1 |
Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya, enye si: |
2 |
Mise nubabla sia ƒe nyawo, eye miƒo nu kple Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo. |
3 |
Eye nagblɔ na wo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Woaƒo fi ade amesi meɖo to nubabla sia ƒe nyawo o, |
4 |
nya, siwo mede asi na mia fofowo le gbesigbe mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, tso gakpo me, gblɔ bena: Ne míese nye gbe, eye miewɔ, abe alesi mede se na mi ene la, ekema mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu, |
5 |
ne mawɔ atam, si meka na mia fofowo be, matsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na wo la dzi, abe alesi wòzu egbeawo ene. Eye meɖo ŋu gblɔ bena: Yehowa, neva me! |
6 |
Tete Yehowa gblɔ nam be: Ɖe gbe ƒã nya siawo katã le Yuda-duwo kple Yerusalem ƒe kpɔdomeewo bena: Mise nubabla sia ƒe nyawo, eye miwɔ wo dzi. |
7 |
Elabena mexlɔ̃ nu mia fofowo tso gbesigbe mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi vaseɖe egbe, eye megale nu xlɔ̃m wo vevie ɖaa be: Miɖo to nye gbe! |
8 |
Ke womeɖo to o, eye womeƒu to anyi o, ke boŋ wò katã wozɔ le woƒe dzimesesẽ vɔ̃ɖi me; tete mehe nubabla sia ƒe nyawo katã va wo dzi, nya, siwo ŋu mede se na wo le, hafi womewɔ wo dzi o la. |
9 |
Eye Yehowa gblɔ nam be: Gbeɖoɖoɖi le Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo dome. |
10 |
Wotrɔ ɖe wo fofo, siwo gbe be, yewomaɖo to nye nyawo o la ƒe vodada tsãtɔwo ŋu; wodze mawu tutɔwo hã yome, ne woasubɔ wo; Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe la tu nye nu, si mebia kple wo fofowo la. |
11 |
Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi, esi me womaɖe le o, eye woaɖo ɣli nam, ke nyemaɖo towo o. |
12 |
Eye Yuda-duwo kple Yerusalemtɔwo wòayi aɖado ɣli na mawu, siwo woɖoa dzudzɔ na, ke womaxɔ na wo le woƒe hiã me o. |
13 |
Elabena Yuda, alesi wò duwo sɔ gbɔe la, nenema nu wò mawuwo le ɖo, eye míeɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yerusalem-blɔwo ƒe xexlẽme nu na ŋukpenamawuwo, ne míado dzudzɔ le vasamlekpulawo dzi na Baal. |
14 |
Ke wò la megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ta o, megaƒo koko, eye megado gbe ɖa ɖe wo ta o, elabena ne wodo ɣli yɔm le woƒe hiã me la, nyemaɖo to wo o. |
15 |
Nuka xɔ̃nye veviwo be, yewoawɔ le aƒenye me? Ɖe wobe, yewoawɔ yewoƒe aye tameɖoɖowo dzia? Ne gbedodoɖa kple vɔsalã kɔkɔewo ɖe wò nu vɔ̃ɖi wowɔ ɖa la, ekema akpɔ dzidzɔ. |
16 |
Yehowa yɔ wò be „amiti dama, si ƒe tsetse nyo, eye wònya kpɔna“. Le howɔwɔ gã ƒe ɖiɖi me la ado dzo ɖe eŋu, eye eƒe alɔwo aŋe. |
17 |
Yehowa Zebaot, amesi ɖe wò aganu to la, ɖo vɔ ɖe ŋuwò le Israel ƒe aƒe kple Yuda ƒe aƒe ƒe vɔ̃ɖi, si wowɔ hedo dzudzɔ na Baal, ne woatsɔ ado dziku nam la ta. |
18 |
Yehowa na menyae, eye medze sii; tete nèɖe woƒe nuwɔwɔwo fiãm ɣemaɣi. |
19 |
Ke nye la mele abe alẽvi mamlã, si wokplɔ yina wuwu ge ene, nyemenyae be, woɖo la me ɖe ŋunye o be: Mina míawu ati la kple eƒe tsetsewo, eye míatsrɔ̃e ɖa le agbagbeawo ƒe anyigba dzi, ne womagaɖo ŋu eƒe ŋkɔ azɔ o. |
20 |
Ke wò Yehowa Zebaot, amesi drɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe, eye nèdoa ayikuwo kple dziwo kpɔna la, na makpɔ wò hlɔ̃biabiawo ɖe wo ŋu, elabena asiwò me metsɔ nye nya ɖee. |
21 |
Eyata ale Yehowa gblɔ ɖe Anatot-ŋutsu, siwo le wò ku dim le gbɔgblɔm be: Megagblɔ nya ɖi le Yehowa ƒe ŋkɔ me, ne míaƒe asi magawu wò o la, enye si. |
22 |
Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe to na wo: Ɖekakpuiwo aku ɖe yi nu, eye woƒe ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo aku ɖe dɔwuame si me; |
23 |
woƒe amea ɖeke makpɔtɔ o, elabena mahe dzagbevɔ̃e ava Anatot-ŋutsuwo dzi le ƒe, si me mahe to na wo.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yeremia 11:1 |
Yeremia 11:2 |
Yeremia 11:3 |
Yeremia 11:4 |
Yeremia 11:5 |
Yeremia 11:6 |
Yeremia 11:7 |
Yeremia 11:8 |
Yeremia 11:9 |
Yeremia 11:10 |
Yeremia 11:11 |
Yeremia 11:12 |
Yeremia 11:13 |
Yeremia 11:14 |
Yeremia 11:15 |
Yeremia 11:16 |
Yeremia 11:17 |
Yeremia 11:18 |
Yeremia 11:19 |
Yeremia 11:20 |
Yeremia 11:21 |
Yeremia 11:22 |
Yeremia 11:23 |
|
|
|
|
|
|
Yeremia 1 / Yer 1 |
Yeremia 2 / Yer 2 |
Yeremia 3 / Yer 3 |
Yeremia 4 / Yer 4 |
Yeremia 5 / Yer 5 |
Yeremia 6 / Yer 6 |
Yeremia 7 / Yer 7 |
Yeremia 8 / Yer 8 |
Yeremia 9 / Yer 9 |
Yeremia 10 / Yer 10 |
Yeremia 11 / Yer 11 |
Yeremia 12 / Yer 12 |
Yeremia 13 / Yer 13 |
Yeremia 14 / Yer 14 |
Yeremia 15 / Yer 15 |
Yeremia 16 / Yer 16 |
Yeremia 17 / Yer 17 |
Yeremia 18 / Yer 18 |
Yeremia 19 / Yer 19 |
Yeremia 20 / Yer 20 |
Yeremia 21 / Yer 21 |
Yeremia 22 / Yer 22 |
Yeremia 23 / Yer 23 |
Yeremia 24 / Yer 24 |
Yeremia 25 / Yer 25 |
Yeremia 26 / Yer 26 |
Yeremia 27 / Yer 27 |
Yeremia 28 / Yer 28 |
Yeremia 29 / Yer 29 |
Yeremia 30 / Yer 30 |
Yeremia 31 / Yer 31 |
Yeremia 32 / Yer 32 |
Yeremia 33 / Yer 33 |
Yeremia 34 / Yer 34 |
Yeremia 35 / Yer 35 |
Yeremia 36 / Yer 36 |
Yeremia 37 / Yer 37 |
Yeremia 38 / Yer 38 |
Yeremia 39 / Yer 39 |
Yeremia 40 / Yer 40 |
Yeremia 41 / Yer 41 |
Yeremia 42 / Yer 42 |
Yeremia 43 / Yer 43 |
Yeremia 44 / Yer 44 |
Yeremia 45 / Yer 45 |
Yeremia 46 / Yer 46 |
Yeremia 47 / Yer 47 |
Yeremia 48 / Yer 48 |
Yeremia 49 / Yer 49 |
Yeremia 50 / Yer 50 |
Yeremia 51 / Yer 51 |
Yeremia 52 / Yer 52 |