1 |
Fewuɖula enye wein, eye zidola enye aha muame, amesi wòmu la, madze nunya o. |
2 |
Ŋɔdzi, si le fia ŋu la, le abe dzata ƒe gbetete ene, amesi do adãe la, eto vo ɖe eya ŋutɔ ƒe agbe ŋu. |
3 |
Bubu wònye na ame, ne wòƒo asa na dzre, ke amesiwo katã dea dzre aƒe la, bometsilawo wonye. |
4 |
Kuviatɔ be, yemade agble le kele me o, eyata wòdia nu le nuŋeɣi doa kpoe. |
5 |
Ŋutsu ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela ɖunɛ. |
6 |
Ame geɖewo doa go amesi kɔa mo ɖe wo; ke amesi ŋu woaɖo dzi ɖo la, afika woakpɔe le? |
7 |
Ame dzɔdzɔe, si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la, eme anyo na viawo le emegbe. |
8 |
Fia, si bɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi la, ƒe ŋku dea vovo vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã me. |
9 |
Amekae ate ŋu agblɔ be: Melólo nye dzi wòkɔ, eye medza tso nye nuvɔ̃wo me? |
10 |
Nudakpe eve ƒomevl kple nudotree eve ƒomevi la, ŋunyɔ woa kple eve la siaa wonye bia Yehowa. |
11 |
Ŋutsuvi ƒe nɔnɔme wotsɔna dzea sii be, eƒe nuwɔwɔ adza, eye wòato mɔ ɖeka loo. |
12 |
To senu kple ŋku kpɔnu la, Yehowa ye wɔ woa kple eve la siaa. |
13 |
Megaɖikpi lɔ̃ alɔ̃dɔdɔ akpa, ne nada ahe o; wò ŋku netsi te, ekema abolo abɔ ɖe asiwò. |
14 |
Nuƒlela be: „nua menyo o, menyo o;“ yi ke ne edzo la, ekafua eɖokui. |
15 |
Sika kple adzagba geɖewo li; ke sidzedze ƒe nuyiwo la, nu veviwo wonye. |
16 |
Ɖe avɔ le eŋu, elabena eƒu asi akɔ ɖe ame bubu nu, eye natsɔe aɖo awɔba ɖe ame tutɔ ta! |
17 |
Alakpabolo vivi na ŋutsu la, ke emegbe kpekui anɔ nu me nɛ. |
18 |
Tameɖoɖowo vaa eme, ne adaŋudede kpe ɖe eŋu; eyata tsa tamebubuwɔ aʋae. |
19 |
Amesi nye sakplitɔ le yiyim la, nua go nya ɣaɣla; eyata megaɖe ha kple nu kpoli ƒola o. |
20 |
Amesi ado ɖiŋu na fofoa kple dada la, eƒe akaɖi atsi le blukɔ tsiɖitsiɖi me. |
21 |
Domenyinu, si ŋu wotsi hohoho ɖo la, yayra manɔ me o. |
22 |
Megegblɔ ha „maɖo vɔ teƒe“ o; dzɔ Yehowa sinu, eye wòakpe ɖe ŋuwò. |
23 |
Nudakpe eve ƒomevi enye ŋunyɔ na Yehowa: nuɖanu amehatɔ menyo o. |
24 |
Ŋutsu ƒe afɔɖeɖe tso Yehowa gbɔ, eye ɖe amegbetɔ se eƒe mɔ gɔmea? |
25 |
Mɔ̃ wònye na amegbetɔ, ne nya ge le enu be: „nua ŋu kɔ!“ emegbe hafi wòayi tame bu ge le adzɔgbeɖeɖe la ŋu. |
26 |
Fia nyanu ɖea vovo ame vɔ̃ɖiwo me, emegbe wònana wona luƒotasiaɖam toa wo dzii. |
27 |
Yehowa ƒe akaɖi enye amegbetɔ ƒe gbɔgbɔ, edzroa dɔme ƒe gogloaƒewo. |
28 |
Lɔlɔ̃ kple nyateƒe kpɔa fia ta, eye lɔlɔ̃ lẽa eƒe fiazikpui ɖe te. |
29 |
Ɖekakpuiwo ƒe atsyɔ̃ enye woƒe ŋusẽ, eye ta ɣi enye amegã ɖeɖiwo ƒe bubu. |
30 |
Ameƒoka ƒe abidede eme ŋu nyãa vɔ̃ ɖa, nenema enye ƒoƒo, si dea la me ke na ame hã.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Lododowo 20:1 |
Lododowo 20:2 |
Lododowo 20:3 |
Lododowo 20:4 |
Lododowo 20:5 |
Lododowo 20:6 |
Lododowo 20:7 |
Lododowo 20:8 |
Lododowo 20:9 |
Lododowo 20:10 |
Lododowo 20:11 |
Lododowo 20:12 |
Lododowo 20:13 |
Lododowo 20:14 |
Lododowo 20:15 |
Lododowo 20:16 |
Lododowo 20:17 |
Lododowo 20:18 |
Lododowo 20:19 |
Lododowo 20:20 |
Lododowo 20:21 |
Lododowo 20:22 |
Lododowo 20:23 |
Lododowo 20:24 |
Lododowo 20:25 |
Lododowo 20:26 |
Lododowo 20:27 |
Lododowo 20:28 |
Lododowo 20:29 |
Lododowo 20:30 |
|
|
|
|
|
|
Lododowo 1 / Lod 1 |
Lododowo 2 / Lod 2 |
Lododowo 3 / Lod 3 |
Lododowo 4 / Lod 4 |
Lododowo 5 / Lod 5 |
Lododowo 6 / Lod 6 |
Lododowo 7 / Lod 7 |
Lododowo 8 / Lod 8 |
Lododowo 9 / Lod 9 |
Lododowo 10 / Lod 10 |
Lododowo 11 / Lod 11 |
Lododowo 12 / Lod 12 |
Lododowo 13 / Lod 13 |
Lododowo 14 / Lod 14 |
Lododowo 15 / Lod 15 |
Lododowo 16 / Lod 16 |
Lododowo 17 / Lod 17 |
Lododowo 18 / Lod 18 |
Lododowo 19 / Lod 19 |
Lododowo 20 / Lod 20 |
Lododowo 21 / Lod 21 |
Lododowo 22 / Lod 22 |
Lododowo 23 / Lod 23 |
Lododowo 24 / Lod 24 |
Lododowo 25 / Lod 25 |
Lododowo 26 / Lod 26 |
Lododowo 27 / Lod 27 |
Lododowo 28 / Lod 28 |
Lododowo 29 / Lod 29 |
Lododowo 30 / Lod 30 |
Lododowo 31 / Lod 31 |