1 |
Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya, enye si: |
2 |
Tso, nayi zemela ƒe me, afima mana nase nye nyawo le. |
3 |
Tete meyi zemela ƒe me, eye kpɔ ɖa, ele dɔ wɔm le zemenu dzi. |
4 |
Eye ne ze, si mena wòle la gblẽ, abe alesi tsu dia wɔwɔ le zemela si me godoo ene la, ekema zemela la tsɔnɛ woa ze bubui, alesi dze eŋu wòbe, yeawɔ. |
5 |
Tete Yehowa ƒe gbe va gbɔnye bena: |
6 |
Ale Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, ɖe nyemate ŋu awɔ mi, abe alesi zemela sia wona ene oa? Israel ƒe aƒe, kpo ɖa, alesi tsu le zemela si mee la, nenema miele asinye mee! |
7 |
Fifia meƒo nu kple dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe, be mahoe ɖa, magbãe, eye matsrɔ̃e; |
8 |
ke ne dukɔ ma trɔ tso eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, si ŋu meƒo nu le me la, ekema vɔ̃, si meɖo be, mawɔe la, avem. |
9 |
Ɣebubuɣi la meƒo nu le dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe ŋu be, matsoe, eye made eƒe agunu to; |
10 |
ke ne ewo nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye meɖo to nye gbe o la, ekema nyuie, si megblɔ be, mawo nɛ la, avem. |
11 |
Azɔ gblɔ na Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe mia ŋu, eye meɖo ta me ɖe mia ŋu. Mia dome amesiame netrɔ tso eƒe mo vɔ̃wo dzi, eye miɖo miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo ɖo. |
12 |
Ke wogblɔ bena: Dzodzroe! Elabena míazɔ ɖe míaƒe susuwo nu, eye mía dome amesiame awu nu ɖe eƒe dzimesesẽ vɔ̃ɖi nu. |
13 |
Mibia se le dukɔwo dome be, ameka se esia tɔgbe kpo hã? Nu gbegblẽ ŋutɔŋutɔ Israel-ɖetugbi wɔ. |
14 |
De Libanon ƒe sno dzona ɖa le towo ƒe agakpewo dzia, eye ɖe to gã fafɛ, siwo le sisim la miena? |
15 |
Elabena nye dukɔ la ŋlɔm be, eye wódoa dzudzɔ na nu dzodzroawo, siwo kplɔa wo ɖa tsoa woƒe mo, si nye toƒe mava la dzi, ne woazɔ mɔ kple toƒe xexewo; |
16 |
ne woana woƒe anyigba nazu gbegbe kple alɔmeɖenu tegbee, ne amea ɖe to eŋu yina la, eƒe nu aku, eye woaʋuʋu ta. |
17 |
Makaka wo ahlẽ le woƒe futɔwo nu abe ɣedzeƒeya ene, matrɔ ʋume ade wo le woƒe tsɔtsrɔ̃gbe, eye menye ŋku me o. |
18 |
Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o. |
19 |
Yehowa, lé to ɖe ŋunye, eye nase nye ketɔwo ƒe gbe. |
20 |
Ɖe wotsɔa vɔ̃ ɖoa nyuie teƒe, hafi woawo ɖe ʋe na nye luʋɔa? Ɖo ŋu, alesi metsi tre ɖe ŋkuwò me, be magblɔ nya nyui ɖe wo ŋu, ne wò dziku nu nafa ɖe wo ŋu. |
21 |
Eyata tso woƒe ŋutsuviwo de asi na dɔwuame, eye naxlã wo ɖe yi nu, na woaɖe vi le wo srɔ̃wo ŋu, eye woazu ahosi, ku natsrɔ̃ woƒe ŋutsuwo ɖa, eye yi ne wu woƒe ɖekakpuiwo le aʋa me. |
22 |
Wòase ɣlikpɛ le woƒe aƒewo me, ne èkplɔ adzohawo va ƒo ɖe wo dzi kpoyi; elabena woɖe ʋe, be yewoatsɔ aɖem, eye woɖo mɔ̃ na nye afɔwo. |
23 |
Ke wò, Yehowa, ènya woƒe tame, siwo katã woɖo ɖe ŋunye hena nye ku; megatsyɔ nu woƒe vodadawo dzi o, eye megatsi woƒe nuvɔ̃ nu le ŋkuwò me o; ke boŋ wòadze anyi le ŋkuwò me. Wo wo alea le wò dɔmedzoedogbe!
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yeremia 18:1 |
Yeremia 18:2 |
Yeremia 18:3 |
Yeremia 18:4 |
Yeremia 18:5 |
Yeremia 18:6 |
Yeremia 18:7 |
Yeremia 18:8 |
Yeremia 18:9 |
Yeremia 18:10 |
Yeremia 18:11 |
Yeremia 18:12 |
Yeremia 18:13 |
Yeremia 18:14 |
Yeremia 18:15 |
Yeremia 18:16 |
Yeremia 18:17 |
Yeremia 18:18 |
Yeremia 18:19 |
Yeremia 18:20 |
Yeremia 18:21 |
Yeremia 18:22 |
Yeremia 18:23 |
|
|
|
|
|
|
Yeremia 1 / Yer 1 |
Yeremia 2 / Yer 2 |
Yeremia 3 / Yer 3 |
Yeremia 4 / Yer 4 |
Yeremia 5 / Yer 5 |
Yeremia 6 / Yer 6 |
Yeremia 7 / Yer 7 |
Yeremia 8 / Yer 8 |
Yeremia 9 / Yer 9 |
Yeremia 10 / Yer 10 |
Yeremia 11 / Yer 11 |
Yeremia 12 / Yer 12 |
Yeremia 13 / Yer 13 |
Yeremia 14 / Yer 14 |
Yeremia 15 / Yer 15 |
Yeremia 16 / Yer 16 |
Yeremia 17 / Yer 17 |
Yeremia 18 / Yer 18 |
Yeremia 19 / Yer 19 |
Yeremia 20 / Yer 20 |
Yeremia 21 / Yer 21 |
Yeremia 22 / Yer 22 |
Yeremia 23 / Yer 23 |
Yeremia 24 / Yer 24 |
Yeremia 25 / Yer 25 |
Yeremia 26 / Yer 26 |
Yeremia 27 / Yer 27 |
Yeremia 28 / Yer 28 |
Yeremia 29 / Yer 29 |
Yeremia 30 / Yer 30 |
Yeremia 31 / Yer 31 |
Yeremia 32 / Yer 32 |
Yeremia 33 / Yer 33 |
Yeremia 34 / Yer 34 |
Yeremia 35 / Yer 35 |
Yeremia 36 / Yer 36 |
Yeremia 37 / Yer 37 |
Yeremia 38 / Yer 38 |
Yeremia 39 / Yer 39 |
Yeremia 40 / Yer 40 |
Yeremia 41 / Yer 41 |
Yeremia 42 / Yer 42 |
Yeremia 43 / Yer 43 |
Yeremia 44 / Yer 44 |
Yeremia 45 / Yer 45 |
Yeremia 46 / Yer 46 |
Yeremia 47 / Yer 47 |
Yeremia 48 / Yer 48 |
Yeremia 49 / Yer 49 |
Yeremia 50 / Yer 50 |
Yeremia 51 / Yer 51 |
Yeremia 52 / Yer 52 |