1 |
Nya ɖe ŋutegabalime la ŋu: Nya ka dzo, be mi katã miede xɔta? |
2 |
Wò, howɔwɔ kple ʋunyaʋunya ƒe ɖu; wò, mɔ̃ tsoaseye! Wò ame kukuwo la, menye yi woda wo o, eye menye aʋa me wotsi o; |
3 |
wò tatɔwo katã si, wobla wo ɖa matsɔmatsɔe, wode ga wò amewo katã, esi wòsi yi didiƒe ke hã |
4 |
Eyata mebe: Miɖe ko ɖa le ŋunye, ne mafa avi vevie, migaƒo ɖu ɖe nunye, be yewoafa akɔ nam le nye dukɔ ƒe vinyɔnu tsɔtsrɔ̃ la ŋuti o. |
5 |
Elabena Aƒetɔ, Yehowa Zebaot he ʋunyaʋunya, tsɔtsrɔ̃ kple toto ƒe ŋkeke va ŋutegabali la me; wowlu gliwo te, eye ɣlikpɛ ɖi ɖo ɖe to la gbɔ. |
6 |
Elam kpla daku, eye tasiaɖam, siwo ame ya, kple sodolawo kpe ɖe eŋu; Kir klo nu le akpoxɔnu ŋu. |
7 |
Ale tasiaɖamwo yɔ wò bali nyuitɔwo me, eye sodolawo dze aʋa ɖe wò agbowo ŋu. |
8 |
Eklo avɔ le Yuda dzi, eye nètsa ŋu na avexɔ ƒe aʋawɔnuwo gbemagbe. |
9 |
Miekpo be, Dawid ƒe du la ƒe gbagbãƒewo so gbɔ, eye mieƒo anyigbeta ƒe tsiwo nu ƒu; |
10 |
miexlẽ Yerusalem-xɔwo, eye miegbã xɔawo, be miatsɔ ali ke gliawoe. |
11 |
Eye miede tsiʋe ɖe gli eveawo dome na ta xoxo la me tsiwo; ke mietrɔ kɔ ɖe amesi wɔe la ŋu o, eye mielé ŋku ɖe amesi wɔe tso gbaɖegbe ke la ŋu o. |
12 |
Ɣemaɣi la Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, yɔ ame hena avifafa, konyifafa, talulũ kple akpanyatata; |
13 |
ke agbeɖuɖu kple dzidzɔkpɔkpɔ li: wole nyi wum, wole ale tsom, wole lã ɖum, eye wole wein nom! Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ miele kuku ge! |
14 |
Ke Yehowa Zebaot gblɔ ɖe to me nam be: Womatsɔ vodada sia ake mi akpɔ o, vaseɖe esime miaku! Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ye gblɔe! |
15 |
Ale Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, gblɔ esi: Tso, nayi nuwo dzikpɔla Sebna, amesi lé aƒea nu la gbɔ. |
16 |
Nukae le asiwò le afi, eye amekae li na wò le afi, hafi nèɖe yɔdo na ɖokuiwò ɖe afi, eɖe yɔdo ɖe kɔkɔƒe, eye nèwɔ nɔƒe na ɖo-kuiwò ɖe agakpe me? |
17 |
Kpɔ ɖa, Yehowa ada wò ɖa, abe alesi ŋutsu ɖaa nu ɖae ene, eye wòavà wò goŋgoŋ, |
18 |
eye woaŋlɔ wò kotikoti abe nu mligoe ene aɖo ɖe anyigba, si keke le goawo kple eve me la dzi. Afima naku ɖo, eye afima wò tasiaɖam nyuiawo atsi, wò, amesi nye wò aƒetɔ ƒe aƒe ƒe ŋukpe la! |
19 |
Maɖe wò le wò do nu, eye matutu wò ɖa le nowòƒe. |
20 |
Eye woava me le ɣemaɣi be, mayɔ nye dɔla Elyakim, Xilkiya vi, |
21 |
maɖo wò awu nɛ, eye matsɔ wò alidziblanu abla ali dzi nɛ, matso wò dziɖuɖu ade asi ne, eye wòanye fofo na Yerusalem-tɔwo kple Yuda ƒe aƒe la. |
22 |
Matsɔ Dawid ƒe aƒe la ƒe safui aɖo abɔta nɛ, aʋui, eye amea ɖeke madoe o; adoe, eye amea ɖeke maʋui o! |
23 |
Maƒoe ɖe teƒe sesẽ abe tsyoti ene, eye wòazu bubufiazikpui na fofoa ƒe aƒe. |
24 |
Eye fofoa ƒe aƒe hahoo blibo la aku ɖe eŋu, viwo kple tɔgbuiyɔviwo kple nu kpotoekpotoewo katã, tso agbanuwo dzi vaseɖe goenuwo katã dzi. |
25 |
Yehowa Zebaot be: Le ɣemaɣi la tsyoti, si woƒo ɖe teƒe sesẽ la, agli, aŋe, age adze anyi, eye agba, si le eŋu la, akaka gbẽ; elabena Yehowa ye gblɔe!
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yesaya 22:1 |
Yesaya 22:2 |
Yesaya 22:3 |
Yesaya 22:4 |
Yesaya 22:5 |
Yesaya 22:6 |
Yesaya 22:7 |
Yesaya 22:8 |
Yesaya 22:9 |
Yesaya 22:10 |
Yesaya 22:11 |
Yesaya 22:12 |
Yesaya 22:13 |
Yesaya 22:14 |
Yesaya 22:15 |
Yesaya 22:16 |
Yesaya 22:17 |
Yesaya 22:18 |
Yesaya 22:19 |
Yesaya 22:20 |
Yesaya 22:21 |
Yesaya 22:22 |
Yesaya 22:23 |
Yesaya 22:24 |
Yesaya 22:25 |
|
|
|
|
|
|
Yesaya 1 / Yes 1 |
Yesaya 2 / Yes 2 |
Yesaya 3 / Yes 3 |
Yesaya 4 / Yes 4 |
Yesaya 5 / Yes 5 |
Yesaya 6 / Yes 6 |
Yesaya 7 / Yes 7 |
Yesaya 8 / Yes 8 |
Yesaya 9 / Yes 9 |
Yesaya 10 / Yes 10 |
Yesaya 11 / Yes 11 |
Yesaya 12 / Yes 12 |
Yesaya 13 / Yes 13 |
Yesaya 14 / Yes 14 |
Yesaya 15 / Yes 15 |
Yesaya 16 / Yes 16 |
Yesaya 17 / Yes 17 |
Yesaya 18 / Yes 18 |
Yesaya 19 / Yes 19 |
Yesaya 20 / Yes 20 |
Yesaya 21 / Yes 21 |
Yesaya 22 / Yes 22 |
Yesaya 23 / Yes 23 |
Yesaya 24 / Yes 24 |
Yesaya 25 / Yes 25 |
Yesaya 26 / Yes 26 |
Yesaya 27 / Yes 27 |
Yesaya 28 / Yes 28 |
Yesaya 29 / Yes 29 |
Yesaya 30 / Yes 30 |
Yesaya 31 / Yes 31 |
Yesaya 32 / Yes 32 |
Yesaya 33 / Yes 33 |
Yesaya 34 / Yes 34 |
Yesaya 35 / Yes 35 |
Yesaya 36 / Yes 36 |
Yesaya 37 / Yes 37 |
Yesaya 38 / Yes 38 |
Yesaya 39 / Yes 39 |
Yesaya 40 / Yes 40 |
Yesaya 41 / Yes 41 |
Yesaya 42 / Yes 42 |
Yesaya 43 / Yes 43 |
Yesaya 44 / Yes 44 |
Yesaya 45 / Yes 45 |
Yesaya 46 / Yes 46 |
Yesaya 47 / Yes 47 |
Yesaya 48 / Yes 48 |
Yesaya 49 / Yes 49 |
Yesaya 50 / Yes 50 |
Yesaya 51 / Yes 51 |
Yesaya 52 / Yes 52 |
Yesaya 53 / Yes 53 |
Yesaya 54 / Yes 54 |
Yesaya 55 / Yes 55 |
Yesaya 56 / Yes 56 |
Yesaya 57 / Yes 57 |
Yesaya 58 / Yes 58 |
Yesaya 59 / Yes 59 |
Yesaya 60 / Yes 60 |
Yesaya 61 / Yes 61 |
Yesaya 62 / Yes 62 |
Yesaya 63 / Yes 63 |
Yesaya 64 / Yes 64 |
Yesaya 65 / Yes 65 |
Yesaya 66 / Yes 66 |