1 |
Nuɖanu amebatɔ enye ŋunyɔ na Yehowa; ke nudanu blibo dzea eŋu. |
2 |
Afisi dàda le la, afima ŋukpe hã le; ke amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le? |
3 |
Fɔmaɖi enye nuteƒewɔlawo kplɔla; ke alakpa tsrɔ̃a ame mawɔnuteƒewo. |
4 |
Kesinɔnu menye viɖea ɖeke le dzikudogbe o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku me. |
5 |
Ame maɖifɔ ƒe dzɔdzɔenyenye taa mɔ na; ke ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ tsɔnɛ ƒua anyi. |
6 |
Nuteƒewɔlawo ƒe dzɔdzɔenyenye ɖea wo; ke ame mawɔnuteƒewo ŋutɔ ƒe dzodzro wotsɔna léa woa. |
7 |
Ne ame vɔ̃ɖi la ku la, ekema eƒe mɔkpɔkpɔ nu yi, eye ame vlowo ƒe lala zu ya. |
8 |
Woɖea ame dzɔdzɔe tsoa hiã me, eye ame vɔ̃ɖi xɔna ɖe eteƒe. |
9 |
Yakamewo ƒe nuƒoƒo tsrɔ̃a wo haviwo; ke nunya wotsɔna ɖea ame dzɔdzɔewoe. |
10 |
Ne enyo na ame dzɔdzɔewo la, ɖu kpɔa dzidzɔ; eye ne ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃ la, aseye ɖina. |
11 |
Nuteƒewɔlawo ƒe yayra nana ɖu ƒe ŋkɔ ɖea dzi; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu nana wogbãnɛ ƒua anyi. |
12 |
Ame manyanu doa vlo ehavi; ke ame nyanu zia kpi. |
13 |
Amegɔmezɔla nua go nya ɣaɣla, ke nyateƒetɔ ɣlaa nya. |
14 |
Ne kplɔla meli o la, dukɔ yia to, ke ɖeɖe toa adaŋudela geɖewo dzi. |
15 |
Amesi ƒu asi akɔ de ame bubu nu la, eme menyo nɛ o; ke amesi gbe fenuléle la, anɔ dedie. |
16 |
Nyɔnu nyodɔme ƒe asi sua bubu dzi; ke ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi. |
17 |
Dɔmenyotɔ woa nyuie na eya ŋutɔ ɖokui; ke ŋutasẽla wɔa nu vevee eya ŋutɔ ƒe ŋutilã. |
18 |
Ame vɔ̃ɖi kpɔa viɖe ƒuƒlu; ke amesi ƒãa dzɔdzɔenyenye la, akpɔ fetu vavã. |
19 |
Dzɔdzɔenyenye vavã hea agbe ve; ke vɔ̃ɖiyometiti hea ku vɛ. |
20 |
Amesiwo si alakpadzi le la, ŋunyɔ wònye na Yehowa; ke amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la, ƒe nu nyea eŋu. |
21 |
Mina míatso gbe, ne woahagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi fi! Ke woade ame dzɔdzɔe ƒe ƒome ya. |
22 |
Nyanu dzetugbee, si nye avɔ la, le abe aƒeha, si sikagɛ le ŋɔti me na ene. |
23 |
Ame dzɔdzɔewo ƒe didi enye dzɔgbenyuie ɖeɖe sɔŋ; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ enye dziku. |
24 |
Amea ɖewo na nu geɖe, ke wokpɔa ho ɖe edzi; amea ɖewo vea nu le nusi dze be, woawɔ la gbɔ, ke ahe ko wodana. |
25 |
Woaɖi ƒo na luʋɔ dɔmenyotɔ la taŋ, eye woana tsi amesi na tsi wono. |
26 |
Amesi mia asi ɖe bli dzi la, amewo aɖo ɖiŋu nɛ, ke yayra ava blidzrala ƒe ta dzi. |
27 |
Ani esi ti nyuie yome la, eƒe nu adze ame ŋu; ke amesi di vɔ̃ la, ado goe. |
28 |
Amesi ɖo ŋu ɖe eƒe kesinɔnu ŋu la, adze anyi; ke ame dzɔdzɔewo ade ama abe aŋgba ene. |
29 |
Amesi gblẽ eƒe aƒe la, aɖu aya; eye bometsila azu dɔla na nunyala. |
30 |
Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse enye agbeti, eye nunyala xɔa dziwo na eɖokui. |
31 |
Kpɔ ɖa, woɖoa eteƒe na ame dzɔdzɔe ke hã le anyigba dzi, ʋuu keke wòayi ame vɔ̃ɖiwo kple nuvɔ̃wɔlawo nye gea?
|
Ewe Bible 1913 |
Public Domain |
|
|
|
|
|
|
|
|
|
|
Lododowo 11:1 |
Lododowo 11:2 |
Lododowo 11:3 |
Lododowo 11:4 |
Lododowo 11:5 |
Lododowo 11:6 |
Lododowo 11:7 |
Lododowo 11:8 |
Lododowo 11:9 |
Lododowo 11:10 |
Lododowo 11:11 |
Lododowo 11:12 |
Lododowo 11:13 |
Lododowo 11:14 |
Lododowo 11:15 |
Lododowo 11:16 |
Lododowo 11:17 |
Lododowo 11:18 |
Lododowo 11:19 |
Lododowo 11:20 |
Lododowo 11:21 |
Lododowo 11:22 |
Lododowo 11:23 |
Lododowo 11:24 |
Lododowo 11:25 |
Lododowo 11:26 |
Lododowo 11:27 |
Lododowo 11:28 |
Lododowo 11:29 |
Lododowo 11:30 |
Lododowo 11:31 |
|
|
|
|
|
|
Lododowo 1 / Lod 1 |
Lododowo 2 / Lod 2 |
Lododowo 3 / Lod 3 |
Lododowo 4 / Lod 4 |
Lododowo 5 / Lod 5 |
Lododowo 6 / Lod 6 |
Lododowo 7 / Lod 7 |
Lododowo 8 / Lod 8 |
Lododowo 9 / Lod 9 |
Lododowo 10 / Lod 10 |
Lododowo 11 / Lod 11 |
Lododowo 12 / Lod 12 |
Lododowo 13 / Lod 13 |
Lododowo 14 / Lod 14 |
Lododowo 15 / Lod 15 |
Lododowo 16 / Lod 16 |
Lododowo 17 / Lod 17 |
Lododowo 18 / Lod 18 |
Lododowo 19 / Lod 19 |
Lododowo 20 / Lod 20 |
Lododowo 21 / Lod 21 |
Lododowo 22 / Lod 22 |
Lododowo 23 / Lod 23 |
Lododowo 24 / Lod 24 |
Lododowo 25 / Lod 25 |
Lododowo 26 / Lod 26 |
Lododowo 27 / Lod 27 |
Lododowo 28 / Lod 28 |
Lododowo 29 / Lod 29 |
Lododowo 30 / Lod 30 |
Lododowo 31 / Lod 31 |