1 |
Wò konɔ, si medzi vi o, tso aseye; kpɔ dzidzɔ, eye nado aƒa, wò amesi melé ku kpɔ o! Yehowa be: Amesi tsi akogo la ƒe viwo sɔ gbɔ wu srɔ̃tɔ ƒe viwo. |
2 |
Keke wò agbadɔ ƒe nɔƒe de nu, eye nahe wò agbadɔvɔ me, megahe asi de megbe o! Didi wò kawo ɖe nu, eye naƒo wò tsyotiwo ɖe to! |
3 |
Elabena àkeke ɖe ɖusi kple mia me, viwòwo axɔ dukɔwo ƒe anyigba, eye woanɔ ɖu zu aƒedowo me. |
4 |
Megavɔ̃ o, elabena ŋu makpe wò o; wò mo megatsi da o, elabena ŋukpe malé wò o. Elabena àŋlɔ wò ɖetugbime ŋukpe be, eye màɖo ŋu wò ahosinyenye me vlododo o. |
5 |
Elabena wɔwòla enye srɔ̃wò, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot, eye wò ɖela enye Israel ƒe kɔkɔeto la, eŋkɔ nye xexeame blibo ƒe Mawu. |
6 |
Elabena Yehowa ya wò abe nyɔnu, si wogblẽ ɖi wòle nu xam ene, eye abe ɖekakpuime srɔ̃, si wogbe ene, Yehowa ye gblɔe. |
7 |
Megblẽ wò di vie ko, ke matsɔ nublanuikpɔkpɔ gã aƒo wò ƒu. |
8 |
Le dɔmedzoedodo ƒe nyanyrã me meɣla nye ŋku me de wò ʋee: ke matsɔ amenuveve mavɔ akpɔ nublanui na wò, Yehowa, wò ɖelae gblɔe! |
9 |
Elabena esia le nam abe Noa ƒe tsiɖɔɖɔ ene; alesi mekɔ atam be, Noa ƒe tsiɖɔɖɔ magaɖe anyigba akpɔ o la, nenema ke meka atam be, nyemagado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye nyemagaka mo na wò azɔ o. |
10 |
Elabena ne towo te ɖa, eye togbɛwo ʋã hã la, nye amenuveve mate ɖa le ŋuwò o, eye nye ŋutifafa nubabla maʋã o, Yehowa, wò nublanuikpɔlae gblɔe! |
11 |
Wò hiãtɔ, si ahom lɔ ɖe nu, eye womefa akɔ na wò o, kpɔ ɖa, matsɔ kpe ŋɔŋɔewo aɖo gɔwòme anyi, eye matsɔ adzagba aɖo wò agunu anyi. |
12 |
Mana wò xɔta tsutsuẽwo nanye gbloti, wò agbowo nanye soe, eye wò kpɔtɔtɔ blibo la nanye kpe xɔasiwo. |
13 |
Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asa gbɔ. |
14 |
Dzɔdzɔenyenye woatsɔ ali ke wò; anɔ adzɔge na ŋutasesẽ, elabena mavɔ̃ o, eye anɔ adzɔge na ŋɔdzi, elabena mate ɖe ŋuwò o. |
15 |
Kpɔ ɖa, ne amea ɖe wɔ avu la, menye nyee dɔe o; amesi wɔ avu kpli wò la, atsi asiwò me. |
16 |
Kpɔ ɖa, nyee wɔ gbede, amesi ƒlɔa dzo ɖo, eye wòtua lãnu le eƒe dɔwɔwɔ nu; eye nyee wɔ nugblẽla hã, be wòagblẽ nu. |
17 |
Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye abu tɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yesaya 54:1 |
Yesaya 54:2 |
Yesaya 54:3 |
Yesaya 54:4 |
Yesaya 54:5 |
Yesaya 54:6 |
Yesaya 54:7 |
Yesaya 54:8 |
Yesaya 54:9 |
Yesaya 54:10 |
Yesaya 54:11 |
Yesaya 54:12 |
Yesaya 54:13 |
Yesaya 54:14 |
Yesaya 54:15 |
Yesaya 54:16 |
Yesaya 54:17 |
|
|
|
|
|
|
Yesaya 1 / Yes 1 |
Yesaya 2 / Yes 2 |
Yesaya 3 / Yes 3 |
Yesaya 4 / Yes 4 |
Yesaya 5 / Yes 5 |
Yesaya 6 / Yes 6 |
Yesaya 7 / Yes 7 |
Yesaya 8 / Yes 8 |
Yesaya 9 / Yes 9 |
Yesaya 10 / Yes 10 |
Yesaya 11 / Yes 11 |
Yesaya 12 / Yes 12 |
Yesaya 13 / Yes 13 |
Yesaya 14 / Yes 14 |
Yesaya 15 / Yes 15 |
Yesaya 16 / Yes 16 |
Yesaya 17 / Yes 17 |
Yesaya 18 / Yes 18 |
Yesaya 19 / Yes 19 |
Yesaya 20 / Yes 20 |
Yesaya 21 / Yes 21 |
Yesaya 22 / Yes 22 |
Yesaya 23 / Yes 23 |
Yesaya 24 / Yes 24 |
Yesaya 25 / Yes 25 |
Yesaya 26 / Yes 26 |
Yesaya 27 / Yes 27 |
Yesaya 28 / Yes 28 |
Yesaya 29 / Yes 29 |
Yesaya 30 / Yes 30 |
Yesaya 31 / Yes 31 |
Yesaya 32 / Yes 32 |
Yesaya 33 / Yes 33 |
Yesaya 34 / Yes 34 |
Yesaya 35 / Yes 35 |
Yesaya 36 / Yes 36 |
Yesaya 37 / Yes 37 |
Yesaya 38 / Yes 38 |
Yesaya 39 / Yes 39 |
Yesaya 40 / Yes 40 |
Yesaya 41 / Yes 41 |
Yesaya 42 / Yes 42 |
Yesaya 43 / Yes 43 |
Yesaya 44 / Yes 44 |
Yesaya 45 / Yes 45 |
Yesaya 46 / Yes 46 |
Yesaya 47 / Yes 47 |
Yesaya 48 / Yes 48 |
Yesaya 49 / Yes 49 |
Yesaya 50 / Yes 50 |
Yesaya 51 / Yes 51 |
Yesaya 52 / Yes 52 |
Yesaya 53 / Yes 53 |
Yesaya 54 / Yes 54 |
Yesaya 55 / Yes 55 |
Yesaya 56 / Yes 56 |
Yesaya 57 / Yes 57 |
Yesaya 58 / Yes 58 |
Yesaya 59 / Yes 59 |
Yesaya 60 / Yes 60 |
Yesaya 61 / Yes 61 |
Yesaya 62 / Yes 62 |
Yesaya 63 / Yes 63 |
Yesaya 64 / Yes 64 |
Yesaya 65 / Yes 65 |
Yesaya 66 / Yes 66 |