1 |
Ɣemaɣi Babel-fia Merodax-Baladan, Baladan vi, ɖo agbalẽ kple nunanawo ɖe Xizkiya, esime wose be, elé dɔ wòvɔ nɛ. |
2 |
Eye Xizkiya kpɔ dzidzɔ le nusiawo ŋuti, eye wòfiã eƒe kesinɔnu dzraɖoƒe, klosalo kple sika, atike ʋeʋẽe kple ami xɔasi kple eƒe aʋawɔnuxɔ blibo la kpakple nusiwo katã le eƒe kesinɔnu dzraɖoƒe la wo; naneke meli, si Xizkiya metsɔ fia wo le eƒe me kple fiaɖuƒe blibo la me o. |
3 |
Tete nyagblɔɖila Yesaya va fia Xizkiya gbɔ gblɔ nɛ bena: Nya ka ŋutsu siawo gblɔ, eye afika wotso va gbɔwò? Xizkiya ɖo ŋu bena: Didiƒe wotso va gbɔnye, tso keke Babel ke. |
4 |
Eye wògblɔ bena: Nuka wokpɔ le aƒewò me? Xizkiya ɖo ŋu bena: Wokpɔ nusiwo katã le aƒenye me, naneke mele nye kesinɔnu dzraɖoƒe la, si nyemetsɔ fia wo o. |
5 |
Eye Yesaya gblɔ na Xizkiya bena: Se Yehowa Zebaot ƒe nya: |
6 |
Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esiwo me woatɔ nusiwo katã le aƒewò me kple nusiwo katã fofowòwo tu ɖo vaseɖe egbe la, ayi Babel, naneke makpɔtɔ o, Yehowa ye gblɔe! |
7 |
Eye woakplɔ viwòŋutsu, siwo ado tso wò ali me, esiwo dzi ge nata la dometɔa ɖewo woaɖanye nudzikpɔlawo le Babel-fia ƒe me. |
8 |
Xizkiya do ŋu na Yesaya be: Yehowa ƒe gbe, si nèƒo la, enyo. Eye wògagblɔ bena: Ne ŋutifafa kple nyateƒe le nye ŋkekewo me ko!
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yesaya 39:1 |
Yesaya 39:2 |
Yesaya 39:3 |
Yesaya 39:4 |
Yesaya 39:5 |
Yesaya 39:6 |
Yesaya 39:7 |
Yesaya 39:8 |
|
|
|
|
|
|
Yesaya 1 / Yes 1 |
Yesaya 2 / Yes 2 |
Yesaya 3 / Yes 3 |
Yesaya 4 / Yes 4 |
Yesaya 5 / Yes 5 |
Yesaya 6 / Yes 6 |
Yesaya 7 / Yes 7 |
Yesaya 8 / Yes 8 |
Yesaya 9 / Yes 9 |
Yesaya 10 / Yes 10 |
Yesaya 11 / Yes 11 |
Yesaya 12 / Yes 12 |
Yesaya 13 / Yes 13 |
Yesaya 14 / Yes 14 |
Yesaya 15 / Yes 15 |
Yesaya 16 / Yes 16 |
Yesaya 17 / Yes 17 |
Yesaya 18 / Yes 18 |
Yesaya 19 / Yes 19 |
Yesaya 20 / Yes 20 |
Yesaya 21 / Yes 21 |
Yesaya 22 / Yes 22 |
Yesaya 23 / Yes 23 |
Yesaya 24 / Yes 24 |
Yesaya 25 / Yes 25 |
Yesaya 26 / Yes 26 |
Yesaya 27 / Yes 27 |
Yesaya 28 / Yes 28 |
Yesaya 29 / Yes 29 |
Yesaya 30 / Yes 30 |
Yesaya 31 / Yes 31 |
Yesaya 32 / Yes 32 |
Yesaya 33 / Yes 33 |
Yesaya 34 / Yes 34 |
Yesaya 35 / Yes 35 |
Yesaya 36 / Yes 36 |
Yesaya 37 / Yes 37 |
Yesaya 38 / Yes 38 |
Yesaya 39 / Yes 39 |
Yesaya 40 / Yes 40 |
Yesaya 41 / Yes 41 |
Yesaya 42 / Yes 42 |
Yesaya 43 / Yes 43 |
Yesaya 44 / Yes 44 |
Yesaya 45 / Yes 45 |
Yesaya 46 / Yes 46 |
Yesaya 47 / Yes 47 |
Yesaya 48 / Yes 48 |
Yesaya 49 / Yes 49 |
Yesaya 50 / Yes 50 |
Yesaya 51 / Yes 51 |
Yesaya 52 / Yes 52 |
Yesaya 53 / Yes 53 |
Yesaya 54 / Yes 54 |
Yesaya 55 / Yes 55 |
Yesaya 56 / Yes 56 |
Yesaya 57 / Yes 57 |
Yesaya 58 / Yes 58 |
Yesaya 59 / Yes 59 |
Yesaya 60 / Yes 60 |
Yesaya 61 / Yes 61 |
Yesaya 62 / Yes 62 |
Yesaya 63 / Yes 63 |
Yesaya 64 / Yes 64 |
Yesaya 65 / Yes 65 |
Yesaya 66 / Yes 66 |