1 |
Xilkiya, amesi tso nunɔlawo dome le Anatot le Benyamin-nyigba dzi la ƒe vi Yeremya ƒe nyawo enye si; |
2 |
eya gbɔ Yehowa ƒe gbe va le Yuda-fia Yosiya, Amon vi ŋɔli le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me; |
3 |
emegbe le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ŋɔli ɖaseɖe Yuda-fia Zedekiya, Yosiya vi ƒe ƒe wuiɖekɛlia ƒe nuwuwu, vaseɖe esime woɖe aboyo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia me. |
4 |
Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be: |
5 |
Hafi mava mè wò ɖe ɖɔ me la, menya wò, mekɔ ŋuwò, hafi nèdo tso dɔ me, eye metsɔ wò ɖo nyagblɔɖilae na dukɔwo. |
6 |
Eye megblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o. |
7 |
Yehowa gblɔ nam bena: Meganɔ gbɔgblɔm be, yemetsi o, ke boŋ afisiafi, si maɖo wò ɖo la, nayi, eye gbe, siwo katã made asiwò la, nagblɔe. |
8 |
Megavɔ̃ wo o, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe! |
9 |
Eye Yehowa do eƒe asi ɖa hetɔ nu nam, eye Yehowa gblɔ nam bena: Kpɔ ɖa, metsɔ nye nyawo le nuwo ɖem. |
10 |
Kpɔ ɖa, metsɔ wò ɖo dukɔwo kple fiaɖuƒewo nu, nalã nu, eye nagbã nu, natsrɔ̃ nu, eye nagblẽ nu, natso aƒe, eye naƒã nu! |
11 |
Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye bena Yeremya, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu bena: Aɖatsigoti kpɔm mele |
12 |
Yehowa gblɔ nam bena: Ekpɔe ɖe eteƒe; elabena manɔ ŋute ɖe nye nya ŋu, ne mawɔe ade goe. |
13 |
Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye zi evelia bena: Nuka kpɔm nele? Meɖo ŋu bena: Mele ze, si le fiefiẽm la kpɔm, wòtrɔ ŋgɔ dze anyiehe. |
14 |
Eye Yehowa gblɔ nam bena: Dzɔgbevɔ̃e atso anyiehe gome aƒo ɖe anyigba la dzinɔlawo katã dzi. |
15 |
Yehowa be: Kpɔ ɖa, mayɔ fiaɖuƒewo ƒe ƒomeawo katã tso anyiehe, ne wo dometɔ ɖesiaɖe nava ali zikpui anyi ɖe Yerusalem-gbowo nu, ɖe eƒe gliwo katã ŋu kple ɖe Yuda-duwo katã ŋu. |
16 |
Eye madrɔ̃ ʋɔnu kpli wo le woƒe vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã ta, le esi wogblẽna ɖi eye wodo dzudzɔ na mawu tutɔwo, eye wode ta agu na woƒe asinudɔwɔwɔwo ŋuti. |
17 |
Ke wò la, bia ali dzi, eye tso naɖagblɔ nya, siwo katã made asiwò la, na wo. Womegadzi ŋɔ na wo o, ne màgana ŋɔ nadzi wò le wo ŋku me o. |
18 |
Kpɔ ɖa, nyea matsɔ wò awɔ ɖu sesẽ, gasɔti kple akɔbligli egbea ɖe anyigba blibo la nu, ɖe Yuda-fiawo, eƒe amegãwo, eƒe nunɔlawo kple dukɔ hahoo la ŋuti. |
19 |
Woawɔ avu kpli wò, ke woaɖo kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yeremia 1:1 |
Yeremia 1:2 |
Yeremia 1:3 |
Yeremia 1:4 |
Yeremia 1:5 |
Yeremia 1:6 |
Yeremia 1:7 |
Yeremia 1:8 |
Yeremia 1:9 |
Yeremia 1:10 |
Yeremia 1:11 |
Yeremia 1:12 |
Yeremia 1:13 |
Yeremia 1:14 |
Yeremia 1:15 |
Yeremia 1:16 |
Yeremia 1:17 |
Yeremia 1:18 |
Yeremia 1:19 |
|
|
|
|
|
|
Yeremia 1 / Yer 1 |
Yeremia 2 / Yer 2 |
Yeremia 3 / Yer 3 |
Yeremia 4 / Yer 4 |
Yeremia 5 / Yer 5 |
Yeremia 6 / Yer 6 |
Yeremia 7 / Yer 7 |
Yeremia 8 / Yer 8 |
Yeremia 9 / Yer 9 |
Yeremia 10 / Yer 10 |
Yeremia 11 / Yer 11 |
Yeremia 12 / Yer 12 |
Yeremia 13 / Yer 13 |
Yeremia 14 / Yer 14 |
Yeremia 15 / Yer 15 |
Yeremia 16 / Yer 16 |
Yeremia 17 / Yer 17 |
Yeremia 18 / Yer 18 |
Yeremia 19 / Yer 19 |
Yeremia 20 / Yer 20 |
Yeremia 21 / Yer 21 |
Yeremia 22 / Yer 22 |
Yeremia 23 / Yer 23 |
Yeremia 24 / Yer 24 |
Yeremia 25 / Yer 25 |
Yeremia 26 / Yer 26 |
Yeremia 27 / Yer 27 |
Yeremia 28 / Yer 28 |
Yeremia 29 / Yer 29 |
Yeremia 30 / Yer 30 |
Yeremia 31 / Yer 31 |
Yeremia 32 / Yer 32 |
Yeremia 33 / Yer 33 |
Yeremia 34 / Yer 34 |
Yeremia 35 / Yer 35 |
Yeremia 36 / Yer 36 |
Yeremia 37 / Yer 37 |
Yeremia 38 / Yer 38 |
Yeremia 39 / Yer 39 |
Yeremia 40 / Yer 40 |
Yeremia 41 / Yer 41 |
Yeremia 42 / Yer 42 |
Yeremia 43 / Yer 43 |
Yeremia 44 / Yer 44 |
Yeremia 45 / Yer 45 |
Yeremia 46 / Yer 46 |
Yeremia 47 / Yer 47 |
Yeremia 48 / Yer 48 |
Yeremia 49 / Yer 49 |
Yeremia 50 / Yer 50 |
Yeremia 51 / Yer 51 |
Yeremia 52 / Yer 52 |