1 |
Nyɔ, Zion, nyɔ nata wò ŋusẽ! Yerusalem, wò du kɔkɔe la, ta wò atsyɔ̃vɔwo! Elabena bolotɔwo kple ame makɔmakɔwo magava mewò azɔ o. |
2 |
Ʋuʋu ke le ŋuwò, Yerusalem, tso nabɔbɔ nɔ anyi! Zion-nyɔnuvi, si woɖe aboyoe, ɖe ga le wò kɔ! |
3 |
Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Wotso mi dzra yaka, eye menye ga tsɔ ge woala axɔ mi o. |
4 |
Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Tsã la nye dukɔ yi Egipte, be wòanɔ afima, eye Asur tee ɖe anyi yakatsyɔ. |
5 |
Yehowa be: Azɔ dɔ ka le ŋunye le afi, esi wokplɔ nye dukɔ dzoe yakatsyɔ? Yehowa be, wo dziɖulawo le aseye tsom, eye wole alɔme ɖem le nye ŋkɔ ŋu gbeawotsyogbe ɖaa. |
6 |
Eyata nye dukɔ adze si nye ŋkɔ gbemagbe be, nyee nye amesi le gbɔgblɔm be: Nyee nye si! |
7 |
Du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Eya, amesi ɖea gbe ƒã ŋutifafa, eye wòtoa gbe nyui, eɖea gbe ƒã xoname, eye wòle gbɔgblɔm na Zion be: Wò Mawu enye fia! |
8 |
Lé to ɖe wò dzɔlawo ŋu! Wo katã ƒe gbe de dzi, eye wotso aseye; elabena woƒe ŋkuwò kpɔ eteƒe, esime Yehowa trɔ gbɔ va Zion. |
9 |
Mi Yerusalem ƒe aƒedowo, mido aƒa, mitso aseye yoo; elabena Yehowa fa akɔ na eƒe dukɔ, eye wòɖe Yerusalem! |
10 |
Yehowa klo nu le eƒe alɔ kɔkɔe la ŋu le dukɔwo katã ŋku me, eye anyigba ƒe mlɔenuwo katã akpɔ mía Mawu ƒe xɔname. |
11 |
Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔa ɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu! |
12 |
Elabena menye kplakplakpla dzi miano aʋu o, eye miasi adzo o; elabena Yehowa adze ŋgɔ na mi, eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi. |
13 |
Kpɔ ɖa, nye dɔla awɔ nu ɖe nunya me, woadoe ɖe dzi, axɔ ŋkɔ, eye wòaɖo kpo ŋutɔ. |
14 |
Alesi ame geɖewo ƒe nu ku ɖe ŋuwò, alesi eƒe nɔnɔme vlo wu amegbetɔwo tɔ, eye eƒe kpɔkpɔme vlo wu amegbetɔviwo tɔ la, |
15 |
nenema wòana dukɔ geɖewo ƒe nu naku, eye fiawo ƒe nu ade ga le eta, elabena nusi womegblɔ na wo kpɔ o la, wokpɔ, eye nusi womese kpɔ o la, wodze sii.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yesaya 52:1 |
Yesaya 52:2 |
Yesaya 52:3 |
Yesaya 52:4 |
Yesaya 52:5 |
Yesaya 52:6 |
Yesaya 52:7 |
Yesaya 52:8 |
Yesaya 52:9 |
Yesaya 52:10 |
Yesaya 52:11 |
Yesaya 52:12 |
Yesaya 52:13 |
Yesaya 52:14 |
Yesaya 52:15 |
|
|
|
|
|
|
Yesaya 1 / Yes 1 |
Yesaya 2 / Yes 2 |
Yesaya 3 / Yes 3 |
Yesaya 4 / Yes 4 |
Yesaya 5 / Yes 5 |
Yesaya 6 / Yes 6 |
Yesaya 7 / Yes 7 |
Yesaya 8 / Yes 8 |
Yesaya 9 / Yes 9 |
Yesaya 10 / Yes 10 |
Yesaya 11 / Yes 11 |
Yesaya 12 / Yes 12 |
Yesaya 13 / Yes 13 |
Yesaya 14 / Yes 14 |
Yesaya 15 / Yes 15 |
Yesaya 16 / Yes 16 |
Yesaya 17 / Yes 17 |
Yesaya 18 / Yes 18 |
Yesaya 19 / Yes 19 |
Yesaya 20 / Yes 20 |
Yesaya 21 / Yes 21 |
Yesaya 22 / Yes 22 |
Yesaya 23 / Yes 23 |
Yesaya 24 / Yes 24 |
Yesaya 25 / Yes 25 |
Yesaya 26 / Yes 26 |
Yesaya 27 / Yes 27 |
Yesaya 28 / Yes 28 |
Yesaya 29 / Yes 29 |
Yesaya 30 / Yes 30 |
Yesaya 31 / Yes 31 |
Yesaya 32 / Yes 32 |
Yesaya 33 / Yes 33 |
Yesaya 34 / Yes 34 |
Yesaya 35 / Yes 35 |
Yesaya 36 / Yes 36 |
Yesaya 37 / Yes 37 |
Yesaya 38 / Yes 38 |
Yesaya 39 / Yes 39 |
Yesaya 40 / Yes 40 |
Yesaya 41 / Yes 41 |
Yesaya 42 / Yes 42 |
Yesaya 43 / Yes 43 |
Yesaya 44 / Yes 44 |
Yesaya 45 / Yes 45 |
Yesaya 46 / Yes 46 |
Yesaya 47 / Yes 47 |
Yesaya 48 / Yes 48 |
Yesaya 49 / Yes 49 |
Yesaya 50 / Yes 50 |
Yesaya 51 / Yes 51 |
Yesaya 52 / Yes 52 |
Yesaya 53 / Yes 53 |
Yesaya 54 / Yes 54 |
Yesaya 55 / Yes 55 |
Yesaya 56 / Yes 56 |
Yesaya 57 / Yes 57 |
Yesaya 58 / Yes 58 |
Yesaya 59 / Yes 59 |
Yesaya 60 / Yes 60 |
Yesaya 61 / Yes 61 |
Yesaya 62 / Yes 62 |
Yesaya 63 / Yes 63 |
Yesaya 64 / Yes 64 |
Yesaya 65 / Yes 65 |
Yesaya 66 / Yes 66 |