1 |
Ale Yehowa gblɔ esi: Yi Yuda-fia ƒe me, eye nagblɔ nya siawo le afima be: |
2 |
Wò Yuda-fia, amesi bɔbɔ nɔ Dawid ƒe zikpui dzi, mia kple wò dɔlawo kple wò dukɔ, si gena ɖe agba siawo me, mise Yehowa ƒe nya! |
3 |
Ale Yehowa gblɔ esi: Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye miwɔ nu dzɔdzɔe, mixɔ amesi woda adzoe la, tso ŋutasẽla si me; migate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe anyi o, migawɔ funyafunyawo o, eye migakɔ ʋu maɖifɔ ɖe teƒe sia o. |
4 |
Elabena ne miewɔ nu ɖe nya siawo nu la, ekema fia, siwo abɔbɔ nɔ Dawid ƒe zikpui dzi la, aɖo tasiaɖam, eye woaɖo sɔ age ɖe aƒe sia ƒe agbowo me, woawo kple woƒe dɔlawo kple woƒe dukɔ siaa. |
5 |
Yehowa be: Ke ne mieɖo to nya siawo o la, ekema metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne aƒe sia mazu aƒedo o fĩ! |
6 |
Elabena ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia ƒe aƒe ŋu enye si: Gilead kple Libanon-ta me nènye nam, ke mawɔ wò nazu gbegbe kple du ɖiaƒedo. |
7 |
Eye maɖo nugblẽlawo ɖe ŋuwò, eye wo dometɔ ɖesiaɖe atsɔ eƒe lãnu alã Libanon ƒe sederti nyuitɔwo ahatsɔ de dzo me. |
8 |
Eye dukɔ geɖewo ava to du sia ŋu ayi, eye woagblɔ na wo nɔewo bena: Nukata Yehowa wɔ du gã sia alea ɖo? |
9 |
Eye woaɖo ŋu bena: Elabena wogblẽ Yehowa, woƒe Mawu ƒe nubabla ɖi, eye wode ta agu na mawu tutɔwo hesubɔ wo. |
10 |
Megafa avi ɖe ame kuku ŋu o, eye megafa nɛ o, ke boŋ fa avi ɖe amesi ʋu dzo la ŋu, elabena megale tɔtrɔ ge agbɔ o, eye megale wo denyigba kpɔ ge o. |
11 |
Elabena ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia Salum, Yosiya vi, amesi ɖu fia ɖe fofoa Yosiya teƒe, eye wòʋu dzo tso teƒe sia la ŋu enye si: Magatrɔ gbɔ va afisia o, |
12 |
ke boŋ afisi woɖe aboyoe yi la, afima wòaku ɖo, eye magakpɔ anyigba sia o. |
13 |
Baba na amesi le eƒe xɔ tum le madzɔmadzɔnyenye me, eye eƒe dziƒoxɔ le vɔ̃ɖinyenye me, amesi nana ehavi wɔa dɔ ne yaka, eye mexea eƒe dɔwɔfe nɛ o; |
14 |
eya amesi gblɔna be: Matu xɔ gãwo kple dziƒoxɔ kekewo, made fesrewo wo nu, maklã sederʋuƒowo ɖe wo me, eve masi aŋɔ dze na wo! |
15 |
Ne ele aɖika dom le sedertiwo me la, ɖe nèbuna be, eyae nye fianyenyea? Fofowò hã ɖu nu, eye wono nu, ke edrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye wòwɔ nu dzɔdzɔe, eye eme nyo nɛ. |
16 |
Etso na hiãtɔwo kple ame dahewo, eyata eme nyo nɛ. Yehowa be: Ɖe menye esia woyɔna be sidzedzem oa? |
17 |
Elabena wò ŋku kple wò dzi le viɖe kple ame maɖifɔ ƒe ʋu kɔkɔɖeanyi kple ŋutasesẽ kpakple fuwɔame ko ŋu. |
18 |
Eyata ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi la ŋu enye si: Womafa nɛ be: „Ao, nɔvinyeŋutsu, ao, nɔvinyenyɔnu“ o! Eye womafa nɛ be: „Ao, nye aƒetɔ, ao, eƒe atsyɔ̃“ o! |
19 |
Woaɖii abe tedzi ene, woatee le anyigba atsɔ aƒu gbe ɖe adzɔge tso Yerusalem ƒe agbowo gbɔ. |
20 |
De Libanon dzi nado ɣli, eye na wò gbe naɖi le Basan; do ɣli tso Abarim dzi, elabena wogbã wò ahiãviwo katã nyanyanya! |
21 |
Esi nèli bɔkɔɔ la, meƒo nu kpli wò, ke ègblɔ be, yemasee o; esia nye wò nɔnɔme tso wò ɖevime ke, be nègbe toɖoɖo nye gbe. |
22 |
Ya akplɔ wò lãkplɔviwo katã, eye wò ahiãviwo ayi aboyo me; ŋu akpe wò, eye wò mo atsi dã le wò nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta. |
23 |
Wò amesi tso aƒe ɖe Libanon dzi, eye nèwɔ ato ɖe sedertiwo me, ne vevesese ƒo ɖe dziwo, eye nèlé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene la, aleke màhaɖe hũi o! |
24 |
Yehowa be: Mefa ɖokuinye ƒe agbe: Ɖe wònye ŋkosigɛ nye Yuda-fia Xonya, Yoyakim vi la, le nye ɖusi la, anye ne maɖee aƒu gbe tso gama, |
25 |
ahatsɔ wò ade asi na amesiwo le wò ku dim, kple amesiwo le ŋɔ dzim na wò, eye matsɔ wò ade asi na Babel-fia Nebukadnezar kple Kaldeatɔwo. |
26 |
Matsɔ mia kple dawo, si dzi wò la, aƒu gbe ɖe anyigba tutɔ dzi, afisi womedzi mi ɖo o, eye miaku ɖe gama; |
27 |
eye womagbugbɔ ayi anyigba, si dzi yiyi le wo dzrom la dzi o. |
28 |
Ɖe ze gbagbã, si ɖi gbɔ, enye Xonya sia loo, alo ze, si ƒe nu menyoa amea ɖeke ŋu o la, wònyea? Nukata wonyã eya kple viawo de gbe, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, si womenya o la dzi? |
29 |
Anyigba, anyigba, anyigba, se Yehowa ƒe nya! |
30 |
Ale Yehowa gblɔ esi: Miŋlɔ ŋutsu sia ɖi be, medzi vi o, enye ŋutsu, si naneke medze dzi na le eƒe agbe me o; elabena madze dzi na viawo dometɔa ɖeke, be wòabɔbɔ nɔ Dawid ƒe fiazikpui dzi ahaɖu le Yuda akpa o.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yeremia 22:1 |
Yeremia 22:2 |
Yeremia 22:3 |
Yeremia 22:4 |
Yeremia 22:5 |
Yeremia 22:6 |
Yeremia 22:7 |
Yeremia 22:8 |
Yeremia 22:9 |
Yeremia 22:10 |
Yeremia 22:11 |
Yeremia 22:12 |
Yeremia 22:13 |
Yeremia 22:14 |
Yeremia 22:15 |
Yeremia 22:16 |
Yeremia 22:17 |
Yeremia 22:18 |
Yeremia 22:19 |
Yeremia 22:20 |
Yeremia 22:21 |
Yeremia 22:22 |
Yeremia 22:23 |
Yeremia 22:24 |
Yeremia 22:25 |
Yeremia 22:26 |
Yeremia 22:27 |
Yeremia 22:28 |
Yeremia 22:29 |
Yeremia 22:30 |
|
|
|
|
|
|
Yeremia 1 / Yer 1 |
Yeremia 2 / Yer 2 |
Yeremia 3 / Yer 3 |
Yeremia 4 / Yer 4 |
Yeremia 5 / Yer 5 |
Yeremia 6 / Yer 6 |
Yeremia 7 / Yer 7 |
Yeremia 8 / Yer 8 |
Yeremia 9 / Yer 9 |
Yeremia 10 / Yer 10 |
Yeremia 11 / Yer 11 |
Yeremia 12 / Yer 12 |
Yeremia 13 / Yer 13 |
Yeremia 14 / Yer 14 |
Yeremia 15 / Yer 15 |
Yeremia 16 / Yer 16 |
Yeremia 17 / Yer 17 |
Yeremia 18 / Yer 18 |
Yeremia 19 / Yer 19 |
Yeremia 20 / Yer 20 |
Yeremia 21 / Yer 21 |
Yeremia 22 / Yer 22 |
Yeremia 23 / Yer 23 |
Yeremia 24 / Yer 24 |
Yeremia 25 / Yer 25 |
Yeremia 26 / Yer 26 |
Yeremia 27 / Yer 27 |
Yeremia 28 / Yer 28 |
Yeremia 29 / Yer 29 |
Yeremia 30 / Yer 30 |
Yeremia 31 / Yer 31 |
Yeremia 32 / Yer 32 |
Yeremia 33 / Yer 33 |
Yeremia 34 / Yer 34 |
Yeremia 35 / Yer 35 |
Yeremia 36 / Yer 36 |
Yeremia 37 / Yer 37 |
Yeremia 38 / Yer 38 |
Yeremia 39 / Yer 39 |
Yeremia 40 / Yer 40 |
Yeremia 41 / Yer 41 |
Yeremia 42 / Yer 42 |
Yeremia 43 / Yer 43 |
Yeremia 44 / Yer 44 |
Yeremia 45 / Yer 45 |
Yeremia 46 / Yer 46 |
Yeremia 47 / Yer 47 |
Yeremia 48 / Yer 48 |
Yeremia 49 / Yer 49 |
Yeremia 50 / Yer 50 |
Yeremia 51 / Yer 51 |
Yeremia 52 / Yer 52 |