1 |
Nya, si Yesaya, Amoz vi la, kpo le Yuda kple Yerusalem ŋu la enye si: |
2 |
Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo ta, eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu. |
3 |
Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mawo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo. Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem. |
4 |
Adrɔ̃ ʋɔnu na anyigba dzi dukɔwo, eye woatso nya me na dukɔ geɖewo; woatso woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatso woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatso yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋa wowu hã azɔ o. |
5 |
Yakob ƒe aƒe, mitso, ne míazɔ le Yehowa ƒe kekeli me! |
6 |
Etso wò dukɔ, Yakob ƒe aƒe la, ƒu gbe, elabena ɣedzeƒetɔwo ƒe afakaka yɔ wo fũ, wosa dzo abe Filistitowo ene, eye wona asi du bubu me viwo. |
7 |
Klosalo kple sika yɔ eƒe anyigba dzi fũ, eye eƒe kesinɔnuwo teƒe mekɔ o; sɔwo yɔ eƒe anyigba dzi fũ, eye eƒe tasiaɖamwo teƒe mekɔ o. |
8 |
Legbawo yɔ eƒe anyigba dzi fũ; wode ta agu na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo, nusiwo woawo ŋutɔwo ƒe asibide wɔ. |
9 |
Ale amegbetɔ de ta agu, eye ŋutsu bɔbɔ eɖokui; màtsɔe ake wo o! |
10 |
Yi ɖe agato me, eye naɣla ɖokuiwò ɖe ke me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu! |
11 |
Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe ŋku kɔkɔwo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ale be Yehowa ɖeɖeko lanye gã le ŋkeke ma dzi. |
12 |
Elabena ŋkeke li na Yehowa Zebaot ɖe dadalawo katã kple ame kɔkɔwo, ɖe nusiwo katã kɔa ta dzi la ŋu, ne woabɔbɔ ɖe anyi; |
13 |
ɖe Libanon ƒe sedertiwo katã, siwo ko, eye woƒo ta la ŋu, ɖe Basan ƒe logotiwo katã ŋu; |
14 |
ɖe to kɔkɔwo katã kple togbɛ kɔkɔwo katã ŋu; |
15 |
ɖe xɔ tsrala kɔkɔwo katã kple gli sesẽwo katã ŋu; |
16 |
ɖe Tarsis-ʋuwo katã kple nukpɔkpɔ veviwo katã ŋu. |
17 |
Woabɔbɔ amegbetɔwo ƒe adegbeƒoƒo ɖe anyi, eye woate ŋutsuwo ƒe dàda ɖe to, ne Yehowa ɖeɖeko nanye gã le ŋkeke ma dzi. |
18 |
Eye legbawo nu ayi keŋkeŋ. |
19 |
Eye wòayi kpetowo kple anyigba dzi dowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba. |
20 |
Gbemagbe la amegbetɔ atsɔ eƒe klosalolegba kple eƒe sikalegba, siwo wòwɔ, be yeade ta agu na la, aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo, |
21 |
ne wòayi agadowo kple kpetowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba. |
22 |
Eyata miɖe asi le amegbetɔ, si ƒe ŋɔti me gbɔgbɔ le la ƒe nya me, elabena nukata gɔ̃ woabui ɖo?
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yesaya 2:1 |
Yesaya 2:2 |
Yesaya 2:3 |
Yesaya 2:4 |
Yesaya 2:5 |
Yesaya 2:6 |
Yesaya 2:7 |
Yesaya 2:8 |
Yesaya 2:9 |
Yesaya 2:10 |
Yesaya 2:11 |
Yesaya 2:12 |
Yesaya 2:13 |
Yesaya 2:14 |
Yesaya 2:15 |
Yesaya 2:16 |
Yesaya 2:17 |
Yesaya 2:18 |
Yesaya 2:19 |
Yesaya 2:20 |
Yesaya 2:21 |
Yesaya 2:22 |
|
|
|
|
|
|
Yesaya 1 / Yes 1 |
Yesaya 2 / Yes 2 |
Yesaya 3 / Yes 3 |
Yesaya 4 / Yes 4 |
Yesaya 5 / Yes 5 |
Yesaya 6 / Yes 6 |
Yesaya 7 / Yes 7 |
Yesaya 8 / Yes 8 |
Yesaya 9 / Yes 9 |
Yesaya 10 / Yes 10 |
Yesaya 11 / Yes 11 |
Yesaya 12 / Yes 12 |
Yesaya 13 / Yes 13 |
Yesaya 14 / Yes 14 |
Yesaya 15 / Yes 15 |
Yesaya 16 / Yes 16 |
Yesaya 17 / Yes 17 |
Yesaya 18 / Yes 18 |
Yesaya 19 / Yes 19 |
Yesaya 20 / Yes 20 |
Yesaya 21 / Yes 21 |
Yesaya 22 / Yes 22 |
Yesaya 23 / Yes 23 |
Yesaya 24 / Yes 24 |
Yesaya 25 / Yes 25 |
Yesaya 26 / Yes 26 |
Yesaya 27 / Yes 27 |
Yesaya 28 / Yes 28 |
Yesaya 29 / Yes 29 |
Yesaya 30 / Yes 30 |
Yesaya 31 / Yes 31 |
Yesaya 32 / Yes 32 |
Yesaya 33 / Yes 33 |
Yesaya 34 / Yes 34 |
Yesaya 35 / Yes 35 |
Yesaya 36 / Yes 36 |
Yesaya 37 / Yes 37 |
Yesaya 38 / Yes 38 |
Yesaya 39 / Yes 39 |
Yesaya 40 / Yes 40 |
Yesaya 41 / Yes 41 |
Yesaya 42 / Yes 42 |
Yesaya 43 / Yes 43 |
Yesaya 44 / Yes 44 |
Yesaya 45 / Yes 45 |
Yesaya 46 / Yes 46 |
Yesaya 47 / Yes 47 |
Yesaya 48 / Yes 48 |
Yesaya 49 / Yes 49 |
Yesaya 50 / Yes 50 |
Yesaya 51 / Yes 51 |
Yesaya 52 / Yes 52 |
Yesaya 53 / Yes 53 |
Yesaya 54 / Yes 54 |
Yesaya 55 / Yes 55 |
Yesaya 56 / Yes 56 |
Yesaya 57 / Yes 57 |
Yesaya 58 / Yes 58 |
Yesaya 59 / Yes 59 |
Yesaya 60 / Yes 60 |
Yesaya 61 / Yes 61 |
Yesaya 62 / Yes 62 |
Yesaya 63 / Yes 63 |
Yesaya 64 / Yes 64 |
Yesaya 65 / Yes 65 |
Yesaya 66 / Yes 66 |