1 |
Yi nyanu sea fofoa ƒe amehehe; ke mokaname metsɔa fu ɖe fewuɖula ŋu o. |
2 |
Ame ƒe nu ƒe kutsetse wotsɔna ɖua nu nyui; ke ame mawɔnuteƒewo ƒe dzodzro enye ŋutasesẽ. |
3 |
Amesi kpɔa eƒe nu dzi la, dzraa eƒe luʋɔ ɖo; ke amesi ke eƒe nuyiwo la, gbegblẽ aɖi kpee. |
4 |
Nu le kuviatɔ dzrom, gake dzodzroe; ke veviedola aɖi ƒo. |
5 |
Ame dzɔdzɔe la léa fu alakpanya; ke ame vɔ̃ɖe la dea dzu kple ŋukpe eɖokui ŋu. |
6 |
Dzɔdzɔenyenye kpɔa amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la ta; ke nu tovo wɔwɔ ƒua nu vɔ̃ɖi wɔlawo anyi. |
7 |
Amea ɖewo ɖoa kesinɔtɔ wo ɖokui, ke agaga hã mele wo si o; amea ɖewo ɖoa ame dahe wo ɖokui, ke nu hɔ ɖe wo si. |
8 |
Kesinɔnu ame tsɔna ɖea eƒe agbee; ke ame dahe mesea ŋɔdzidonyaa ɖeke o. |
9 |
Ame dzɔdzɔewo ƒe kekeli klẽna nyuie; ke eme vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi tsina. |
10 |
Dadala dzre sɔŋ ko wòhena vɛ; ke nunya le emesiwo nana woɖoa aɖaŋu na wo la dome. |
11 |
Kesinɔnu, si wotso hosuhosudodo kpɔe le azu ʋee, ke nusi woƒo ƒu ʋeʋeʋe la, adzi ɖe dzi. |
12 |
Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi; ke didi, si va me la, agbeti wonye. |
13 |
Amesi doa vlo nya la, atsrɔ; ke amesi sedede dzia ŋɔ na la, woaɖo eleƒe nɛ. |
14 |
Nunyala ƒe nu fia me la, agbevudo wònye, ne woaƒo asa na ku ƒe mɔ̃. |
15 |
Gɔmesese nyui hea ŋudzedzekpɔkpɔ vɛ; ke ame mawɔnuteƒewo ƒe mɔ kplɔa wo dea gbegblẽ me. |
16 |
Nugɔmeselɛ wɔa nu ɖe nunya me; ke bometsila tsɔa bometsitsi doa bobloe. |
17 |
Duxɔla vɔ̃ɖi gena ɖe dzɔgbevɔ̃e me; ke duxɔla nyateƒetɔ daa gbe le ame ŋu. |
18 |
Ahedada kple ŋukpe ava amesi gbe amehehe la dzi; ke amesi bu mokaname la, woade bubu eŋu. |
19 |
Ne ame ƒe didi va me la, evivia luʋɔ nu; ke vɔ̃tsitsri enye ŋunyɔ na bometsilawo. |
20 |
Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, azu emegbegblẽ. |
21 |
Dzɔgbevɔe tia nuvɔwɔlawo yome; ke etsɔa nyui tua fe na eme dzɔdzɔewo. |
22 |
Viwo ƒe viwo nyia dɔmenyotɔ ƒe dome; ke wodzraa nuvɔ̃wɔla ƒe nuwo ɖo ne ame dzɔdzɔe. |
23 |
Agble yeye me nu naa nuɖuɖu eme dahewo fu; ke amea ɖewo tsrɔ̃na to woƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me. |
24 |
Amesi vea nu le eƒe ameƒoti gbɔ la, léa fu via; ke amesi lɔ̃nɛ la, tsona ɖe tohehe ŋu bla. |
25 |
Nu le ame dzɔdzɔe si wòaɖu aɖi ƒo; ke dɔkoe le ame vɔ̃ɖi ƒe ƒodo wɔm.
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Lododowo 13:1 |
Lododowo 13:2 |
Lododowo 13:3 |
Lododowo 13:4 |
Lododowo 13:5 |
Lododowo 13:6 |
Lododowo 13:7 |
Lododowo 13:8 |
Lododowo 13:9 |
Lododowo 13:10 |
Lododowo 13:11 |
Lododowo 13:12 |
Lododowo 13:13 |
Lododowo 13:14 |
Lododowo 13:15 |
Lododowo 13:16 |
Lododowo 13:17 |
Lododowo 13:18 |
Lododowo 13:19 |
Lododowo 13:20 |
Lododowo 13:21 |
Lododowo 13:22 |
Lododowo 13:23 |
Lododowo 13:24 |
Lododowo 13:25 |
|
|
|
|
|
|
Lododowo 1 / Lod 1 |
Lododowo 2 / Lod 2 |
Lododowo 3 / Lod 3 |
Lododowo 4 / Lod 4 |
Lododowo 5 / Lod 5 |
Lododowo 6 / Lod 6 |
Lododowo 7 / Lod 7 |
Lododowo 8 / Lod 8 |
Lododowo 9 / Lod 9 |
Lododowo 10 / Lod 10 |
Lododowo 11 / Lod 11 |
Lododowo 12 / Lod 12 |
Lododowo 13 / Lod 13 |
Lododowo 14 / Lod 14 |
Lododowo 15 / Lod 15 |
Lododowo 16 / Lod 16 |
Lododowo 17 / Lod 17 |
Lododowo 18 / Lod 18 |
Lododowo 19 / Lod 19 |
Lododowo 20 / Lod 20 |
Lododowo 21 / Lod 21 |
Lododowo 22 / Lod 22 |
Lododowo 23 / Lod 23 |
Lododowo 24 / Lod 24 |
Lododowo 25 / Lod 25 |
Lododowo 26 / Lod 26 |
Lododowo 27 / Lod 27 |
Lododowo 28 / Lod 28 |
Lododowo 29 / Lod 29 |
Lododowo 30 / Lod 30 |
Lododowo 31 / Lod 31 |