1 |
Ɖe nunya mele ɣli dom, eye gɔmesese ƒe gbe mele ɖiɖim oa? |
2 |
Etsi tre ɖe togbɛwo tame le mɔ to, kple mɔ ɖogoewo nu. |
3 |
Ele ɣli ɖom le agboawo xa, le dua ƒe mɔ nu kple ʋɔtruawo nu bena: |
4 |
Ŋutsuwo, míawoe mele ɣli dom na, eye amegbetɔviwoe nye gbe le ɖiɖim na. |
5 |
Mi bebewuwo, mixɔ ayedzedze na mia ɖokui, eye mi bometsilawo, míxɔ gɔmesese na mía ɖokui! |
6 |
Mísee, elabena nya xɔasi gblɔm mele, eye nusi le eteƒe pɛpɛpɛ la, nye nu agblɔ. |
7 |
Elabena nyateƒe gblɔm nye nu le, eye na vɔ̃ɖi enye ŋunyɔ na nye nuyiwo. |
8 |
Nye numenyawo katã le eteƒe, eye kple alakpa mele wo me o. |
9 |
Wo katã me kɔ ne amesiwo dze nunya eye wosɔ na amesiwo ƒe esi tu sidzedze la. |
10 |
Mixɔ nye amehehe wu klosalo kple sidzedze wu sika nyuitɔ. |
11 |
Elabena nunya nyo wu adzagba, eye nu veviwo katã mede enu o. |
12 |
Nye, nunya, gbɔe ayedzedze te, eye asinye mee tamebubu vavã ƒe sidzedze le. |
13 |
Yehowa-yɔvɔ̃ enye fuléle vɔ̃; melé tu dada, ɖokuidodoɖedzi, mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanu. |
14 |
Tɔnyee nye aɖaŋudede kple edzisusu; nyee nye gɔmesese, eye tɔnyee nye ŋusẽ. |
15 |
Dzinyee fiawo tonu ɖua fia eye amegãwo ɖea se dzɔdzɔe. |
16 |
Dzinyee tatɔwo tona ɖua amegã, eye anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo katã nyea ame ŋkutawo. |
17 |
Melɔ̃a amesiwo lɔ̃m, eye amesiwo diam la, kpɔam. |
18 |
Kesinɔnu kple bubu, nu xoxowo kple dzɔdzɔenyenye le asinye. |
19 |
Nye kutsetse xɔ asi wu sika kple sika nyuitɔ, eye nye nukpɔkpɔ nyo wu klosalo nyuitɔ. |
20 |
Dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi zɔm mele kple nu dzɔdzɔe ƒe toƒe, |
21 |
ne mana kesinɔnu amesiwo lɔ̃am, eye made nu nudzraɖoƒe na wo fũ. |
22 |
Yehowa wɔm menye eƒe mɔ ƒe gɔmetoto, eƒe nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ tso blema ke. |
23 |
Tso tititi woɖom, tso gɔmedzedzea me ke, esime anyigba dzo kelekele. |
24 |
Wodzim, hafi to goglowo navaɖo anyi, hafi ne tsidzɔƒe, siwo me tsi le taŋtaŋ la, neva do anyi. |
25 |
Wodzim, hafi ne woava ɖi towo ɖe agu me; meɖo ŋgɔ na togbɛwo, |
26 |
hafi ne woava wɔ anyigba kple gbegbe kpakple anyigba goɖoo ƒe anyikɔ gbãlɔwo. |
27 |
Mele eteƒe, hafi wòwɔ dziƒo, esime wòdzidze dziŋgɔli ɖe tɔ gogloawo dzi; |
28 |
esime wosa alilikpowo ɖe dzi me, eye tɔ goglowo dzi tsi bɔbɔbɔ. |
29 |
Esime wòɖo seƒe na atsiaƒu, ne magagbɔ eƒe sedede dzi eyi o, eye wòdo anyigba ƒe zɔ anyi la, |
30 |
menye dɔnunɔla le egbɔ, nye dzeme kɔ gbesiagbe, eye mewɔ dɔ abe fefe ene le eŋku me ɣeawiokatãɣi; |
31 |
mele le eƒe anyigba dzi godoo, eye mekpɔ dzidzɔ le amegbelɔviwo ŋu. |
32 |
Eyata, mi viwo, miɖo tom. Woayra amesiwo dzra nye mawo ɖo. |
33 |
Miɖo to amehehe, ne miadze nunya, eye migagbee o. |
34 |
Woayra amesi ɖoa tom hedzɔa nye ʋɔtru nu gbesiagbe, eye wòkpɔa nye agbo ƒe agbalinu dzi. |
35 |
Elabena amesi ƒe asi tum la, eƒe asi tu agbe, eye wòkpɔa amenuveve tso Yehowa gbɔ. |
36 |
Ke amesiwo dam ƒu la, wowɔ nu vevi wo ɖokui; amesiwo katã lé dim la, ku lɔ̃m wole.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Lododowo 8:1 |
Lododowo 8:2 |
Lododowo 8:3 |
Lododowo 8:4 |
Lododowo 8:5 |
Lododowo 8:6 |
Lododowo 8:7 |
Lododowo 8:8 |
Lododowo 8:9 |
Lododowo 8:10 |
Lododowo 8:11 |
Lododowo 8:12 |
Lododowo 8:13 |
Lododowo 8:14 |
Lododowo 8:15 |
Lododowo 8:16 |
Lododowo 8:17 |
Lododowo 8:18 |
Lododowo 8:19 |
Lododowo 8:20 |
Lododowo 8:21 |
Lododowo 8:22 |
Lododowo 8:23 |
Lododowo 8:24 |
Lododowo 8:25 |
Lododowo 8:26 |
Lododowo 8:27 |
Lododowo 8:28 |
Lododowo 8:29 |
Lododowo 8:30 |
Lododowo 8:31 |
Lododowo 8:32 |
Lododowo 8:33 |
Lododowo 8:34 |
Lododowo 8:35 |
Lododowo 8:36 |
|
|
|
|
|
|
Lododowo 1 / Lod 1 |
Lododowo 2 / Lod 2 |
Lododowo 3 / Lod 3 |
Lododowo 4 / Lod 4 |
Lododowo 5 / Lod 5 |
Lododowo 6 / Lod 6 |
Lododowo 7 / Lod 7 |
Lododowo 8 / Lod 8 |
Lododowo 9 / Lod 9 |
Lododowo 10 / Lod 10 |
Lododowo 11 / Lod 11 |
Lododowo 12 / Lod 12 |
Lododowo 13 / Lod 13 |
Lododowo 14 / Lod 14 |
Lododowo 15 / Lod 15 |
Lododowo 16 / Lod 16 |
Lododowo 17 / Lod 17 |
Lododowo 18 / Lod 18 |
Lododowo 19 / Lod 19 |
Lododowo 20 / Lod 20 |
Lododowo 21 / Lod 21 |
Lododowo 22 / Lod 22 |
Lododowo 23 / Lod 23 |
Lododowo 24 / Lod 24 |
Lododowo 25 / Lod 25 |
Lododowo 26 / Lod 26 |
Lododowo 27 / Lod 27 |
Lododowo 28 / Lod 28 |
Lododowo 29 / Lod 29 |
Lododowo 30 / Lod 30 |
Lododowo 31 / Lod 31 |