1 |
Abe alesi dzo fiãa nakeyɛ, eye dzo nana tsi fiẽna wlɔwlɔwlɔ enee ɖe, ne naɖe wò ŋkɔ afia dukɔwo, eye dukɔwo katã nadzo nyanyanya le ŋkuwò me, |
2 |
esime ne wo nu dziŋɔ, siwo míekpɔ mo na o, èɖi ɖe anyi, eye towo dzo kpekpekpe le ŋkuwò me! |
3 |
Womesee tso blema ke o, eye mede to me na amea ɖeke o, ŋkua ɖeke mekpɔ Mawu bubua ɖeke kpe ɖe ŋuwò, si wɔ alea na amesi le mɔ kpɔm ne o. |
4 |
Edo go amesi wòa nu dzɔdzɔe kple dzidzɔ, kpakple amesiwo ɖoa ŋku dziwò le wò mɔwo dzi. Kpɔ ɖa, eɖo dɔmedzoe, eye míezu nuvɔ̃wɔlawo; miele eme eteƒe didi, ɖe woagaɖe mía? |
5 |
Mí katã miele abe ame makɔmakɔwo ene, eye miaƒe dzɔdzɔenyenyewo katã le abe avɔ, si ƒo ʋu ene; mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe vodadawo lɔ mí ɖe nu abe ya ene. |
6 |
Amea ɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ, eye wòtsona be, yeaku ɖe ŋuwò o; elabena èɣla wò ŋku me ɖe mí, eye nèna nu ti kɔ na mí ɖe miaƒe vodadawo me. |
7 |
Azɔ Yehowa, mía fofo nènye: mía wo la, tsu míenye, eye wòe nye mía mèla, wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye. |
8 |
Yehowa, megado dɔmedzoe akpa o, eye megaɖo ŋu vodada ɖaa o! Kpɔ ɖa, trɔ kɔ ɖe afi, wò dukɔ mí katã míenye! |
9 |
Wò du kɔkɔewo zu gbegbe, Zion zu gbegbe, eye Yerusalem tsi anyi aƒeɖoe. |
10 |
Dzo fiã míaƒe aƒe kɔkɔe nyo, si me mia fofowo kafu wò le, eye míaƒe nu veviwo katã gblẽ. |
11 |
Yehowa, ɖe àlé ɖokuiwò le nusiawo katã me, àzi kpi, eye nate mí ɖe anyi woatso mea?
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yesaya 64:1 |
Yesaya 64:2 |
Yesaya 64:3 |
Yesaya 64:4 |
Yesaya 64:5 |
Yesaya 64:6 |
Yesaya 64:7 |
Yesaya 64:8 |
Yesaya 64:9 |
Yesaya 64:10 |
Yesaya 64:11 |
|
|
|
|
|
|
Yesaya 1 / Yes 1 |
Yesaya 2 / Yes 2 |
Yesaya 3 / Yes 3 |
Yesaya 4 / Yes 4 |
Yesaya 5 / Yes 5 |
Yesaya 6 / Yes 6 |
Yesaya 7 / Yes 7 |
Yesaya 8 / Yes 8 |
Yesaya 9 / Yes 9 |
Yesaya 10 / Yes 10 |
Yesaya 11 / Yes 11 |
Yesaya 12 / Yes 12 |
Yesaya 13 / Yes 13 |
Yesaya 14 / Yes 14 |
Yesaya 15 / Yes 15 |
Yesaya 16 / Yes 16 |
Yesaya 17 / Yes 17 |
Yesaya 18 / Yes 18 |
Yesaya 19 / Yes 19 |
Yesaya 20 / Yes 20 |
Yesaya 21 / Yes 21 |
Yesaya 22 / Yes 22 |
Yesaya 23 / Yes 23 |
Yesaya 24 / Yes 24 |
Yesaya 25 / Yes 25 |
Yesaya 26 / Yes 26 |
Yesaya 27 / Yes 27 |
Yesaya 28 / Yes 28 |
Yesaya 29 / Yes 29 |
Yesaya 30 / Yes 30 |
Yesaya 31 / Yes 31 |
Yesaya 32 / Yes 32 |
Yesaya 33 / Yes 33 |
Yesaya 34 / Yes 34 |
Yesaya 35 / Yes 35 |
Yesaya 36 / Yes 36 |
Yesaya 37 / Yes 37 |
Yesaya 38 / Yes 38 |
Yesaya 39 / Yes 39 |
Yesaya 40 / Yes 40 |
Yesaya 41 / Yes 41 |
Yesaya 42 / Yes 42 |
Yesaya 43 / Yes 43 |
Yesaya 44 / Yes 44 |
Yesaya 45 / Yes 45 |
Yesaya 46 / Yes 46 |
Yesaya 47 / Yes 47 |
Yesaya 48 / Yes 48 |
Yesaya 49 / Yes 49 |
Yesaya 50 / Yes 50 |
Yesaya 51 / Yes 51 |
Yesaya 52 / Yes 52 |
Yesaya 53 / Yes 53 |
Yesaya 54 / Yes 54 |
Yesaya 55 / Yes 55 |
Yesaya 56 / Yes 56 |
Yesaya 57 / Yes 57 |
Yesaya 58 / Yes 58 |
Yesaya 59 / Yes 59 |
Yesaya 60 / Yes 60 |
Yesaya 61 / Yes 61 |
Yesaya 62 / Yes 62 |
Yesaya 63 / Yes 63 |
Yesaya 64 / Yes 64 |
Yesaya 65 / Yes 65 |
Yesaya 66 / Yes 66 |