1 |
Esi Babel-fia Nebukaɖnezar ɖe aboyo Yuda-fia Yexonya, Yoyakim vi, kple Yuda-amegãwo, atikpalawo kple gbeɖewo tso Yerusalem yi Babel megbe la. Yehowa na mekpɔ gbotsetse kusi eve, si wotsɔ da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ nu. |
2 |
Gbotsetse nyui, siwo le abe gbotsetse ŋgɔgbeawo ene la, le kusi ɖeka me, eye gbotsetse gbegblẽwo le kusi evelia me, esiwo gblẽ, ale be womelé ɖuɖu me o. |
3 |
Eye Yehowa gblɔ nam be: Yeremya, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu be. Gbotsetsewoe; gbotsetse nyuitɔwo nyo ŋutɔ, eye gbegblẽawo gblẽ vevie, ale be ɖuɖu mele wo ŋu o. |
4 |
Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena: |
5 |
Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mekpɔ nyuie ɖe Yuda ƒe aboyome, siwo menya tso teƒe sia ɖo ɖe Kaldea-nyigba dzi la ŋu, abe gbotsetse nyui siawo ene. |
6 |
Matsɔ nye ŋku aɖo wo ŋu hena nyuiwɔwɔ, eye mana woatrɔ agba va anyigba sia dzi, matu wo, eye nyemagbã wo o, mado wo, eye nyemaho wo o. |
7 |
Mana dzi wo, ne woatsɔ adze sim be, nyee nye Yehowa; woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo, nenye be wotrɔ ɖe ŋunye tso woƒe dzi blibo me. |
8 |
Alé Yehowa gblɔ esi: Alesi gbotsetse gbegblẽawo gblẽ, ale be ɖuɖu mele wo ŋu o la, nenema mawo Yuda-fia Zedekiya kple eƒe amegãwo, amesiwo kpɔtɔ ɖe Yerusalem, kple amesiwo susɔ ɖe anyigba la dzi, kpakple amesiwo le Egipte-nyigba dzi lae. |
9 |
Matsɔ wo awɔ bibi kple dzɔgbevɔ̃e na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, ahamasinu kple ɖiŋudonu le teƒe, siwo katã manyã wo aɖo ɖo. |
10 |
Maɖo yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo, vaseɖe esime woatsrɔ̃ avɔ le anyigba, si metsɔ na woawo kple wo fofowo la dzi.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yeremia 24:1 |
Yeremia 24:2 |
Yeremia 24:3 |
Yeremia 24:4 |
Yeremia 24:5 |
Yeremia 24:6 |
Yeremia 24:7 |
Yeremia 24:8 |
Yeremia 24:9 |
Yeremia 24:10 |
|
|
|
|
|
|
Yeremia 1 / Yer 1 |
Yeremia 2 / Yer 2 |
Yeremia 3 / Yer 3 |
Yeremia 4 / Yer 4 |
Yeremia 5 / Yer 5 |
Yeremia 6 / Yer 6 |
Yeremia 7 / Yer 7 |
Yeremia 8 / Yer 8 |
Yeremia 9 / Yer 9 |
Yeremia 10 / Yer 10 |
Yeremia 11 / Yer 11 |
Yeremia 12 / Yer 12 |
Yeremia 13 / Yer 13 |
Yeremia 14 / Yer 14 |
Yeremia 15 / Yer 15 |
Yeremia 16 / Yer 16 |
Yeremia 17 / Yer 17 |
Yeremia 18 / Yer 18 |
Yeremia 19 / Yer 19 |
Yeremia 20 / Yer 20 |
Yeremia 21 / Yer 21 |
Yeremia 22 / Yer 22 |
Yeremia 23 / Yer 23 |
Yeremia 24 / Yer 24 |
Yeremia 25 / Yer 25 |
Yeremia 26 / Yer 26 |
Yeremia 27 / Yer 27 |
Yeremia 28 / Yer 28 |
Yeremia 29 / Yer 29 |
Yeremia 30 / Yer 30 |
Yeremia 31 / Yer 31 |
Yeremia 32 / Yer 32 |
Yeremia 33 / Yer 33 |
Yeremia 34 / Yer 34 |
Yeremia 35 / Yer 35 |
Yeremia 36 / Yer 36 |
Yeremia 37 / Yer 37 |
Yeremia 38 / Yer 38 |
Yeremia 39 / Yer 39 |
Yeremia 40 / Yer 40 |
Yeremia 41 / Yer 41 |
Yeremia 42 / Yer 42 |
Yeremia 43 / Yer 43 |
Yeremia 44 / Yer 44 |
Yeremia 45 / Yer 45 |
Yeremia 46 / Yer 46 |
Yeremia 47 / Yer 47 |
Yeremia 48 / Yer 48 |
Yeremia 49 / Yer 49 |
Yeremia 50 / Yer 50 |
Yeremia 51 / Yer 51 |
Yeremia 52 / Yer 52 |