Moab ŋu abe dzekuku ene, eye nye dzi axa nu ɖe Kir-Xeres-ŋutsuwo ŋu abe dzekuku ene, elabena nusiwo wotu ɖo la ƒe mlɔea dɔ̃. |
37 |
Elabena tawo katã nye ta kokoe, wolũ gewo katã, abi kuku teƒe le asiwò katã ŋu, eye akpanya le aliwo katã dzi. |
38 |
Amewo katã le nu xam le Moab ƒe xɔtawo katã kple eƒe kpɔdomeewo katã, elabena megbã Moab abe ze manyomanyo ene. |
39 |
Aleke wòhegbãe ale? Mifa avi! Aleke Moab trɔ megbe kple ŋukpee? Moab zu alɔmeɖenu kple bibi na eƒe aƒelikawo katã. |
40 |
Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Futɔ la adzo abe hɔ̃ ene, eye wòake aʋala ɖe Moab dzi! |
41 |
Wòxɔ duwo, eye wòxɔ mɔ̃ sesẽwo. Moab-kalẽtɔwo ƒe dzi le ɣemaɣi abe nyɔnu, si le ku lém ƒe dzi ene. |
42 |
Wotsrɔ̃ Moab, eye meganye dukɔ azɔ o, elabena etɔ asi akɔ ɖe Yehowa ŋu. |
43 |
Mi Moabitɔwo, Yehowa be: Ŋɔdzi, ʋe kple mɔ̃ka le mia ŋu. |
44 |
Amesi si le ŋɔdzi nu la, age adze ʋe me, eye amesi do le ʋe me la, mɔ̃ka aɖee. Elabena Yehowa be: Mahe toheɣi avae na Moab. |
45 |
Amesisiawo tsra wɔɔ ɖe vɔvɔli te le Xesbon; elabena dzo tso Xesbon, eye dzoƒaɖe tso Sixon, efiã Moab ƒe tonuƒui kple ʋunyaʋunyaviwo ƒe dzodzome. |
46 |
Moab, baba na wò! Kamos-dukɔ tsrɔ̃, elabena wokplɔ wò ŋutsuviwo ɖade gaxɔ me, eye wokplɔ wò nyɔnuviwo yi aboyo mee. |
47 |
Yehowa be: Ke magaɖo Moab te le ŋkeke mlɔeawo me. Moab ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ seƒe enye si.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yeremia 48:1 |
Yeremia 48:2 |
Yeremia 48:3 |
Yeremia 48:4 |
Yeremia 48:5 |
Yeremia 48:6 |
Yeremia 48:7 |
Yeremia 48:8 |
Yeremia 48:9 |
Yeremia 48:10 |
Yeremia 48:11 |
Yeremia 48:12 |
Yeremia 48:13 |
Yeremia 48:14 |
Yeremia 48:15 |
Yeremia 48:16 |
Yeremia 48:17 |
Yeremia 48:18 |
Yeremia 48:19 |
Yeremia 48:20 |
Yeremia 48:21 |
Yeremia 48:22 |
Yeremia 48:23 |
Yeremia 48:24 |
Yeremia 48:25 |
Yeremia 48:26 |
Yeremia 48:27 |
Yeremia 48:28 |
Yeremia 48:29 |
Yeremia 48:30 |
Yeremia 48:31 |
Yeremia 48:32 |
Yeremia 48:33 |
Yeremia 48:34 |
Yeremia 48:35 |
Yeremia 48:36 |
Yeremia 48:37 |
Yeremia 48:38 |
Yeremia 48:39 |
Yeremia 48:40 |
Yeremia 48:41 |
Yeremia 48:42 |
Yeremia 48:43 |
Yeremia 48:44 |
Yeremia 48:45 |
Yeremia 48:46 |
Yeremia 48:47 |
|
|
|
|
|
|
Yeremia 1 / Yer 1 |
Yeremia 2 / Yer 2 |
Yeremia 3 / Yer 3 |
Yeremia 4 / Yer 4 |
Yeremia 5 / Yer 5 |
Yeremia 6 / Yer 6 |
Yeremia 7 / Yer 7 |
Yeremia 8 / Yer 8 |
Yeremia 9 / Yer 9 |
Yeremia 10 / Yer 10 |
Yeremia 11 / Yer 11 |
Yeremia 12 / Yer 12 |
Yeremia 13 / Yer 13 |
Yeremia 14 / Yer 14 |
Yeremia 15 / Yer 15 |
Yeremia 16 / Yer 16 |
Yeremia 17 / Yer 17 |
Yeremia 18 / Yer 18 |
Yeremia 19 / Yer 19 |
Yeremia 20 / Yer 20 |
Yeremia 21 / Yer 21 |
Yeremia 22 / Yer 22 |
Yeremia 23 / Yer 23 |
Yeremia 24 / Yer 24 |
Yeremia 25 / Yer 25 |
Yeremia 26 / Yer 26 |
Yeremia 27 / Yer 27 |
Yeremia 28 / Yer 28 |
Yeremia 29 / Yer 29 |
Yeremia 30 / Yer 30 |
Yeremia 31 / Yer 31 |
Yeremia 32 / Yer 32 |
Yeremia 33 / Yer 33 |
Yeremia 34 / Yer 34 |
Yeremia 35 / Yer 35 |
Yeremia 36 / Yer 36 |
Yeremia 37 / Yer 37 |
Yeremia 38 / Yer 38 |
Yeremia 39 / Yer 39 |
Yeremia 40 / Yer 40 |
Yeremia 41 / Yer 41 |
Yeremia 42 / Yer 42 |
Yeremia 43 / Yer 43 |
Yeremia 44 / Yer 44 |
Yeremia 45 / Yer 45 |
Yeremia 46 / Yer 46 |
Yeremia 47 / Yer 47 |
Yeremia 48 / Yer 48 |
Yeremia 49 / Yer 49 |
Yeremia 50 / Yer 50 |
Yeremia 51 / Yer 51 |
Yeremia 52 / Yer 52 |