1 |
Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya, esime Babel-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ blibo la, anyigba dzi fiaɖuƒe, siwo katã nye eteviwo, kple dukɔwo katã lé aʋa wɔm kple Yerusalem kpakple eƒe duwo katã la, enye si: |
2 |
Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Yi ɖagblɔ na Yuda-fia Zedekiya bena: Yehowa be: Kpɔ da, matsɔ du sia ade asi na Babel-fia, ne wòatɔ dzoe. |
3 |
Màge le esi me o, ke boŋ woalé wò atsɔ ade asi nɛ kokoko, wò ŋkuwo akpa Babel-fia ƒe ŋkuwo, miaƒo nu kple mia nɔewo, eye ayi Babel. |
4 |
Ke Yuda-fia Zedekiya se Yehowa ƒe nya. Ale Yehowa gblɔ ɖe ŋuwò enye si: Yi mawu wò o; |
5 |
ke boŋ àku le ŋutifafa me, eye woaɖo dzo na wò abe fofowò, fia xoxoawo, amesiwo do ŋgɔ na wò la ƒe ame kuku dzo ene, eye wòafa na wò be „ao, aƒetɔ“; nyee gblɔ nya sia, Yehowa ye gblɔe. |
6 |
Eye nyagblɔɖila Yeremya gblɔ nya siawo katã na Yuda-fia Zedekiya le Yerusalem, |
7 |
esime Babel-fia ƒe aʋakɔ le aʋa wɔm kple Yerusalem kple Yuda-du, siwo katã kpɔtɔ ɖi, siwo nye Laxis kple Aseka; elabena woawo nye du sesẽwo kpɔtɔ le Yuda-duwo dome. |
8 |
Eye Yehowa ƒe gbe va na Yeremya, esime fia Zedekiya bia nu kple dukɔ, si le Yerusalem la, be wòaɖe gbe ƒã ablɔɖe na wo megbe, |
9 |
ne amesiame naɖe asi le kluvi kple kosivi, siwo nye Hebritɔwo la ŋu, be amea ɖeke magana nɔvia Yudatɔ nawɔ kluvidɔ nɛ o. |
10 |
Amegãwo katã kple dukɔ blibo la ɖo to, eye woɖo nubabla me be, yewo dome amesiame naɖe asi le eƒe kluvi kple kosivi ŋu, ne womagawɔ kluvidɔ na yewo azɔ o; eye woɖo to heɖe asi le wo ŋu. |
11 |
Ke emegbe la wogakplɔ kluviawo kple kosiviawo, siwo ŋu woɖe asi le la vɛ, eye wozi wo dzi be, woanye kluviwo kple kosiviwo. |
12 |
Tete Yehowa ƒe gbe va na Yeremya bena: |
13 |
Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mebia nu kple mia fofowo le gbesigbe mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi tso kluvinyenye ƒe me la gblɔ bena: |
14 |
Le ƒe adre megbe la mia dome amesiame naɖe asi le nɔvia Hebritɔ, si tso eɖokui ƒle nɛ la ŋuti; nesubɔ wò ƒe ade, emegbe nade asi le eŋu wòadzo le gbɔwò. Ke mia fofowo meɖo tom o, eye womeƒu to anyi o. |
15 |
Miawo mietrɔ egbe siawo, eye miewɔ nusi nyo le ŋkunye me, be miede gbe ƒã ablɔɖe na mia haviwo, eye miebla nu le ŋkunye me le aƒe, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me. |
16 |
Emegbe miegatrɔ, eye miegblẽ ko ɖo na nye ŋkɔ, mia dome amesiame gakplɔ eƒe kluvi kple kosivi, siwo ŋu miede asi le, abe alesi wodi ene la vɛ, eye miezi wo dzi, be woanye kluviwo kple kosiviwo na mi. |
17 |
Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Mieɖo tom, be mia dome amesiame naɖe gbe ƒã ablɔɖe na nɔvia kple ehavi o, eyata ale Yehowa gblɔ esi: Maɖe gbe ƒã ablɔɖe na mi hena yi, dɔvɔ̃ kple dɔwuame, eye matsɔ mi awɔ ŋɔdzidonu na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã. |
18 |
Eye mawo ŋutsu, siwo tu nye nubabla la, amesiwo mewo nusi wobla le ŋkunye me ƒe nyawo dzi o la, abe nyivi, si me wote ɖe eve, eye woto eƒe akpaawo dome yi la ene. |
19 |
Yuda-amegãwo kple Yerusalem-amegãwo, aƒedzikpɔlawo, nunɔlawo kple anyigba dzi dukɔ blibo la, ame siwo to nyivi la ƒe akpaawo do meyi la, |
20 |
matso woamawo ade asi na woƒe futɔwo kple woƒe kudilawo, eye woƒe kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxewo kple anyigba dzi lãwo. |
21 |
Matso Yuda-fia Zedekiya kple eƒe amegãwo ade asi na woƒe futɔwo kple woƒe kudilawo kpakple Babel-fia ƒe aʋakɔ, si dzo le mia ŋu la. |
22 |
Yehowa be: Kpɔ ɖa, made se woatrɔ agbɔ va du sia ŋu, ne woawɔ aʋa kplii axɔe, ata dzoe, eye mana Yuda-duwo nazu gbegbe kple aƒedo.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yeremia 34:1 |
Yeremia 34:2 |
Yeremia 34:3 |
Yeremia 34:4 |
Yeremia 34:5 |
Yeremia 34:6 |
Yeremia 34:7 |
Yeremia 34:8 |
Yeremia 34:9 |
Yeremia 34:10 |
Yeremia 34:11 |
Yeremia 34:12 |
Yeremia 34:13 |
Yeremia 34:14 |
Yeremia 34:15 |
Yeremia 34:16 |
Yeremia 34:17 |
Yeremia 34:18 |
Yeremia 34:19 |
Yeremia 34:20 |
Yeremia 34:21 |
Yeremia 34:22 |
|
|
|
|
|
|
Yeremia 1 / Yer 1 |
Yeremia 2 / Yer 2 |
Yeremia 3 / Yer 3 |
Yeremia 4 / Yer 4 |
Yeremia 5 / Yer 5 |
Yeremia 6 / Yer 6 |
Yeremia 7 / Yer 7 |
Yeremia 8 / Yer 8 |
Yeremia 9 / Yer 9 |
Yeremia 10 / Yer 10 |
Yeremia 11 / Yer 11 |
Yeremia 12 / Yer 12 |
Yeremia 13 / Yer 13 |
Yeremia 14 / Yer 14 |
Yeremia 15 / Yer 15 |
Yeremia 16 / Yer 16 |
Yeremia 17 / Yer 17 |
Yeremia 18 / Yer 18 |
Yeremia 19 / Yer 19 |
Yeremia 20 / Yer 20 |
Yeremia 21 / Yer 21 |
Yeremia 22 / Yer 22 |
Yeremia 23 / Yer 23 |
Yeremia 24 / Yer 24 |
Yeremia 25 / Yer 25 |
Yeremia 26 / Yer 26 |
Yeremia 27 / Yer 27 |
Yeremia 28 / Yer 28 |
Yeremia 29 / Yer 29 |
Yeremia 30 / Yer 30 |
Yeremia 31 / Yer 31 |
Yeremia 32 / Yer 32 |
Yeremia 33 / Yer 33 |
Yeremia 34 / Yer 34 |
Yeremia 35 / Yer 35 |
Yeremia 36 / Yer 36 |
Yeremia 37 / Yer 37 |
Yeremia 38 / Yer 38 |
Yeremia 39 / Yer 39 |
Yeremia 40 / Yer 40 |
Yeremia 41 / Yer 41 |
Yeremia 42 / Yer 42 |
Yeremia 43 / Yer 43 |
Yeremia 44 / Yer 44 |
Yeremia 45 / Yer 45 |
Yeremia 46 / Yer 46 |
Yeremia 47 / Yer 47 |
Yeremia 48 / Yer 48 |
Yeremia 49 / Yer 49 |
Yeremia 50 / Yer 50 |
Yeremia 51 / Yer 51 |
Yeremia 52 / Yer 52 |