1 |
Amesi woka mo na zi geɖe, ke wòsẽ la me la, agbã zi ɖeka gudugudu, eye gbedada manɔ eŋu o. Ne ame dzɔdzɔewo dzi de dzi la, dukɔ kpɔa dzidzɔ; ke ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ dua tse. |
2 |
Amesi lɔ̃a nyateƒe la, doa dzidzɔ na fofoa, ke amesi doa ka kple gbolowo la, gblẽa kesinɔnuwo dome. |
3 |
Dza dzɔenyenye fia tsɔna lia ke anyigba; ke adzɔxɔla gblẽnɛ. |
4 |
Amesi vivia nu me na ehavi la, eɖoa ɖɔ na eƒe afɔ. |
5 |
Mɔ̃tetre le vodada me na nu vɔ̃ɖi wɔlawo; ke ame dzɔdzɔe atso aseye, eye wòakpɔ dzidzɔ. |
6 |
Ame dzɔdzɔe nyaa ame dahèwo ƒe nya me na wo, ke ame vɔ̃ɖi masea sidzedze gome o. |
7 |
Fewuɖulawo ƒlɔa dzo ɖe ɖu ŋu, ke nunyala faa dɔmedzoe nu. |
8 |
Ne bometsila kple nunyala woɖo nya me la, eɖoa dɔmedzoe nɔa nu kom, eye mekpɔa gbɔdzɔe o. |
9 |
Hlɔ̃dola léa fu ame maɖifɔwo, eye wòdia nuteƒewɔlawo ƒe agbe yome. |
10 |
Bometsila dudua eƒe dɔmedzoe katã kɔna ɖi; ke nunyala la enu emegbe. |
11 |
Dziɖula, si ɖoa to alakpanya la, ame vɔ̃ɖiwo nye eƒe dɔlawo katã. |
12 |
Ame dahe kple ameteɖeanyila wodoa go wo nɔewo; amesi nana woa kple eve la ƒe ŋku dzi kɔna la, enye Yehowa. |
13 |
Fia, si drɔ̃a ʋɔnu na ame dahewo le nyateƒe me la, eƒe fiazikpui ali ka tegbee. |
14 |
Ati kple mokaname dzea nunya ame, ke ɖevi tsibodome dea ŋukpe mo na dadaa. |
15 |
Ne ame vɔ̃ɖiwo dzi ɖe dzi la, vodada dzina ɖe edzi; ke ame dzɔdzɔewo akpɔ woƒe anyidzedze ɖa. |
16 |
He to na viwò, ekema ana gbɔɖeme wò, eye wòado vivi na wò luʋɔ. |
17 |
Ne nyagblɔɖi meli o la, dukɔ tsia bodome; ke ne edzra sea ɖo la, woayrae. |
18 |
Wometsɔa nya hea to na kluvi o, elabena esenɛ hafi gbea toɖoɖo. |
19 |
Ele ŋutsu, si tsi klokloklo dzi le nuƒoƒo me la, kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila ŋu wu eyama. |
20 |
Ne amea ɖe wɔ vinugbee ne eƒe kluvi tso ɖevime ta, ava ɖu aƒetɔ emegbe. |
21 |
Dɔmedzoetɔ dea dzre aƒe, eye dzikutɔ ɖaa vo geɖe. |
22 |
Amegbetɔ ƒe dãda abɔbɔe ɖe anyi, ke amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe asi asu bubu dzi. |
23 |
Amesi woa kple fiafitɔ womã nu, eye wòse ɖiŋudodo, gake metoe o la, ele fu eya ŋutɔ ƒe agbe. |
24 |
Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea eme; ke amesi doa dzi de Yehowa ŋu la, woakpɔ eta. |
25 |
Ame geɖewo wɔa nu, be woadze amegã ŋu; ke Yehowa gbɔe ame ƒe afiatsotso tsona. |
26 |
Nu madzɔmadzɔ wɔla enye ŋunyɔ na ame dzɔdzɔewo, eye amesi ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka la, enye ŋunyɔ na ame vɔ̃ɖi.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Lododowo 29:1 |
Lododowo 29:2 |
Lododowo 29:3 |
Lododowo 29:4 |
Lododowo 29:5 |
Lododowo 29:6 |
Lododowo 29:7 |
Lododowo 29:8 |
Lododowo 29:9 |
Lododowo 29:10 |
Lododowo 29:11 |
Lododowo 29:12 |
Lododowo 29:13 |
Lododowo 29:14 |
Lododowo 29:15 |
Lododowo 29:16 |
Lododowo 29:17 |
Lododowo 29:18 |
Lododowo 29:19 |
Lododowo 29:20 |
Lododowo 29:21 |
Lododowo 29:22 |
Lododowo 29:23 |
Lododowo 29:24 |
Lododowo 29:25 |
Lododowo 29:26 |
|
|
|
|
|
|
Lododowo 1 / Lod 1 |
Lododowo 2 / Lod 2 |
Lododowo 3 / Lod 3 |
Lododowo 4 / Lod 4 |
Lododowo 5 / Lod 5 |
Lododowo 6 / Lod 6 |
Lododowo 7 / Lod 7 |
Lododowo 8 / Lod 8 |
Lododowo 9 / Lod 9 |
Lododowo 10 / Lod 10 |
Lododowo 11 / Lod 11 |
Lododowo 12 / Lod 12 |
Lododowo 13 / Lod 13 |
Lododowo 14 / Lod 14 |
Lododowo 15 / Lod 15 |
Lododowo 16 / Lod 16 |
Lododowo 17 / Lod 17 |
Lododowo 18 / Lod 18 |
Lododowo 19 / Lod 19 |
Lododowo 20 / Lod 20 |
Lododowo 21 / Lod 21 |
Lododowo 22 / Lod 22 |
Lododowo 23 / Lod 23 |
Lododowo 24 / Lod 24 |
Lododowo 25 / Lod 25 |
Lododowo 26 / Lod 26 |
Lododowo 27 / Lod 27 |
Lododowo 28 / Lod 28 |
Lododowo 29 / Lod 29 |
Lododowo 30 / Lod 30 |
Lododowo 31 / Lod 31 |