1 |
Eye Yehowa gblɔ nam bena: Tso nuŋlɔkpe gãa ɖe, eye naŋlɔ nuŋɔŋlɔ hahootɔ ɖe edzi bena: Aboyonu, afɔ netsɔ, nuhaha, va kaba! |
2 |
De ɖasefo wɔnuteƒe wo nam: nunɔla Uriya kple Zaxarya, Yeberexya vi. |
3 |
Eye mete de nyɔnu nyagblɔɖila ŋu wòto fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Tete Yehowa gblɔ nam be: Yɔ eƒe ŋkɔ be „Aboyonu, afɔ netsɔ, nuhaha, va kaba!“ |
4 |
Elabena hafi ɖevi la nade asi fofo kple dada yɔyɔ me la, woatso Damasko ƒe kesinɔnuwo kple Samaria ƒe aboyonuwo adze Asur-fia ŋgɔe. |
5 |
Eye Yehowa gaƒo nu kplim gblɔ bena: |
6 |
Esi dukɔ sia do vlo Siloa-tsi, si sina blewu la, eye wòkpɔ dzidzɔ kple Rezin kpakple Remalya vi la, |
7 |
eyata Aƒetɔ la akplɔ tɔsisi la ƒe tsi gã sẽŋuwo ava ƒo ɖe wo dzi, si nye Asur-fia kple eƒe ŋusẽ blibo; ayɔ eƒe baliwo katã me, eye wòagbagba eƒe tɔgowo katã, |
8 |
asi ato Yuda, eye aɖo agbagba vaseɖe ve ke, eye eƒe aʋala, siwo ke la, asa wò anyigba ƒe kekeme. Mawu ti kpli mí! |
9 |
Mi dukɔwo, midze agbo, eye dzi neɖe le mia ƒo; mi amesiwo katã le didiƒe le anyigba dzi la, miƒu to anyi! Mibla ali dzi, eye dzi neɖe le mia ƒo, ẽ, mibla ali dzi, eye dzi neɖe le mia ƒo! |
10 |
Ne miede adaŋu la, woagblẽ eme, ne mieɖo gbe ɖi la, mava me o; elabena Mawu li kpli mí! |
11 |
Elabena ale Yehowa ƒo nu kplim, eye eƒe asi nu sẽ ɖe dzinye wogbe nya nam be, nyemagazɔ dukɔ sia ƒe mo dzi o hegblɔ bena: |
12 |
Migayɔ nusiwo katã dukɔ sia yɔna be nugbeɖoɖo la, be nugbeɖoɖo o, migavɔ̃ nusi wovɔ̃na la o, eye megadzi ŋɔ na mi o. |
13 |
Mibu Yehowa Zebaot kokoe, eye eya nenye vovɔ̃ kple ŋɔdzi na nu. |
14 |
Azu kɔkɔeƒe, ke anye nuɖiaɖia ƒe kpe kple agakpe kikli na Israel ƒe aƒe eveawo, eye anye mɔ̃ kple adoboli na Yerusalemtɔwo; |
15 |
eye ame geɖewo aklii adze anyi ahaŋe keŋkeŋ, eye mɔ̃ aɖe wo alé wo. |
16 |
Bia ɖaseɖiɖi la, eye natre nufiame la nu ɖe nye nusrɔ̃viwo me. |
17 |
Eyata mele Yehowa, amesi tsyo nu eƒe ŋku me ɖe Yakob ƒe aƒea la sinu dzɔm, eye mele mɔ kpɔm nɛ. |
18 |
Kpɔ ɖa, mía kple vi, siwo Yehowa tsɔ nam la, míenye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Zebaot, amesi le Zionto dzi la gbɔ. |
19 |
Ne wogblɔ na mi be, mibia nu ŋɔliyɔlawo kple afakalawo se, amesiwo nɔa ŋɔti me gbee dom, eye wonɔa gbe tem la, ɖe dukɔ mabia nu eƒe Mawu ase oa? De woabia nu kukuawo na agbagbeawoa? |
20 |
Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o. |
21 |
Woanɔ tsa glãla tsam, woate wo ɖe anyi, eye do awu wo, eye ne do le wo wum la, wòado dziku ahaƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu. Eye ne wofa ko dzi |
22 |
alo wode ko to la, kpo ɖa, xaxa kple viviti li; xaxa ƒe tsizi kple blukɔ me woatutu wo ade. |
23 |
Elabena afisi xaxa le la, matsi viviti me o. Tsã la eɖi gbɔ Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba, emegbe la ade bubu ƒutamɔ, si le Yordan ƒe go keme la ŋu, si nye dukɔwo ƒe anyigba.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yesaya 8:1 |
Yesaya 8:2 |
Yesaya 8:3 |
Yesaya 8:4 |
Yesaya 8:5 |
Yesaya 8:6 |
Yesaya 8:7 |
Yesaya 8:8 |
Yesaya 8:9 |
Yesaya 8:10 |
Yesaya 8:11 |
Yesaya 8:12 |
Yesaya 8:13 |
Yesaya 8:14 |
Yesaya 8:15 |
Yesaya 8:16 |
Yesaya 8:17 |
Yesaya 8:18 |
Yesaya 8:19 |
Yesaya 8:20 |
Yesaya 8:21 |
Yesaya 8:22 |
Yesaya 8:23 |
|
|
|
|
|
|
Yesaya 1 / Yes 1 |
Yesaya 2 / Yes 2 |
Yesaya 3 / Yes 3 |
Yesaya 4 / Yes 4 |
Yesaya 5 / Yes 5 |
Yesaya 6 / Yes 6 |
Yesaya 7 / Yes 7 |
Yesaya 8 / Yes 8 |
Yesaya 9 / Yes 9 |
Yesaya 10 / Yes 10 |
Yesaya 11 / Yes 11 |
Yesaya 12 / Yes 12 |
Yesaya 13 / Yes 13 |
Yesaya 14 / Yes 14 |
Yesaya 15 / Yes 15 |
Yesaya 16 / Yes 16 |
Yesaya 17 / Yes 17 |
Yesaya 18 / Yes 18 |
Yesaya 19 / Yes 19 |
Yesaya 20 / Yes 20 |
Yesaya 21 / Yes 21 |
Yesaya 22 / Yes 22 |
Yesaya 23 / Yes 23 |
Yesaya 24 / Yes 24 |
Yesaya 25 / Yes 25 |
Yesaya 26 / Yes 26 |
Yesaya 27 / Yes 27 |
Yesaya 28 / Yes 28 |
Yesaya 29 / Yes 29 |
Yesaya 30 / Yes 30 |
Yesaya 31 / Yes 31 |
Yesaya 32 / Yes 32 |
Yesaya 33 / Yes 33 |
Yesaya 34 / Yes 34 |
Yesaya 35 / Yes 35 |
Yesaya 36 / Yes 36 |
Yesaya 37 / Yes 37 |
Yesaya 38 / Yes 38 |
Yesaya 39 / Yes 39 |
Yesaya 40 / Yes 40 |
Yesaya 41 / Yes 41 |
Yesaya 42 / Yes 42 |
Yesaya 43 / Yes 43 |
Yesaya 44 / Yes 44 |
Yesaya 45 / Yes 45 |
Yesaya 46 / Yes 46 |
Yesaya 47 / Yes 47 |
Yesaya 48 / Yes 48 |
Yesaya 49 / Yes 49 |
Yesaya 50 / Yes 50 |
Yesaya 51 / Yes 51 |
Yesaya 52 / Yes 52 |
Yesaya 53 / Yes 53 |
Yesaya 54 / Yes 54 |
Yesaya 55 / Yes 55 |
Yesaya 56 / Yes 56 |
Yesaya 57 / Yes 57 |
Yesaya 58 / Yes 58 |
Yesaya 59 / Yes 59 |
Yesaya 60 / Yes 60 |
Yesaya 61 / Yes 61 |
Yesaya 62 / Yes 62 |
Yesaya 63 / Yes 63 |
Yesaya 64 / Yes 64 |
Yesaya 65 / Yes 65 |
Yesaya 66 / Yes 66 |