1 |
Baba na amesiwo tsɔ ɖoɖo gbegblẽwo wɔ see, kple agbalẽŋlɔla, siwo le ameteteɖanyi ŋlɔm ɖi, |
2 |
ne woate ame dahewo ƒe nya ɖe to, eye woada adzo nya dzɔdzɔe le nye dukɔ ƒe hiãtɔwo si, ne ahosiwo nazu woƒe aboyonu, eye woaha tsyɔ̃eviwo! |
3 |
Nuka miawɔ le gbesigbe wotu eŋu fe, eye gbegblẽ tso adzɔge va? Ameka miasi atso, eye afika miagblẽ miaƒe kesinɔnuwo ɖo? |
4 |
Ke boŋ ame labɔbɔ ɖe gatɔwo dome, eye wòadze anyi ɖe ame tsiaʋawo dome. Ke to esiawo katã gbɔ hã la eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko! |
5 |
Baba na Asur, nye dɔmedzoe ƒe ameƒoti wònye, eye nye dziku ƒe ati le esi me. |
6 |
Medɔe ɖe dukɔ vɔ̃ɖi la ŋu, eye meɖe gbe nɛ ɖe nye dɔmedzoe ƒe dukɔ la ŋu, ne wòaɖe aboyo, wòaha nu, eye wòafanyae abe ba le kpɔdome ene. |
7 |
Ke eya mesusu alea o, eye mebu ɖe dzi me alea o, ke boŋ eɖo ɖe ta be, yeagblẽ nu, eye yeatsrɔ̃ dukɔ geɖewo. |
8 |
Elabena egblɔ be: Ɖe nye amegãwo katã menye fiawo oa? |
9 |
Ɖe meva me na Kalno abe Karkemis ene, Xamat abe Arpad ene, Samaria abe Damasko ene oa? |
10 |
Alesi nye asi tu fiaɖuƒe siawo kple woƒe legba, siwo nyo wu Yerusalem kple Samaria tɔwoe la, |
11 |
ɖe nyemawɔ Yerusalem kple eƒe legbawo, abe alesi mewo Samaria kple eƒe legbawo ene oa? |
12 |
Eye ava me, ne Aƒetɔ la awu eƒe dɔwo katã nu ɖe Zion-to la kple Yerusalem ŋu vɔ la, atu Asur-fia ƒe dada ƒe kutsetse kpakple eƒe dadaŋku ƒe adegbeƒoƒo ŋu fe nɛ. |
13 |
Elabena egblɔ be: Nye asi ƒe ŋusẽ kple nye nunya metsɔ wɔe, elabena mese nu gɔme, meɖe dukɔwo ƒe liƒowo ɖa, eye metutu fiazikpui dzi nɔlawo ƒu anyi abe ŋusẽtɔ ene; |
14 |
nye asi tu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo abe xevitɔ ene, abe alesi wolɔa azi, siwo dzi xeviwo dzo le lae la, nenema mele anyigba blibo lae, eye amea ɖeke meƒo aʋala alo ke dɔ heyi xɔxlɔ̃ ge o. |
15 |
Ɖe fía aƒo adegbe ɖe amesi tsɔe le nu lãmee la ŋua? Alo ɖe laxalaxa atɔ asi akɔ ɖe amesi le ehem la ŋua? Ɖe ati anye amesi fɔe ɖe dzi la ɖa? Eye ɖe atizɔti akɔ nusi menye ati o la dzia? |
16 |
Eyata Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, aɖo kpexlẽ ɖe eƒe ame damiwo dome, eye eƒe aʋakɔ abi, abe alesi dzo binae ene. |
17 |
Israel ƒe kekeli azu dzo, eye eƒe kɔkɔetɔ la azu dzoƒaɖe ahabi eƒe aŋɔkawo kple ŋuwo le ŋkeke ɖeka dzi, eye wòafiã wo; |
18 |
agblẽ eƒe ave kple atibɔwo tso tu me vaseɖe tsrokpa dzi, eye wo nu ayi abe dɔnɔ ene; |
19 |
woate ŋu axlẽ eƒe avemeti susɔeawo, eye ɖevi ɖeka ade wo agbalẽ me. |
20 |
Eye wòava me le ɣemaɣi be, Israel ƒe ame susɔeawo kple Yakob ƒe aƒe ƒe ame sisiwo magaɖo dzi ɖe amesi ƒo wo la ŋu azɔ o, ke boŋ woaɖo dzi ɖe Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu le nyateƒe me. |
21 |
Ame susɔeawo atrɔ. Yakob ƒe ame susɔeawo atrɔ ɖe Mawu ŋusẽtɔ la ŋu. |
22 |
Elabena Israel, ne wò dukɔ le abe ƒutake ene hã la, ame mamleawo koe atrɔ ta me. Woɖo gbegblẽ, eye dzɔdzɔenyenye gbagba ɖi! |
23 |
Elabena Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ahe tsɔtsrɔ̃, si wòɖo kplikpaa la, ava anyigba blibo la dzi. |
24 |
Eyata ale Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, gblɔ esi: Nye dukɔ, si le Zion, megavɔ̃ Asur, si tso ati, be yeaƒo woe, eye, wòka atizɔti dzi ɖe ŋuwò abe Egipte ene la o! |
25 |
Elabena ekpɔtɔ vie ko dziku la nu natso, eye nye dɔmedzoe natrɔ ɖe wo ŋu, ne woatsrɔ̃ wo. |
26 |
Yehowa Zebaot aɖe atam ɖe wo dzi, abe alesi wòƒo Midian le Oreb-kpe la gbɔ ene, eye eƒe atìkplɔ anɔ atsiaƒu dzi, abe alesi wòdoe ɖe dzi ɖe Egipte ŋu ene. |
27 |
Eye ava me le ɣemaɣi be, eƒe agba aɖe le wò abɔta kple eƒe kɔkuti le wò ko, eye kɔkuti la aŋe le amidada ta. |
28 |
Eva dze Ayat dzi, eto Migron, eye wòva gblẽ eƒe nuwo ɖe Mixmas. |
29 |
Woto to dome mo, eye wotsi Geba dɔ. Rama dzo nyanyanya, Saul ƒe Gibea de afɔ du me! |
30 |
Galim-nyɔnuvi ɖo boboe; Laisa ƒu to anyi; nublanuitɔ enye Anatot! |
31 |
Madmena si, Gebim-tɔwo ɖe ato du me! |
32 |
Egbea ke wòadze aʋa ɖe Nob, eye wòanye eƒe asi ɖe Zion-nyɔnuvi ƒe to, Yerusalem ƒe togbe la ŋu. |
33 |
Kpo ɖa, Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, atsɔ ŋɔdzidodo alã atilɔwo, atso esiwo de dzi bobobo, eye kɔkɔtɔwo amũ; |
34 |
woatso lãnu aƒo ave dodowo, eye ŋusẽtɔ la amũ Libanon aƒu anyi.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Yesaya 10:1 |
Yesaya 10:2 |
Yesaya 10:3 |
Yesaya 10:4 |
Yesaya 10:5 |
Yesaya 10:6 |
Yesaya 10:7 |
Yesaya 10:8 |
Yesaya 10:9 |
Yesaya 10:10 |
Yesaya 10:11 |
Yesaya 10:12 |
Yesaya 10:13 |
Yesaya 10:14 |
Yesaya 10:15 |
Yesaya 10:16 |
Yesaya 10:17 |
Yesaya 10:18 |
Yesaya 10:19 |
Yesaya 10:20 |
Yesaya 10:21 |
Yesaya 10:22 |
Yesaya 10:23 |
Yesaya 10:24 |
Yesaya 10:25 |
Yesaya 10:26 |
Yesaya 10:27 |
Yesaya 10:28 |
Yesaya 10:29 |
Yesaya 10:30 |
Yesaya 10:31 |
Yesaya 10:32 |
Yesaya 10:33 |
Yesaya 10:34 |
|
|
|
|
|
|
Yesaya 1 / Yes 1 |
Yesaya 2 / Yes 2 |
Yesaya 3 / Yes 3 |
Yesaya 4 / Yes 4 |
Yesaya 5 / Yes 5 |
Yesaya 6 / Yes 6 |
Yesaya 7 / Yes 7 |
Yesaya 8 / Yes 8 |
Yesaya 9 / Yes 9 |
Yesaya 10 / Yes 10 |
Yesaya 11 / Yes 11 |
Yesaya 12 / Yes 12 |
Yesaya 13 / Yes 13 |
Yesaya 14 / Yes 14 |
Yesaya 15 / Yes 15 |
Yesaya 16 / Yes 16 |
Yesaya 17 / Yes 17 |
Yesaya 18 / Yes 18 |
Yesaya 19 / Yes 19 |
Yesaya 20 / Yes 20 |
Yesaya 21 / Yes 21 |
Yesaya 22 / Yes 22 |
Yesaya 23 / Yes 23 |
Yesaya 24 / Yes 24 |
Yesaya 25 / Yes 25 |
Yesaya 26 / Yes 26 |
Yesaya 27 / Yes 27 |
Yesaya 28 / Yes 28 |
Yesaya 29 / Yes 29 |
Yesaya 30 / Yes 30 |
Yesaya 31 / Yes 31 |
Yesaya 32 / Yes 32 |
Yesaya 33 / Yes 33 |
Yesaya 34 / Yes 34 |
Yesaya 35 / Yes 35 |
Yesaya 36 / Yes 36 |
Yesaya 37 / Yes 37 |
Yesaya 38 / Yes 38 |
Yesaya 39 / Yes 39 |
Yesaya 40 / Yes 40 |
Yesaya 41 / Yes 41 |
Yesaya 42 / Yes 42 |
Yesaya 43 / Yes 43 |
Yesaya 44 / Yes 44 |
Yesaya 45 / Yes 45 |
Yesaya 46 / Yes 46 |
Yesaya 47 / Yes 47 |
Yesaya 48 / Yes 48 |
Yesaya 49 / Yes 49 |
Yesaya 50 / Yes 50 |
Yesaya 51 / Yes 51 |
Yesaya 52 / Yes 52 |
Yesaya 53 / Yes 53 |
Yesaya 54 / Yes 54 |
Yesaya 55 / Yes 55 |
Yesaya 56 / Yes 56 |
Yesaya 57 / Yes 57 |
Yesaya 58 / Yes 58 |
Yesaya 59 / Yes 59 |
Yesaya 60 / Yes 60 |
Yesaya 61 / Yes 61 |
Yesaya 62 / Yes 62 |
Yesaya 63 / Yes 63 |
Yesaya 64 / Yes 64 |
Yesaya 65 / Yes 65 |
Yesaya 66 / Yes 66 |