1 |
Elabena Yehowa ave Yakob nu, eye wòagatia Israel ahakplɔ wo aɖo woƒe anyigba dzi, du bubu me tɔwo akpe ɖe wo ŋu, eye woaku ɖe Yakob ƒe aƒe la ŋu. |
2 |
Woakplɔ dukɔwo ayi wo teƒee, eye woazu Israel ƒe aƒe la tɔ anye dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo le Yehowa ƒe anyigba la dzi; ale woalé amesiwo ɖe aboyo wo la, eye woaɖu amegã ɖe woƒe ŋutasẽlawo dzi. |
3 |
Eye ava me le gbesigbe Yehowa ana gbɔdzɔe wò tso wò fuɖeɖewo kple hiãkakawo kpakple dɔ sesẽ, siwo wotsɔ do kluvi wò me la, |
4 |
be ado hamelo sia ɖa ɖe Babel-fia ŋu agblɔ bena: Funyafunyawɔwɔ nu tso, eye ŋutasesẽ wu enu! |
5 |
Yehowa ŋe ame vɔ̃ɖiwo ƒe ati, dziɖulawo ƒe atikplɔ, |
6 |
si ƒo dukɔwo le dziku me atraɖi, si te anyigba dzi dukɔwo ɖe anyi le dɔmedzoe me heti wo yome madzudzɔmadzudzɔe la. |
7 |
Anyigba blibo la gbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, wode asi aseyetsotso me. |
8 |
Sesewuwo kple Libanon ƒe sedertiwo le dzidzɔ kpɔm ɖe ŋuwò be. Esime nèmlɔ anyi kpaa la, mia lãlawo megaho ɖe mia ŋu kpɔ o. |
9 |
Tsieƒe le to me ʋi dzo nyanyanya le ŋkuwò me, le esi neva do goe la ta; enyɔ ŋɔli, siwo nye anyigba dzi ŋusẽtɔwo katã le ŋkuwò me, ena dukɔwo ƒe fiawo katã tso le woƒe fiazikpuiwo dzi. |
10 |
Wo katã wòxɔ dzi gblɔ na wò bena: „Wò ha egbɔdzɔ abe míawo ke ene, ezu abe miawo ene. |
11 |
Wò atsyɔ̃ kple wò saŋkuwo ƒe ɖiɖi yi tsieƒe, wotsɔ nyẽwo ɖo aba na wò, eye ŋɔwo tsyɔ dziwò. |
12 |
Wò ŋukeɣletivi, agudzevi, ale nège tso dziƒo enye si! Wò, amesi te dukɔwo ɖe anyi, woƒo wò ƒu anyigba! |
13 |
Egblɔ le wò dzi me be: Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi le anyiehe kekeake; |
14 |
malia alilikpowo ta me, eye mia kple dziƒoʋĩtɔ la mianɔ tasɔsɔ me. |
15 |
Ke woatutu wò aƒu tsieƒe, ɖe aʋli doblukɔ tsiɖitsiɖi la me. |
16 |
Amesiwo kpɔ wò la, aɖe ŋku ɖe wò, agaɖe ŋku ɖe wò ʋuu agblɔ bena: Ŋutsu, si na anyigba dzo nyanyanya, eye wòʋuʋu fiaɖuƒewo la, nye esia? |
17 |
Amesi wɔ xexeame wòzu gbegbe, gbã eƒe duwo ƒu anyi, eye mede asi le eƒe aboyomewo ŋu ɖo de aƒe o la, nye esia? |
18 |
Anyigba dzi dukɔwo ƒe fiawo katã la, wo katã wòmia anyi le bubu me, wo dometɔ ɖesiaɖe ɖe eƒe ɖiƒe. |
19 |
Ke wotsɔ wò ya ƒu gbe tso wò yɔdo gbɔ, abe atilɔ, si wotsɔ ƒu gbe, kple lã kuku, si wofanya kple afɔ la ene, eye ame tsiaʋa, siwo woda yii, eye woyi agu me kpewo gbɔ la, tsyɔ dziwò. |
20 |
Masɔ kple woamawo le yɔ me o; elabena ègblẽ wò anyigba, eye nèwu wò dukɔ. Womayɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe viwo ŋkɔ akpɔ o tegbee. |
21 |
Midzra wuƒe ɖo hena viawo le wo fofowo ƒe vodada ta. Womegatso, ne woaxɔ anyigba la, eye woatsɔ anyiglãgowo ayɔ xexeame o. |
22 |
Eyata Yehowa Zebaot be: Matso ɖe wo ŋu, Yehowa Zebaot be: Matsrɔ̃ ŋkɔ kple ame susɔeawo, viwo kple dzidzimeviwo ɖa le Babel ŋu. |
23 |
Yehowa Zebaot be: Matsɔe awɔ hlɔ̃madewo nɔƒe kple simee, eye matsɔ tsɔtsrɔ̃ ƒe abaya akplɔe. |
24 |
Yehowa Zebaot ka atam be: Alesi mebu ɖe ta me la, nenema wòanɔ, eye alesi meɖo la, nenema woava mee |
25 |
Magbã Asur le nye anyigba dzi, eye mafanyae kple afɔ ɖe nye towo dzi, eƒe kɔkuti aɖe ɖa le wo ŋu, eye eƒe agba adzo ɖa le woƒe kɔʋu me. |
26 |
Esia nye ta me, si woɖo ɖe anyigba blibo la ŋu, eye esia nye alɔ, si wodo ɖe dzi ɖe dukɔwo katã ŋu. |
27 |
Elabena ne Yehowa Zebaot ɖo nu ɖe ta me la, ameka agble eme, eye ne edo eƒe alɔ ɖe dzi la, ameka agbugbɔe? |
28 |
Gbe, siwo va le ƒe, si me fia Axaz ku la, wonye esi: |
29 |
Filisti-nyigba blibo la, meganɔ dzidzɔ kpɔm le esi ati, si ƒo wò la ŋe ta o! Elabena ƒli ado tso da ƒe ke me, eye eƒe kutsetse anye da toaʋala. |
30 |
Ame dahewo ƒe ame dahewo aɖu nu, eye hiãtɔwo anɔ anyi bɔkɔɔ, ke matsɔ dɔwuame awu wò ke, eye matsrɔ̃ wò ame susɔeawo. |
31 |
Agbo, fa avi; du, do ɣli: Filisti-nyigba blibo la, lolo gbanaa! Elabena dzudzɔ tso anyiehe gbɔna, eye amea ɖeke metsi megbe le eƒe aʋawɔlawo dome o. |
32 |
Eye aleke woahaɖo eŋu na dukɔwo ƒe ame dɔdɔwo ma? Yehowa tso Zion, eye eyae eƒe dukɔ ƒe hiãtɔwo asi atso.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yesaya 14:1 |
Yesaya 14:2 |
Yesaya 14:3 |
Yesaya 14:4 |
Yesaya 14:5 |
Yesaya 14:6 |
Yesaya 14:7 |
Yesaya 14:8 |
Yesaya 14:9 |
Yesaya 14:10 |
Yesaya 14:11 |
Yesaya 14:12 |
Yesaya 14:13 |
Yesaya 14:14 |
Yesaya 14:15 |
Yesaya 14:16 |
Yesaya 14:17 |
Yesaya 14:18 |
Yesaya 14:19 |
Yesaya 14:20 |
Yesaya 14:21 |
Yesaya 14:22 |
Yesaya 14:23 |
Yesaya 14:24 |
Yesaya 14:25 |
Yesaya 14:26 |
Yesaya 14:27 |
Yesaya 14:28 |
Yesaya 14:29 |
Yesaya 14:30 |
Yesaya 14:31 |
Yesaya 14:32 |
|
|
|
|
|
|
Yesaya 1 / Yes 1 |
Yesaya 2 / Yes 2 |
Yesaya 3 / Yes 3 |
Yesaya 4 / Yes 4 |
Yesaya 5 / Yes 5 |
Yesaya 6 / Yes 6 |
Yesaya 7 / Yes 7 |
Yesaya 8 / Yes 8 |
Yesaya 9 / Yes 9 |
Yesaya 10 / Yes 10 |
Yesaya 11 / Yes 11 |
Yesaya 12 / Yes 12 |
Yesaya 13 / Yes 13 |
Yesaya 14 / Yes 14 |
Yesaya 15 / Yes 15 |
Yesaya 16 / Yes 16 |
Yesaya 17 / Yes 17 |
Yesaya 18 / Yes 18 |
Yesaya 19 / Yes 19 |
Yesaya 20 / Yes 20 |
Yesaya 21 / Yes 21 |
Yesaya 22 / Yes 22 |
Yesaya 23 / Yes 23 |
Yesaya 24 / Yes 24 |
Yesaya 25 / Yes 25 |
Yesaya 26 / Yes 26 |
Yesaya 27 / Yes 27 |
Yesaya 28 / Yes 28 |
Yesaya 29 / Yes 29 |
Yesaya 30 / Yes 30 |
Yesaya 31 / Yes 31 |
Yesaya 32 / Yes 32 |
Yesaya 33 / Yes 33 |
Yesaya 34 / Yes 34 |
Yesaya 35 / Yes 35 |
Yesaya 36 / Yes 36 |
Yesaya 37 / Yes 37 |
Yesaya 38 / Yes 38 |
Yesaya 39 / Yes 39 |
Yesaya 40 / Yes 40 |
Yesaya 41 / Yes 41 |
Yesaya 42 / Yes 42 |
Yesaya 43 / Yes 43 |
Yesaya 44 / Yes 44 |
Yesaya 45 / Yes 45 |
Yesaya 46 / Yes 46 |
Yesaya 47 / Yes 47 |
Yesaya 48 / Yes 48 |
Yesaya 49 / Yes 49 |
Yesaya 50 / Yes 50 |
Yesaya 51 / Yes 51 |
Yesaya 52 / Yes 52 |
Yesaya 53 / Yes 53 |
Yesaya 54 / Yes 54 |
Yesaya 55 / Yes 55 |
Yesaya 56 / Yes 56 |
Yesaya 57 / Yes 57 |
Yesaya 58 / Yes 58 |
Yesaya 59 / Yes 59 |
Yesaya 60 / Yes 60 |
Yesaya 61 / Yes 61 |
Yesaya 62 / Yes 62 |
Yesaya 63 / Yes 63 |
Yesaya 64 / Yes 64 |
Yesaya 65 / Yes 65 |
Yesaya 66 / Yes 66 |