1 |
Tete Yehowa gblɔ nam bena: Ne Mose kple Samuel wotsi tre ɖe ŋkunye me hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋu o. Nyã wo ɖa le ŋkunye me, ne woadzo. |
2 |
Eye ne wogblɔ na wò be, afika yi ge yewoala hã la, ekema ɖo ŋu na wo be: Ale Yehowa gblɔ esi: Amesi woɖo ɖi na ku la, neyi ku gbɔ, amesi woɖo ɖi na yi la, neyi yi gbɔ, amesi woɖo ɖi na dɔwuame la, neyi dɔwuame gbɔ, eye amesi woɖo ɖi na aboyo la, neyi aboyome. |
3 |
Ale Yehowa gblɔ esi: Maɖo nu ene ƒomevi ɖe wo ŋu: Yi, ne wòawu wo, avũ wo, ne woahe wo dranyidranyi, dziƒoxewo kple gbemelãwo, ne woaɖu wo, eye woatsrɔ̃ wo. |
4 |
Eye mana woanye bibi na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã le Yuda-fia Xizkiya vi Manase ta, le nusi wòwɔ le Yerusalem la ŋuti. |
5 |
Elabena Yerusalem, ameka akpɔ nublanui na wò, ameka ado baba na wò, eye ameka ava gbɔwò abia wò lãme ta ase? |
6 |
Yehowa be: Egbem, eye nède megbe, eyata mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye matsrɔ̃ wò, nublanuikpɔkpɔ tim. |
7 |
Eyata matsɔ lugbɔnu agbɔ wò le anyigba la ƒe agbowo nu, maɖe vi lé nye dukɔ, si gbe tɔtrɔ tso eƒe mɔwo dzi la ŋu, eye matsrɔ̃e. |
8 |
Woƒe ahosiwo asɔ gbɔ wu ƒutake; makplɔ nugblẽla aƒu ɖekakpuiwo dada le ŋdɔkutsu dzatsɛ, mana vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi nava wo dzi kpoyi. |
9 |
Nu te vi adre nɔ ŋu, eye eƒe luʋɔ dzo le eme; eƒe ɣe ɖo to le keli me, ŋukpe lée, eye eƒe mo tsi dã; matsɔ eƒe ame susɔeawo ade asi na yi le eƒe futɔwo nu, Yehowa ye gblɔe. |
10 |
Danye, baba nam be, nèdzi nye, amesi ŋu xexeame blibo la le avu kple dzre wɔm ɖo! Nyemedo nugbana o, eye amea ɖeke medo agbana nam o tso, hafi wo katã wole ɖiŋu dom nam. |
11 |
Yehowa be: Vava, mali ke wò hena nyuie, vava, mana ketɔ la naƒo koko na wò le dzɔgbevɔ̃eɣi kple hiãɣi. |
12 |
Ɖe gayibɔ aŋe gayibɔ kple akɔbli, siwo tso anyiehea? |
13 |
Matsɔ wò kesinɔnuwo kple wò nu xɔasiwo ana woaha, eye womaxe fe ɖe wo ta o, le wò nuvɔ̃, siwo katã nèwɔ le wò anyigbawo katã dzi la ta, |
14 |
eye mana nasubɔ wò futɔwo le anyigba, si mènya o la dzi. Elabena dzo le bibim le nye dɔmedzoe me, miawo ŋue wòle bibim ɖo. |
15 |
Yehowa, ènyae, ɖo ŋku dzinye, eye naɖe ŋku ɖe ŋunye, netsɔ nabia hlɔ̃ yonyemetilawo nam; megawɔ nu ɖewo dzigbɔgbɔ blewu la nu o; tso nam, eye nanyae be, tawòe ŋukpe le dzinye ɖo. |
16 |
Esi wò nyawo ɖo gbɔnye la, memi wo, eye wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi, elabena wo ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Yehowa, Mawu Zebaot. |
17 |
Nyemebɔbɔ nɔ nukolawo dome le dzidzɔ kpɔm o, ke boŋ nye ɖeka mebɔbɔ no aga le wò alɔ ta, elabena ètsɔ dziku yɔ menye fũ. |
18 |
Nukaŋuti nye vevesesewo anɔ anyi ɖaa, eye nye abiwo anye abi vɔ̃e agbe kuku? Ezu nam abe tɔʋu, si blea ame, kple tsi, si metɔna ɖi o la ene. |
19 |
Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Ne ètrɔ ɖe ŋunye la, matrɔ ɖe ŋuwò, eye atsi tre ɖe ŋkunye me. Eye ne eɖe nu nyuiwo ɖe go, menye gbegblẽawo o la, ekema anye nye nu; woawo atrɔ ɖe ŋuwò, ke wòa matrɔ ɖe wo ŋu o. |
20 |
Yehowa be: Matsɔ wò awɔ, akɔbligli sesẽ na dukɔ sia, eye ne wowɔ aʋa kpli wò la, womakpe dziwò o, elabena meli kpli wò, ne maxɔ na wò, eye maɖe wò; |
21 |
maɖe wò le ame vɔ̃ɖiwo si me, eye maxɔ wò le ŋutasẽlawo ƒe fego me.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yeremia 15:1 |
Yeremia 15:2 |
Yeremia 15:3 |
Yeremia 15:4 |
Yeremia 15:5 |
Yeremia 15:6 |
Yeremia 15:7 |
Yeremia 15:8 |
Yeremia 15:9 |
Yeremia 15:10 |
Yeremia 15:11 |
Yeremia 15:12 |
Yeremia 15:13 |
Yeremia 15:14 |
Yeremia 15:15 |
Yeremia 15:16 |
Yeremia 15:17 |
Yeremia 15:18 |
Yeremia 15:19 |
Yeremia 15:20 |
Yeremia 15:21 |
|
|
|
|
|
|
Yeremia 1 / Yer 1 |
Yeremia 2 / Yer 2 |
Yeremia 3 / Yer 3 |
Yeremia 4 / Yer 4 |
Yeremia 5 / Yer 5 |
Yeremia 6 / Yer 6 |
Yeremia 7 / Yer 7 |
Yeremia 8 / Yer 8 |
Yeremia 9 / Yer 9 |
Yeremia 10 / Yer 10 |
Yeremia 11 / Yer 11 |
Yeremia 12 / Yer 12 |
Yeremia 13 / Yer 13 |
Yeremia 14 / Yer 14 |
Yeremia 15 / Yer 15 |
Yeremia 16 / Yer 16 |
Yeremia 17 / Yer 17 |
Yeremia 18 / Yer 18 |
Yeremia 19 / Yer 19 |
Yeremia 20 / Yer 20 |
Yeremia 21 / Yer 21 |
Yeremia 22 / Yer 22 |
Yeremia 23 / Yer 23 |
Yeremia 24 / Yer 24 |
Yeremia 25 / Yer 25 |
Yeremia 26 / Yer 26 |
Yeremia 27 / Yer 27 |
Yeremia 28 / Yer 28 |
Yeremia 29 / Yer 29 |
Yeremia 30 / Yer 30 |
Yeremia 31 / Yer 31 |
Yeremia 32 / Yer 32 |
Yeremia 33 / Yer 33 |
Yeremia 34 / Yer 34 |
Yeremia 35 / Yer 35 |
Yeremia 36 / Yer 36 |
Yeremia 37 / Yer 37 |
Yeremia 38 / Yer 38 |
Yeremia 39 / Yer 39 |
Yeremia 40 / Yer 40 |
Yeremia 41 / Yer 41 |
Yeremia 42 / Yer 42 |
Yeremia 43 / Yer 43 |
Yeremia 44 / Yer 44 |
Yeremia 45 / Yer 45 |
Yeremia 46 / Yer 46 |
Yeremia 47 / Yer 47 |
Yeremia 48 / Yer 48 |
Yeremia 49 / Yer 49 |
Yeremia 50 / Yer 50 |
Yeremia 51 / Yer 51 |
Yeremia 52 / Yer 52 |